Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ekpɔa Dzidzɔ Eye Mɔkpɔkpɔ Le Esi Togbɔ Be Enye Ame Dahe Hã

Ekpɔa Dzidzɔ Eye Mɔkpɔkpɔ Le Esi Togbɔ Be Enye Ame Dahe Hã

Lɛta Aɖe Si Tso Bolivia

Ekpɔa Dzidzɔ Eye Mɔkpɔkpɔ Le Esi Togbɔ Be Enye Ame Dahe Hã

TOGBƆ BE dukɔ madeŋgɔ mee mele dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔm le hã la, ahedada kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi si teƒe mekpɔna la gakpɔtɔ ɖea fu nam ŋutɔ. Medi be ame sia ame nakpɔ gbɔdzɔe tso fukpekpe me enumake. Gake menya be Mawu Fiaɖuƒea koe ava kpɔ kuxi siawo gbɔ. Ke hã, mekpɔe zi geɖe be ame siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe Nya la nu la kpɔa dzidzɔ, togbɔ be wole nɔnɔme madeamedziwo me tom hã. Wo dometɔ ɖekae nye Sabina.

Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Sabina si lé vianyɔnuvi sue eveawo ɖe eƒe abɔwo me la, tsi tsitre ɖi henɔ srɔ̃a kpɔm wòɖo bɔs xoxo aɖe yina dɔ di ge le dukɔ bubu aɖe me. Enɔ mɔ kpɔm be atrɔ agbɔ le ɣleti aɖewo megbe, gake ƒewo koe va nɔ yiyim, eye megbɔ va se ɖe egbe o. Tso esime wòdzo la, Sabina tsoa hloloe gbe sia gbe hena eya ŋutɔ kple vianyɔnuawo, Milena kple Ghelian, ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ.

Medo go Sabina zi gbãtɔ le ɣetrɔ aɖe me esime wònɔ nu dzram na nuƒlela gbogbo aɖewo siwo ƒe mo medze akɔ anyi o la dzigbɔɖitɔe le nɔvianyɔnu tsitsitɔ ƒe fiase me. Ðeɖiteameŋu si dze le Sabina ƒe mo la na mede dze sii be enɔ hloloe tsom ŋkeke bliboa katã. Medoe ɖe egbɔ be medi be mava nɔ Biblia srɔ̃m kple eya ŋutɔ kple vianyɔnuviawo. Egblɔ be: “Adzɔ dzi nam ya, gake vovo menɔa ŋunye kura o. Ke hã, madi be nànɔ esrɔ̃m kple vinyeawo.” Melɔ̃ ɖe edzi. Esi meva nɔ nua srɔ̃m kple ɖeviawo la, meva nya Sabina nyuie wu, eye meva se nɔnɔme sesẽ si me tom wònɔ la gɔme.

Sabina dzea ŋkekea gɔme fɔŋli ga ene. Esime vianyɔnuviawo kpɔtɔ le alɔ̃ dɔm le woƒe xɔnugoe ɖekaa me la, Sabina doa dzo hetsɔa aluminiɔm-ze gã aɖe si do xoxo ŋutɔ la ɖoa edzi. Etrɔa asi le lã siwo wòatsɔ ade nuɖuɖu si woyɔna le wo gbɔ be empanada (meat pie alo gateau), si wòtɔna dzrana tsɔ kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ, me la ŋu. Le fiẽ si do ŋgɔ me la, Sabina trɔ asi le akpɔnɔmɔ si wòatsɔ atɔ empanada lae la ŋu da ɖi.

Sabina tsɔa ŋuɖɔɖo dea nu siwo katã wòazã le nudzraƒea la agbatsɔkeke aɖe si wòɣe la me—nu siawoe nye xexi gã aɖe, gamlekpui, nugo si me gas le, kplɔ̃, zikpuiwo, nuɖazewo, ami kple lã kpakple akpɔnɔmɔ la, kple nugo gã geɖe siwo me ahavivi aɖe si wotsɔa atikutsetse wɔna le nutoa me la le.

Kaka ŋdi ga ade naƒo la, Sabina kple vianyɔnuviawo sɔa gbe hena dzodzo le aƒe me. Wotsɔa klaɖoba doa woƒe ʋɔa hedzea mɔ. Woɖoa mo ta; ame aɖeke meƒoa nu alo koa nu o. Dɔ si le wo ŋgɔ la ŋu koe woƒe susu katã ku ɖo. Zi geɖe la, mekpɔa nu siawo tɔgbi teƒe le ŋdiwo me ne mele míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea ƒe fesre nu. Le nyateƒe me la, Sabina nye nyɔnu geɖe siwo fɔna hedzona le aƒe me hafi agu dzena bene yewoaɖadzra nuɖuɖu kple nunono le mɔwo to le Bolivia dua me la dometɔ ɖeka ko.

Kaka ga ade kple afã naƒo, esime agu dzena le toawo tame ʋĩi la, Sabina kple viawo va ɖoa woƒe nudzraƒea. Kasia woɖea woƒe agbawo le agbatsɔkeke la me le ɖoɖoezizi me, eye wodoa dzo. Eteƒe medidina o, empanada gbãtɔa gena ɖe amia me eye wòfiẽna tsyiooo! Eƒe ʋeʋẽ lililia xɔa ya me katã ŋdi kanya ma henana wodzroa ame geɖe siwo dɔ nɔ wuwum la wova ƒlenɛ.

