Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gae Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔa?

Gae Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔa?

Gae Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔa?

WODZI Sonia le Spain. Le eƒe ɖevime la, ekplɔa dadaa ɖo wodea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo. Gake esi wòva tsi la, eʋu yi London, England, eye wòva te dɔwɔwɔ le gadzikpɔƒe gã aɖe.

Sonia lɔ̃ eƒe dɔa ŋutɔ. Ekpɔa ga geɖe, eye wòléa fɔ ɖe dɔa ŋu wɔna ale gbegbe. Enɔ vivi sem na dɔa eye wònɔ dzidzedze kpɔm. Zi geɖe la, Sonia wɔa dɔ gaƒoƒo 18 le ŋkekea me, eye le zã aɖewo me la, gaƒoƒo eve alo etɔ̃ koe wòdɔa alɔ̃. Eƒe agbe katã ku ɖe dɔa ŋu. Gake ɖeko nu sia nu va trɔ bubui kpata. Tutudɔ vɔ̃ɖi aɖe dze Sonia dzi—ɖewohĩ, le esi wòtsia zãdomadɔalɔ̃e ɖe eƒe dɔa ŋu ta. Ƒe 30 koe wòxɔ ɣemaɣi.

Sonia ƒe akpa ɖeka katã tu, eye ɖɔktawo menya ne agate ŋu ava ƒo nu o. Enumake dadaa zɔ mɔ va England be yeava nɔ egbɔ. Esi Sonia gava te azɔlizɔzɔ la, dadaa gblɔ nɛ be: “Mele kpekpe yim, eye ele be nava míayi, elabena nyemate ŋu agblẽ wò ɖi o.” Sonia lɔ̃ be yeayi. Nu kae do tso eme?

Sonia gblɔ be: “Nya sia nya si mese la nye nyateƒe. Ewɔ nuku ŋutɔ. Metsɔ dzidzɔ lɔ̃ be ame siwo va do gbe nam esi mege ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me zi gbãtɔ la dometɔ ɖeka nasrɔ̃ Biblia kplim. Ame siwo medea ha kple tsã la megava srãam kpɔ o, gake xɔ̃ yeye siwo meva dze fifia ya ɖea lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme geɖe fiam.”

Vivivi la, Sonia gava te nuƒoƒo, eye wòwɔ ŋgɔyiyi geɖe le mawusubɔsubɔ me hã. Mede ƒe ɖeka hafi wòxɔ nyɔnyrɔ o. Ame siwo wòdze xɔ̃e fifia la dometɔ geɖe le Kristotɔwo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ɣeyiɣiawo katã, eye wòkpɔ ale si gbegbe wole dzidzɔ kpɔmee. Esi Sonia bu eŋu kpɔ la, egblɔ be: ‘Nye hã medi be manɔ abe woawo ke ene. Medi be matsɔ nye ŋutetewo katã asubɔ Yehowa Mawu.’ Ɛ̃, Sonia le ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔm fifia.

Nu kae Sonia srɔ̃ tso nu siwo me woto la me? Egblɔ be: “Togbɔ be menɔ ga geɖe kpɔm hã la, hloloetsotso kple vɔvɔ̃ na agbaɖuɖu na metsia dzodzodzoe eye nyemekpɔa dzidzɔ o. Meva se egɔme be ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Fofonye si le dziƒo, Yehowa, ye nye nu vevitɔ kekeake le agbe me. Fiafia la, mele dzidzɔ vavãtɔ kpɔm.”

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia ƒomevi yome la, wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.” (1 Timoteo 6:10) Nu siwo me Sonia to na wòkpɔ nya siawo ƒe nyateƒenyenye dze sii kɔtɛ.