Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ho Nenie Wòle Be Madzɔ?

Ho Nenie Wòle Be Madzɔ?

Exlẽlawo Bia Be

Ho Nenie Wòle Be Madzɔ?

“Ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” (2 Korintotɔwo 9:7) Ame miliɔn geɖewo nya nya siawo nyuie le xexea me godoo. Ke hã, sɔlemedela aɖewo bui be enye dzizizi na yewo be yewoadzɔ nu wu ale si yewoate ŋui. Le nyateƒe me la, sɔlemeha aɖewo ɖo ga home aɖewo koŋ na woƒe hameviwo be woanɔ dzɔdzɔm. Woyɔa nuwɔna ma be nu ewolia nana, si nye ga si wokpɔna la ƒe akpa ewolia tsɔtsɔ na sɔlemeha la.

Nyateƒee wònye be Biblia bia tso mía si be míanɔ ga home aɖe koŋ dzɔma? Alo míate ŋu abia mía ɖokui be, ho nenie wòle be madzɔ?

Nudzɔdzɔ Siwo Wobia Tso Amewo Si Kple Lɔlɔ̃nu Faa Nudzɔdzɔ Siwo Wowɔ Le Blema

Mɔfiame siwo me kɔ nyuie ku ɖe ga home si Mawu bia tso Israel viwo si be woadzɔ ŋu la le Biblia me. (3 Mose 27:30-32; 4 Mose 18:21, 24; 5 Mose 12:4-7, 11, 17, 18; 14:22-27) Nudidi siawo megbɔ woƒe ŋutete ŋu o. Yehowa do ŋugbe na wo be ne woɖo to yeƒe sewo la, yeana dukɔa ƒe ‘kesinɔnuwo nasɔ gbɔ ɖe edzi.’—5 Mose 28:1, 2, 11, 12.

Le go aɖewo me la, Israel viwo ate ŋu adzɔ nu agbɔsɔsɔme si dze woawo ŋutɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia David ɖoe be yeatu gbedoxɔ na Yehowa la, eteviwo dzɔ “sika talento akpe atɔ̃” sɔŋ. * (1 Kronika 29:7) Tsɔ esia sɔ kple nane si teƒe Yesu kpɔ esime wònɔ anyigba dzi. Ekpɔ “ahosi dahe aɖe wòtsɔ gaku sue eve, siwo ƒe home le sue ŋutɔ la” de nudzɔɖakaa me. Ho nenie eƒe nudzɔdzɔ ma nye? Enye ŋkeke ɖeka ƒe dɔwɔfetu ƒe akpa ɖeka le 64 me ko. Ke hã, Yesu kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nudzɔdzɔ sue ma ŋu.—Luka 21:1-4.

Ðe Woɖo Nudzɔdzɔ Ƒe Home Aɖe Koŋ Na Kristotɔwoa?

Kristotɔwo mele Israel viwo ƒe Se ƒe nubabla la te o. Eya ta womeɖo ga home aɖeke koŋ ɖi na wo be woanɔ dzɔdzɔm na Mawu o. Ke hã, nudzɔdzɔ nyea dzidzɔ gã aɖe le Kristotɔwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ la me. Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ doa alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Wozãa nudzɔdzɔ siawo ƒe ɖewo tsɔ taa agbalẽwo, abe magazine sia si xlẽm nèle ene, eye wozãa ɖewo hena woƒe tadeaguƒewo, siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpatawo la, tutu kple beléle na wo. Womezãa nudzɔdzɔ siawo ƒe ɖeke tsɔ xea fe na ame aɖeke o. Wokpɔa ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoakpɔ gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me ɣeyiɣiawo katã la ƒe ʋuɖonyawo kple nuhiahiã bubuwo gbɔ na wo. Gake ame siawo dometɔ aɖeke mebiaa kpekpeɖeŋu sia o. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ mexɔa gakpekpeɖeŋu aɖeke ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta o. Ke boŋ wo dometɔ akpa gãtɔ wɔa ŋutilãmedɔ tsɔ kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ, abe ale si ko Paulo hã nye avɔgbadɔwɔla ene.—2 Korintotɔwo 11:9; 1 Tesalonikatɔwo 2:9.

Ne ame aɖe di be yeadzɔ nu atsɔ ado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa la, ho nenie wòadzɔ? Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Korintotɔwo 8:12; 9:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Le ƒe 2008 me la, sika gram 30 nyea dɔlar 871 le mama dedie nu, si wɔe be nudzɔdzɔ sia ƒe home anye dɔlar 4,794,855,000 sɔŋ.