Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Míate Ŋu Ase Biblia Gɔmea?

Ðe Míate Ŋu Ase Biblia Gɔmea?

Ðe Míate Ŋu Ase Biblia Gɔmea?

“Míexlẽa Biblia ɖekae le míaƒe ƒomea me Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe. Nyemesea vivi nɛ tututu o. Mexɔ edzi se be Biblia nye Mawu ƒe Nya ya, gake nu siwo mexlẽ le eme ƒe akpa gãtɔ gɔme sese sesẽ nam ŋutɔ.”—Steven, Britain.

“Esi mexɔ ƒe 17 la, medze agbagba be maxlẽ Biblia bliboa. Ke hã egɔmesese sesẽ nam, eya ta medzudzɔ.”—Valvanera, Spain.

“Mexlẽ Biblia bliboa katã zi ɖeka; mese le ɖokuinye me be mawɔ esia le esi menye Katolikotɔ ta. Ƒe etɔ̃ sɔŋ ye metsɔ xlẽe! Ke hã, nyemese nu boo aɖeke gɔme o.”—Jo-Anne, Australia.

BIBLIA nye agbalẽ si bɔ wu le xexea me. Ekpɔtɔ nye agbalẽ si wodzrana wu, si ame geɖe ate ŋu akpɔ aƒle bɔbɔe, si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu, eye wolée ɖe CD-wo, DVD-wo, kasɛtwo kple Internet hã dzi. Gake ame geɖe siwo si Biblia le la mete ŋu sea emenyawo gɔme nyuie o. Nenemae wòle le gowòmea?

Ðe Ame Si Ƒe Agbalẽ Biblia Nye La Di Be Míase Egɔmea?

Biblia gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Ɛ̃, Yehowa Mawu ƒe agbalẽe Biblia nye. Ðe wòdi be míase yeƒe Nya la gɔmea? Alo ɖe wòɖoe koŋ na egɔmesese sesẽ, si wɔe be ame ʋɛ aɖewo, abe subɔsubɔhakplɔlawo kple Biblia ŋuti nunyalawo ene, koe ate ŋu ase egɔmea?

De ŋugbe tso mawunyakpukpui siwo gbɔna la ŋu kpɔ:

“Se, si mede na wò egbe la, menye nya masegɔmea wònye o, eye mele didiƒe tso gbɔwò o.”—5 Mose 30:11.

‘Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya ame siwo ŋu wɔna mele o.’—Psalmo 119:130.

“Le gaƒoƒo ma tututu dzi la, [Yesu tso] aseye ale gbegbe le gbɔgbɔ kɔkɔe la me hegblɔ be: ‘Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo, elabena èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo vevie, eye nèɖe wo fia vidzĩwo.’”—Luka 10:21.

Edze ƒãa be Ame si ƒe agbalẽe Biblia nye la di be nàse yeƒe Nya la gɔme! Gake nyateƒe lae nye be Biblia gɔme sese sesẽna na dzianukwaretɔ geɖewo. Nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu? Aɖaŋuɖoɖo etɔ̃ aɖewo dze le nyati siwo kplɔe ɖo me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia la gɔme.