Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enyaa?

Enyaa?

Enyaa?

Nu ka tututue dzɔ ɖe nubablaɖaka la dzi?

Nubablaɖaka la nye dzesi na Israel viwo be Mawu le wo dome. (2 Mose 25:22) Esia nye aɖaka kɔkɔe aɖe si wotsɔ ati wɔ hefa sika ɖe eŋu, si me Mose tsɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ Se la ɖo la de. Esime Israel viwo nɔ gbea dzi la, wotsɔ Aɖaka la da ɖe avɔgbadɔ la ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la. (2 Mose 26:33) Emegbe wova tsɔ Aɖaka la da ɖe Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la.—1 Fiawo 6:19.

Woƒo nu tso Aɖaka la ŋu zi mamlɛtɔ le 2 Kronika 35:3 esime Fia Yosiya gbugbɔe va gbedoxɔa me le ƒe 642 D.M.Ŋ. me. Anye Fia xɔsegbela Manase, si teƒe Yosiya va xɔ ɖo, ye ɖe Aɖaka la ɖa le gbedoxɔa me do ŋgɔ. Alo anye be wotsɔe va dzra ɖo esime Yosiya na wogbugbɔ dzra gbedoxɔa ɖo. (2 Kronika 33:1, 2, 7; 34:1, 8-11) Ame aɖeke menya nu si tututu va dzɔ ɖe Aɖaka la dzi emegbe o, elabena womeyɔe de nu siwo Babilontɔwo lɔ dzoe le gbedoxɔa me esime wova dze Yerusalem dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la dome o.—2 Fiawo 25:13-17.

Ŋɔŋlɔawo megblɔ be wotrɔ Aɖaka la va gbedoxɔ si Zerubabel gbugbɔ tu la ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la o, eye naneke meɖee fia be wokpa bubu ɖo eteƒe hã o.—Ezra 1:7-11.

Ame vovovo kawoe woyɔ le Biblia me be Yakobo?

Yakobo vovovo ene ŋue woƒo nu tso, eye ame siwo tɔ ŋkɔ mawo nyanya ate ŋu aflu ame bɔbɔe. * Wo dometɔ ɖekae nye apostolo Yuda (menye Iskariot o) fofo, eye míenya nu boo aɖeke tso eŋu wu esia o.—Luka 6:16; Dɔwɔwɔwo 1:13.

Yakobo si nye Zebedeo vi hã li. Yakobo siae nye Yohanes nɔviŋutsu, eye wo ame evea siaa nye Yesu ƒe apostolowo. (Mateo 10:2) Edze abe dadaae nye Salome, si nye Yesu dadaa nɔvinyɔnu ene. (Tsɔ Mateo 27:55, 56 sɔ kple Marko 15:40, 41 kple Yohanes 19:25.) Nenye nenemae la, ke Yakobo sia kple Yesu wonye nɔgãvi nɔɖiviwo. Enye tɔƒodela, eye eya kple nɔviaŋutsu ye wɔa dɔ kple Petro kple Andrea ɖekae.—Marko 1:16-19; Luka 5:7-10.

Yakobo bubu, si nye Alfeo vi, hã li, eye eya hã nye Yesu ƒe apostoloawo dometɔ ɖeka. (Marko 3:16-18) Woyɔe be “Yakobo Suetɔ” le Marko 15:40. Anɔ eme be woyɔe be “Suetɔ” le esi wòle sue wu Yakobo, Zebedeo vi la, alo be metsi de enu o ta.

Yakobo mamlɛtɔae nye Yosef kple Maria ƒe vi, si woa kple Yuda, wonye tɔɖeka nɔɖeka, eye woa kple Yesu wonye dadaviwo. (Marko 6:3; Galatiatɔwo 1:19) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, Yakobo sia menɔ eƒe nusrɔ̃lawo dome o. (Mateo 12:46-50; Yohanes 7:5) Gake hafi ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste naɖo la, Yakobo kple dadaa kpakple nɔviaŋutsuwo wɔ ɖeka kple apostoloawo nɔ gbe dom ɖa le dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 1:13, 14) Emegbe Yakobo va zu Yerusalem hamea me tɔ ɖedzesi aɖe, eye eyae ŋlɔ Biblia gbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le.—Dɔwɔwɔwo 12:17; Yakobo 1:1.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Gɔmesese ɖekae le ŋkɔ siwo nye Yakobo kple Yakob siaa si. Nyagbɔgblɔ “Abraham, Isak, kple Yakob” dze le Biblia me enuenu, eye Mateo 1:16 na míenya be Yosef si nye Maria srɔ̃ la fofo ŋkɔe nye Yakob.