Eƒlela gbãtɔ va ɖo. Sabina biae be: “Nenie nàƒle?” Ŋutsu ma si alɔ̃ kpɔtɔ bla ŋku na la de ta to sũu hedo asibidɛ eve ɖe dzi, eye Sabina tsɔ empanada dzodzoe eve nɛ. Ŋutsua xe fea nɛ, si nye ga sue aɖe ko. Nu sia tɔgbi yia edzi alea zi gbɔ zi geɖe le ŋkekea me. Ne wonya dzra empanada susɔea ko la, woƒoa te nuwo hedzea aƒe me mɔ. Togbɔ be ŋdidɔ sia tea ɖeɖi Sabina ŋu eƒe afɔwo nɔa evem hã la, egayina ɖawɔa eƒe dɔ evelia le nɔvianyɔnu tsitsitɔ ƒe fiasea me.

Esi meyi fiasea me be masrɔ̃ Biblia kple vianyɔnuviawo zi gbãtɔ la, woɖo bentsi sue eve ɖe kɔna aɖe me da ɖi xoxo. Tso gɔmedzedzea ke la, Milena, si xɔ ƒe 9, kple Ghelian, si xɔ ƒe 7 la toa nusɔsrɔ̃a me hetsɔa dzidzɔ nɔa mɔ kpɔm na nye vava vevie. Vivivi la, nyɔnuvi siawo siwo ŋu kpena ŋutɔ la te ŋu va ɖoa dze kplim faa eye míezu xɔlɔ̃wo. Esia kpɔkpɔ de dzi gbɔ na Sabina ale gbegbe. Eteƒe medidi o, elɔ̃ be masrɔ̃ Biblia kple ye ŋutɔ hã, togbɔ be vovo menɔa eŋu kura o hã.

Zi ale si Sabina va le nu geɖe nyam tso Yehowa Mawu ŋu la, zi nenemae eƒe lɔlɔ̃ na eyama hã va le to dem. Eva ke ɖe nane si mesu esi le agbe me kpɔ o la ŋu—si nye dzidzɔkpɔkpɔ. Nyɔnu mɔtonudzrala sia si ŋu ɖeɖi tena eye wòléa blanui la trɔ keŋkeŋ. Megadea mo to o, efɔa ta dzi eye dzidzɔnae. Nɔvianyɔnu tsitsitɔa gblɔ be: “Sabina mele alea tsã o ɖe; fifia, eɖoa nukomo ɣesiaɣi.” Ame bubuwo hã de dzesi tɔtrɔ gã si va Sabina kple viawo ƒe agbe me la. Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti nyateƒe si ƒe tsikɔ nɔ ewum xoxoxo la su esi azɔ.

Sabina kpɔa dzidzɔ ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu, gake eƒe hloloetsotsoawo mena wòte ŋu kpɔa vovo dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo o. Gake mlɔeba la, eva wɔ ɖe nye amekpekpea dzi va Fiaɖuƒe Akpataa me. Tso ema dzi la, medzudzɔ kpekpeawo dede kpɔ o. Xɔlɔ̃ vavãwo va su Sabina si le Kristotɔwo ƒe hamea me. Eva kpɔe de dzesii hã be Yehowa kpɔa ame siwo lɔ̃e vevie hetsɔa nanewo saa vɔ bene yewoasubɔe la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo vavã.—Luka 12:22-24; 1 Timoteo 6:8.

Sabina kpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo srɔ̃m wònɔ la ŋu ŋutɔ, eye wòdi be yeagblɔ wo na ame bubuwo hã. Gake egblɔ be: “Ɣesiaɣi si mebu gbeƒãɖeɖe le dutoƒo ŋu la, vɔvɔ̃ ɖoam ŋutɔ.” Egblɔna na eɖokui be: ‘Aleke nye ame si ŋu kpena, eye nyemenya agbalẽ hã o la mate ŋu afia nu ame bubuwo?’ Togbɔ be ele nenema hã la, dɔmenyo si woɖe fiae kple tɔtrɔ ɖedzesi siwo va eƒe agbe me la ƒoe ɖe enu be wòawɔ afɔɖeɖe vevi sia. Enyae hã be yeƒe kpɔɖeŋue ye viwo asrɔ̃. Eya ta ete nya nyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo. Viawo tsɔ dzidzɔ dze eƒe afɔɖoƒea yome.

Egbea la, Sabina meganye nyɔnu si dagbana ŋkeke bliboa katã dzidzɔmakpɔmakpɔe o. Egakpɔtɔ nye ame dahe ya. Nu si trɔ le eŋue nye ale si wòbua agbeae fifia. Fifia si wòzu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ la, eɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia na amewo—be eya koe nye ahedada kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi si xɔ aƒe ɖe xexea me la gbɔ kpɔnu ɖeka kolia.—Mateo 6:10.

Eƒo ŋdi ga atɔ̃, eye Sabina sɔ gbe be yeado go le eƒe aƒe, si nye xɔnugoe ɖeka ko la me. Gake ŋdi sia ya la, meganye empanada dzragee wòyina o. Eyina ƒu ƒo ge kple hati Kristotɔ bubuwo woayi aɖaɖe gbeƒã le ablɔwo dzi. Ɣeyiɣi aɖewo tsɔtsɔ sa vɔ kwasiɖa sia kwasiɖa hena kpekpeɖeŋunana ame bubuwo na wògava le dzidzɔ geɖe wu kpɔm le agbe me. Etu eƒe ʋɔ la, eye wòɖo nukomo ɖo ta ablɔ dzi. Le agbatsɔkeke tete teƒe la, akplo aɖee wòtsɔ kpla. Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo wòazã atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be mɔkpɔkpɔ nasu wo si lae yɔ akplo la taŋ. Sabina ɖo nukomo hegblɔ kakaɖedzitɔe be, “Nyemebui kpɔ be mate ŋu aƒo nu na ame bubuwo tso Biblia ŋu o.” Egblɔ kpee be: “Dɔ sia doa dzidzɔ nam ale gbegbe!”