Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kesinɔnu Siwo Tsoa Mawu Gbɔ

Kesinɔnu Siwo Tsoa Mawu Gbɔ

Kesinɔnu Siwo Tsoa Mawu Gbɔ

NE ÈSUBƆA Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la, ɖe wòatsɔ kesinɔnuwo ayra wòa? Anɔ eme nenema, gake ɖewohĩ manye kesinɔnu siwo nèsusu ye o. Wò ya bu Yesu dada Maria ŋu kpɔ. Mawudɔla Gabriel ɖe eɖokui fiae hegblɔ nɛ be enye “ame si nu [Mawu ve] ŋutɔ,” eye be eyae adzi Mawu ƒe Vi la. (Luka 1:28, 30-32) Ke hã, menye kesinɔtɔe wònye o. Esime Maria yi vɔ sa ge le Yesu dzidzi vɔ megbe la, “akpakpa eve alo ahɔnɛ eve,” si nye nu siwo ame dahewo tsɔ saa vɔ na Yehowa, ye wòzã.—Luka 2:24; 3 Mose 12:8.

Ðe nyateƒe si wònye be Maria nye ame dahe la fia be Mawu ƒe yayra menɔ edzi oa? Menye nenemae kura o, elabena esi wòyi ɖasrã eƒe ƒometɔ Elisabet kpɔ la, “gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũu, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ be: ‘Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la!’” (Luka 1:41, 42) Mɔnukpɔkpɔ su Maria si wòva zu Mawu ƒe vi si gbɔ melɔ̃a nu le o la dada le anyigba dzi.

Yesu ŋutɔ menye kesinɔtɔ o. Menye ɖeko wònɔ dzila dahewo gbɔ le nuto dahe me le eƒe ɖevime ko o, ke boŋ ame dahee wònye le eƒe anyigbadzinɔɣi katã. Gbe ɖeka la, egblɔ na ame aɖe si di be yeazu eƒe nusrɔ̃la la be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, gake teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” (Luka 9:57, 58) Ke hã, nu siwo Yesu Kristo va wɔ le anyigba dzi la wɔe be kesinɔnu gã aɖe ŋutɔ va su eƒe nusrɔ̃lawo si. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Eva zu ame dahe le mia ta, bene miato eƒe ahedada me azu kesinɔtɔwo.” (2 Korintotɔwo 8:9) Kesinɔnu kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo? Ke egbea hã ɖe?

Kesinɔnu Kawo Ƒomevi?

Zi geɖe la, ŋutilãmekesinɔnuwo nyea mɔxenu na xɔse ƒe amesinɔnɔ, elabena ate ŋu adzɔ be kesinɔtɔ naɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu le esi teƒe be wòaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Yesu gblɔ be: “Asesẽ ŋutɔ na ame siwo si ga le be woage ɖe Mawu fiaɖuƒea me vavã!” (Marko 10:23) Eya ta eme kɔ ƒãa be menye ŋutilãmekesinɔnuwoe Yesu na eyomedzelawo o.

Le nyateƒe me la, Kristotɔ akpa gãtɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me la nye ame dahewo. Esi ŋutsu aɖe si wodzi atatututɔ bia ga Petro la, eɖo eŋu nɛ be: “Klosalo kple sika mele asinye o; gake nu si le asinye la, eya nam mele wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me, zɔ [azɔli]!”—Dɔwɔwɔwo 3:6.

Nusrɔ̃la Yakobo hã ƒe nyawo ɖee fia be Kristo hamea me tɔ akpa gãtɔ nye ame dahewo. Eŋlɔ be: “Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, mise nya sia. Mawu tia ame siwo nye ame dahewo le xexea me, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple domenyilawo le fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la me, alo mele eme oa?” (Yakobo 2:5) Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo hã gblɔ be menye ame geɖe siwo nye “nunyalawo le ŋutilã nu,” alo ‘ŋusẽtɔwo,’ alo “bubumewo,” ye woyɔ be woanye Kristo hamea me tɔwo o.—1 Korintotɔwo 1:26.

