Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be

Mɔ Ka Nue Yesu Kple Fofoa Wole Ðeka Le?

Mɔ Ka Nue Yesu Kple Fofoa Wole Ðeka Le?

Yesu gblɔ be: “Mía kple Fofo la míele ɖeka.” (Yohanes 10:30) Ame aɖewo yɔa mawunyakpukpui sia tsɔ ɖoa kpe edzi be Yesu kple Fofoa wonye mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖe. Nenemae nya si Yesu gblɔ la fia?

Na míalé ŋku ɖe nya siwo ƒo xlã nya si wògblɔ la ŋu kpɔ. Le kpukpui 25 lia me la, Yesu gblɔ be yewɔa dɔ le ye Fofo ƒe ŋkɔ me. Tso kpukpui 27 lia va se ɖe 29 lia la, eƒo nu tso kpɔɖeŋu ƒe alẽ siwo Fofoa tsɔ nɛ la ŋu. Gɔmesese boo aɖeke manɔ nya eve siawo ŋu na ame siwo Yesu nɔ nu ƒom na la, nenye eya ŋutɔ kee ganye Fofoa o. Nya si boŋ Yesu di be yeagblɔe nye be: ‘Nye kple Fofonye dome le kplikplikpli ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu axɔ alẽawo le asinye o, abe ale si ko ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofonye si o ene.’ Ðeko wòle abe ale si viŋutsu aɖe agblɔ na fofoa ƒe futɔ aɖe be, ‘Ne èka asi fofonye ŋu la, ke nye ŋue ma nèka asi.’ Ame aɖeke maƒo nya ta be viŋutsu sia ŋutɔ kee ganye fofoa o ɖe. Gake ame sia ame ate ŋu akpɔe adze sii ƒãa be tsi metoa wo ame evea dome o.

Yesu kple Fofoa, Yehowa Mawu, hã wole “ɖeka” le gɔmesesea nu be woƒe tameɖoɖo kple dzidzenuwo wɔ ɖeka le mɔ deblibo nu. To vovo na Satana Abosam kple atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa la, Yesu medi gbeɖe be yeawɔ nu le ye ɖokui si Mawu manɔmee o. Yesu ɖe nu me be: “Vi la mate ŋu awɔ nu ɖeka pɛ hã le eɖokui si o, negbe nu siwo wòkpɔ Fofo la wòle wɔwɔm la ko. Elabena nu sia nu si Ame ma wɔna la, nu siawo Vi la hã wɔna nenema ke.”—Yohanes 5:19; 14:10; 17:8.

Ke hã, ɖekawɔwɔ deblibo sia si le Mawu kple Via, Yesu, dome la mena wozu ame ɖeka ŋutɔŋutɔ o. Ame vovovo evee wonye. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe amenyenye to vovo. Yesu ƒe seselelãmewo, susuwo, nuteƒekpɔkpɔwo, kple tiatiawɔblɔɖe to vovo na Fofoa tɔ. Ke hã, elɔ̃ faa be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. Yesu gblɔ le Luka 22:42 be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.” Gɔmesese aɖeke manɔ nya sia ŋu ne eƒe lɔlɔ̃nu meto vovo na Fofoa tɔ o. Ne ame ɖekae Yesu kple Fofoa wonye ŋutɔŋutɔ la, ke nu ka tae Yesu do gbe ɖa na Mawu helɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be nanewo li si yemenya o negbe ye Fofo ko?—Mateo 24:36.

Subɔsubɔha geɖe me tɔwo dea ta agu na mawu siwo ŋu wogblɔna le be wowɔa dzre kple woawo ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo. Le kpɔɖeŋu me, le Helatɔwo ƒe xotutuwo me la, mawu si woyɔna be Cronus la ɖe fofoa Uranus le zi dzi helé eya ŋutɔ viawo ɖu. Aleke gbegbee esia to vovo tso ɖekawɔwɔ si le Yehowa Mawu kple Via, Yesu dome, si nɔ te ɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ dzi, la gbɔe nye esi! Eye aleke gbegbe ɖekawɔwɔ sia si le wo dome la na míelɔ̃a wo vevie nye esi! Le nyateƒe me la, mɔnukpɔkpɔ gã si ɖeke mesɔ kple o ye wònye na mí be míanɔ ɖekawɔwɔ me kple ame eve siawo siwo nye Ame vevitɔwo kekeake le xexe gbahooa katã me. Yesu do gbe ɖa ɖe eyomedzelawo ta be: “Mele biabiam . . . [be] wo katã woawɔ ɖeka, abe ale si wò Fofo la nèle ɖekawɔwɔ me kplim, eye nye hã mele ɖekawɔwɔ me kpli wò ene, bene woawo hã woanɔ ɖekawɔwɔ me kpli mí.”—Yohanes 17:20, 21.

Eya ta esi Yesu gblɔ be, “Mía kple Fofo la míele ɖeka” la, menye Mawuɖekaetɔ̃ aɖe si gɔme womate ŋu ase o ŋue wònɔ nu ƒom tso o, ke boŋ ɖekawɔwɔ wɔnuku aɖe—si nye ɖekawɔwɔ deblibotɔ kekeake si ate ŋu anɔ ame eve dome—ŋu nya gblɔm wònɔ.