Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woke Ðe Noa Ƒe Aɖakaʋua Ŋua?

Ðe Woke Ðe Noa Ƒe Aɖakaʋua Ŋua?

Ðe Woke Ðe Noa Ƒe Aɖakaʋua Ŋua?

EDZE abe Noa ƒe aɖakaʋua didi ŋuti nyatakakawo ɖina hoo enuenu ene. Gɔmesese le ale si gbegbe amewo doa vivi ɖe nya sia ŋui la ŋu. Tomenukulawo ƒe keke ɖe aɖakaʋu gã nyadri si me Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe ɖo le Tsiɖɔɖɔ si va le ƒe 2370-2369 D.M.Ŋ. me la ŋu anye nu ɖedzesi aɖe ŋutɔ. Togbɔ be wole vutri geɖe gbãm hã la, womeke ɖe Noa ƒe aɖakaʋua ŋu haɖe o. Togbɔ be nususugblɔ kple nya wɔdɔɖeamedzi geɖewo ɖina hoo hã la, nyateƒenya kawoe li?

Biblia gblɔ be Noa ƒe aɖakaʋu la “va tɔ ɖe Ararat toawo tame.” (1 Mose 8:4, NW) To kɔkɔ ɖedzesi si woyɔna fifia be Ararat To, si le Turkey ƒe ɣedzeƒe gome, si gogo Armenia kple Iran ƒe liƒoa la hã le Ararat nuto gã la me.

Numekuku geɖe siwo wowɔ le nuto ma me le Noa ƒe aɖakaʋua didi me na wogblɔ nya wɔdɔɖeamedzi geɖewo, gake womeɖo nyataƒoƒo aɖeke si ŋu kpeɖodzi le gbɔ o. Foto wɔdɔɖeamedzi siwo wonɔ yameʋu me ɖe, keke ɖe ʋuƒo kakɛ aɖewo siwo ŋu wosi aŋɔ yibɔ ɖo ŋu, kple nu siwo ame aɖewo kpɔ le nutoa me ŋuti nyatakakawo gaƒlɔ dzo ɖe kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le la didi te. Ke hã, aɖakaʋua didi mele bɔbɔe o. Teƒe aɖe si ŋu woƒoa nu tso zi geɖe, si wosusuna be aɖakaʋua le lae nye teƒe aɖe si kɔkɔ abe meta 4,600 ene le Ararat Toa ƒe akpa aɖe. Azɔ hã, esi wònye be dunyahehe me masɔmasɔwo yia edzi le nutoa me ta la, womeɖea mɔ na numekula siwo tso duta la zi geɖe be woade toa dzi o.

Ke hã, ame geɖe siwo tsi dzi ɖe aɖakaʋu sia didi ŋu la di vevie be numekula geɖewo nayi afi ma. Woxɔe se be aɖakaʋua ƒe akpa aɖewo gakpɔtɔ le dedie le Ararat To si dzi sno tsyɔ la dzi, le sno kple tsikpewo te ƒe sia ƒe kloe. Wogblɔ be ƒe siwo me yame xɔa dzo le dzomeŋɔliwo me koe mɔkpɔkpɔ li be woate ŋu ake ɖe aɖakaʋua ŋu.

Nyatakaka vovovowo gana amewo ƒe mɔkpɔkpɔ ma nu gasẽ ɖe edzi. Yudatɔ blemaŋutinyaŋlɔla Josephus, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la ƒo nu tso ŋutinyaŋlɔla geɖe siwo nɔ anyi do ŋgɔ nɛ, siwo gblɔ be aɖakaʋua gakpɔtɔ dzena le Ararat toawo tame la ŋu. Wogblɔ gɔ̃ hã be amewo tsɔ ati kakɛ siwo wosi aŋɔ na, siwo wokpɔ le afi ma la wɔ ŋkuɖodzinuwoe. Ame siwo ŋu Josephus ƒo nu tso la dometɔ ɖekae nye Berossus, si nye Babilontɔ ŋutinyaŋlɔla aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me.

Le ƒe alafa si va yi me la, Armeniatɔ, George Hagopian ƒe nyatakakae nye esiwo do dzidzɔ na amewo wu la dometɔ ɖeka. Egblɔ be ye kple ye nyrui yewoɖi tsa ɖakpɔ aɖakaʋua le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze esime yenye ŋutsuvi dzaa, eye yeliae ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã. Hagopian ku le ƒe 1972 me, gake eƒe nyatakakaa gakpɔtɔ doa dzidzɔ na ame geɖewo eye wòwɔa dɔ ɖe wo dzi.

Kpeɖodzi Vavã Si Dzi Woatu Xɔse Ðoe Wònyea?

Ðe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ aɖe li be míaxɔe ase be numekulawo ke ɖe aɖakaʋua ŋu, alo be woava ke ɖe eŋu emegbea? Ate ŋu anɔ nenema ya, gake edze ƒãa be ɖikeke siwo li be womate ŋu ake ɖe aɖakaʋua ŋu o la ŋuti kpeɖodzi geɖewo li wu. Nu siwo tae la dometɔ ɖekae nye be Biblia megblɔ teƒe si tututu aɖakaʋua va tɔ ɖo esime tsiɖɔɖɔa mie la o. “Ararat toawo” ko wòyɔ.