Ne menye ŋutilãmekesinɔnuwoe Yesu na eyomedzelawo o la, ke kesinɔnu kawo ƒomevi ye? Yesu gblɔ le lɛta aɖe si wòɖo ɖe Smirna hamea la me be: “Menya wò xaxa kple ahedada—gake kesinɔtɔ nènye.” (Nyaɖeɖefia 2:8, 9) Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ Smirna da ahe hã la, kesinɔnu siwo xɔ asi wu klosalo kple sika sãsãsã la nɔ wo si. Wonye kesinɔtɔwo le xɔse kple fɔmaɖimaɖi me lelé ɖe asi na Mawu me. Xɔse ŋutɔ nye nu xɔasi le eɖokui si, elabena “menye amewo katã sie xɔse le o.” (2 Tesalonikatɔwo 3:2) Le nyateƒe me la, ame siwo si xɔse mele o la nye ame dahewo le Mawu ŋkume.—Nyaɖeɖefia 3:17, 18.

Kesinɔnu Siwo Sua Ame Si To Xɔse Me

Gake mɔ kawo nue xɔse nye nu xɔasi le? Ame siwo xɔ Mawu dzi se la kpɔa viɖe geɖe tso “eƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kpakple dzigbɔgbɔ blewu geɖe” me. (Romatɔwo 2:4) Wotsɔa woƒe ‘vodadawo kea wo’ le esi woxɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se ta. (Efesotɔwo 1:7) Gawu la, woawo sie nunya si “Kristo la ƒe nya” hena vanɛ na ame siwo si xɔse le la suna. (Kolosetɔwo 3:16) Ne woyi edzi le gbe dom ɖa na Mawu le xɔse me la, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta” la dzɔa woƒe dziwo kple woƒe tamesusuwo ŋu eye wònaa dzidzɔ kple dzidzeme wo.—Filipitɔwo 4:7.

Tsɔ kpe ɖe viɖe siawo katã ŋu la, agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la hã le ame siwo xɔ Mawu dzi se to Via Yesu Kristo dzi la si. Yesu Kristo ƒe nya siawo le nyanya na ame geɖe be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Mɔkpɔkpɔ xɔasi sia me gava sẽna ɖe edzi ne Fofo la kple Via ŋuti sidzedze vavãtɔ su ame si, elabena Yesu gblɔ hã be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.

Togbɔ be Mawu ƒe yayrawo nyea gbɔgbɔmetɔwo zi geɖe hã la, eƒe yayrawo ɖea vi na mí le ŋutilã kple seselelãme gome hã. Le kpɔɖeŋu me, bu Dalídio, si le Brazil, ŋu kpɔ. Hafi Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu esi la, enye ahanoxe. Esia gblẽ nu le kadodo nyui si wòle be wòanɔ woa kple eƒe ƒomea me tɔwo dome la ŋu vevie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gakuxiwo nɔ fu ɖem nɛ. Emegbe Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplii, eye wòwɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo.

Sidzedze si va su Dalídio si to Biblia sɔsrɔ̃ me la na wògbe nu le eƒe numame gbegblẽawo gbɔ. Ewɔ ŋgɔyiyi geɖe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me ale gbegbe be eya ŋutɔ gblɔ be, “Tsã la, meyina ɖanoa aha tso ahadzraƒe yi ahadzraƒe; gake fifia ya meyina ɖaɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me.” Eva zu ame si ɖea gbeƒã Mawu ƒe Nya la ɣeyiɣiawo katã. Tɔtrɔ sia si wòwɔ la na wòva le lãmesẽ nyui me, eye eƒe ganyawo va nyo ɖe edzi. Dalídio gblɔ be, “Fifia la, mezãa ga siwo megblẽna ɖe ahanono ŋu tsã la tsɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu la ŋu alo tsɔ ƒlea nu siwo hiãm.” Esi wòva le ha dem kple ame siwo bua nuwo ŋu abe ale si Mawu bunɛ ene ta la, xɔlɔ̃ vavã geɖewo va su esi. Dalídio ƒe susu me dze akɔ anyi eye eƒe dzi dze eme fifia sãsãsã wu ale si wònɔ esime mekpɔ srɔ̃ nu tso Mawu ŋu haɖe o.

Kpɔɖeŋu bubu si ku ɖe dzidzɔ si ame siwo xɔ Yehowa Mawu dzi se kpɔna ŋue nye esi ku ɖe Renato ŋu. Ne èkpɔ ale si wòɖoa nukumo dzidzɔtɔe egbea la, asesẽ ŋutɔ be nàxɔe ase be ame si tɔ dzɔ be wòanɔ veve sem le nu madzɔmadzɔ gbãdziname siwo wowɔ ɖe eŋu le agbe me va yi ta lae nye ema. Esime wònye vidzĩ la, dadaa gblẽe ɖi hedzo le egbɔ. Edee akplo aɖe me tsɔ da ɖe bentsi aɖe te, exɔ abi vevie, eye eƒe ƒoƒolika hã gakpɔtɔ nɔ eŋu. Nyɔnu eve aɖewo tso eme va yina hekpɔ akploa wònɔ ʋaʋãm le bentsia te. Gbã la, wobui be dadivie le eme ame aɖe gblẽ ɖe afi ma. Esi wokpɔe be vidzĩ boŋ ye le eme la, wotsɔe yi kɔdzi aɖe si gogo afi ma la enumake be woakpɔ egbɔ.

Nyɔnuawo dometɔ ɖeka nye Yehowa Ðasefo, eye wòyi ɖagblɔ vidzĩ sia ŋu nya na Ðasefo bubu aɖe si ŋkɔe nye Rita. Vinyɔnu ɖeka koe le Rita si, eye fu gblẽ nɛ zi gbɔ zi geɖe. Edi vevie be viŋutsu nanɔ ye si, eya ta etso nya me be yeaxɔ Renato anyi wòazu ye vi.

Rita na Renato nya tso eƒe ɖevime ke be menye yee nye nɔa ŋutɔŋutɔ o. Gake Rita lé be nɛ nyuie lɔlɔ̃tɔe hedze agbagba tsɔ Biblia me gɔmeɖosewo mlãe. Esi Renato va nɔ tsitsim la, eva te ɖetsɔtsɔ le Biblia me vevie. Eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ale si woxɔ nɛ nukutɔe wòtsi agbe la ŋu hã dzi ɖe edzi. Aɖatsi lólona ɖe mo nɛ ɣesiaɣi si wòxlẽ hakpala David ƒe nya siawo be: “Fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.”—Psalmo 27:10.

Be Renato naɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yehowa ɖe nu siwo katã wòwɔ nɛ ŋu la, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2002 me, eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, etsɔ eɖokui na hezu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela. Va se ɖe fifia la, menya fofoa kple dadaa ŋutɔŋutɔ o, eye ɖewohĩ mele wo nya ge akpɔ o. Ke hã, Renato sena le eɖokui me be nunana vevitɔ kekeake siwo su ye si la dometɔ ɖekae nye sidzedze Yehowa kple eyama dzi xɔxɔ se be enye ye Fofo lɔ̃ame si léa be na ye.

Ðewohĩ èdi vevie be ƒomedodo kplikplikpli si me lɔlɔ̃ le, si ana asixɔxɔ nanɔ yeƒe agbe ŋu la, nanɔ ye kple Mawu dome. Ƒomedodomenɔnɔ kple Yehowa Mawu kpakple Via, Yesu Kristo, ƒe mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋuɖi na kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa. Esia mana ŋutilãmekesinɔnu geɖewo nasu asiwò kokoko ya o, gake ana susu me ƒe akɔdzeanyi kple dzidzeme si womate ŋu atsɔ xexea me gawo katã gɔ̃ hã aƒle o la wò. Nyateƒee Lododowo 10:22 (NW) me nyawo nye, be: “Yehowa ƒe yayra—eyae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.”

Yehowa Mawu tsɔ ɖe le eme na ame siwo tena ɖe eyama ŋu la vevie; egblɔ be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:18) Eye edo ŋugbe be yeatsɔ nu nyui geɖewo ayra ame siwo tsɔa nukpɔsusu nyui tena ɖe ye ŋu tso dzi blibo me la: “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.”—Lododowo 22:4.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Mawu dzi xɔxɔ se hea ŋutifafa, dzidzeme, kple dzidzɔ vanɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Togbɔ be ƒome si me Yesu nɔ le anyigba dzi la da ahe hã la, Mawu yra wo ale gbegbe