Ele dzɔdzɔme nu be numekulawo kple nususugblɔlawo susui be anye to kɔkɔtɔ kekeake si le nuto ma me dzie aɖakaʋua anya tsi. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo megblɔ tẽe be Mawu na aɖakaʋua va tɔ ɖe Ararat To la, si wonya egbea be enye to si tame sno tsyɔ eye wòkɔkɔ abe kilometa atɔ̃ kloe ene la tame o. * Ðo ŋku edzi be Noa kple eƒe ƒomea kpɔtɔ nɔ aɖakaʋua me hena ɣleti geɖe le eƒe tɔtɔ megbe. (1 Mose 8:4, 5) Edze ƒãa be manyawɔ be ameawo kple lã gbogbo mawo naɖi tso to kɔkɔ ma gbegbe dzi le dodo le aɖakaʋua me vɔ megbe, si nye nu si toliala bibiwo ko ate ŋu awɔ egbea la o. Eya ta ate ŋu anɔ eme be afi si aɖakaʋua va tɔ ɖo la menye teƒe kɔkɔ nenema gbegbe abe ale si egbegbe numekulawo susunɛ ene o, gake akɔkɔ asɔ ɖe ale si woƒo nu tso eŋu le 1 Mose 8:4, 5 la nu. Eye eɖanye afi ka kee aɖakaʋua ɖatɔ ɖo le Ararat nutoa me o, ɖe manɔ eme be enyunyɔ eye enu yi gbe aɖe gbe ʋĩi ke oa?

Gakpe ɖe eŋu la, nya ku ɖe akpa si numekulaawo gblɔna be keke ɖe aɖakaʋua ŋu awɔ le mawudzixɔse me la hã ŋu. Ame aɖe si wɔ ɖoɖo ɖe numekuku wɔwɔ le teƒea ŋu la gblɔ be keke ɖe aɖakaʋua ŋu “aɖo kpe ame miliɔn geɖe ƒe xɔse dzi . . . eye wòana ame geɖe hã nava xɔ Mawu dzi ase.” Le nyadzɔdzɔwo ŋuti takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 2004 me me la, egblɔ be keke ɖe aɖakaʋua ŋu anye “nudzɔdzɔ ɖedzesitɔ kekeake le Kristo ƒe tsitretsitsia yome.” Emegbe womegate ŋu yi ɖawɔ numekukua o.

Ðe keke ɖe Noa ƒe aɖakaʋua ŋu aɖo kpe amewo ƒe xɔse dzi alo ana ame bubuwo nava xɔ Mawu dzi ase vavãa? Biblia gblɔ be xɔse vavã menɔa te ɖe nu siwo míate ŋu akpɔ ahaka asi wo ŋu la dzi o. (2 Korintotɔwo 5:7) Ðikeke tso kɔƒe ɖe ame aɖewo me ale gbegbe be wotea tɔ ɖe edzi ɖikaa be ɖeko yewoakpɔ kpeɖodzi aɖe kple ŋku hafi aka ɖe Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo dzi. Gake le nyateƒe me la, kpeɖodzi agbɔsɔsɔme aɖeke meli si ate ŋu ana xɔse nasu ame mawo tɔgbi si o. Yesu ŋutɔ gblɔ be ame aɖewo ya mate ŋu axɔ Biblia me nyateƒenyawo dzi ase gbeɖe o—nenye be wokpɔe ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã!—Luka 16:31.

Togbɔ be ele nenema hã la, xɔse vavã menye nya sia nya dzi xɔxɔ se ko o; kpeɖodzi sẽŋuwo dzie wotunɛ ɖo. (Hebritɔwo 11:1) Ðe kpeɖodzi sẽŋu aɖe li si ate ŋu akpe ɖe nugɔmeselawo ŋu egbea woaxɔ Tsiɖɔɖɔa ŋuti nya si le Biblia me la dzi asea? Ðikeke mele eme o be eli. Yesu Kristo gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔa va.” (Luka 17:26, 27) Esiae nye kpeɖodzi sẽŋutɔ kekeake si li. Nu ka tae?

Yesu nɔ dziƒo kpɔ hafi va anyigba dzi. (Yohanes 8:58) Ekpɔ aɖakaʋua kpakpa teƒe; ekpɔ Tsiɖɔɖɔa hã teƒe. Ke azɔ, kpeɖodziawo dometɔ ka ŋue kakaɖedzi le na wò wu? Ame si kpɔ nudzɔdzɔa teƒe ŋutɔŋutɔ, si ɖee fia be woate ŋu aka ɖe ye dzi bliboe, eye wòɖo kpe edzi eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe Vie yenye la tɔ yea? Alo numekula siwo ke ɖe blemati kakɛ aɖewo ŋu le to aɖe si tame sno tsyɔ la dzi ƒe nyatakaka siwo ŋu kpeɖodzi boo aɖeke mele o yea? Ne míede ŋugble tso eŋu le mɔ ma nu la, míase egɔme be kpeɖodzi ɖedzesi si ɖee fia be Noa ƒe aɖakaʋua nɔ anyi kpɔ la li xoxo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 To si woyɔna egbea be Ararat To la nye dzoto si meɖe dzesi aɖeke fia tso ƒe 1840 me o. Ekɔkɔ meta 5,165, eye sno tsyɔa edzi le ƒe bliboa katã me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Ðe kpeɖodzi sẽŋu aɖe li si na kakaɖedzi le Tsiɖɔɖɔ ŋuti nya si le Biblia me la ŋua?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Yesu Kristo gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔa va”