Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?

Ðe Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?

Ɛ̃, Biblia fia nu be ame ŋutɔŋutɔe Satana Abosam nye. Ke hã, Biblia ŋuti ɖeklemiɖelawo gblɔna be menye nyateƒee Biblia ƒe nufiafia sia nye o. Wogblɔna be nu vɔ̃ɖi si le amegbetɔwo me la koe nye Satana.

Ðe wòle be ale si amewo tɔtɔ le ame si tututu Satana nye ŋu la nawɔ nuku na mía? Kura o. Le kpɔɖeŋu me, nu vlo wɔla aɖe ate ŋu atutu dzesi ɖe sia ɖe si ana woanya be eyae wɔ nu vlo aɖe la ɖa le afi si wòwɔ nu vɔ̃ɖi aɖe le keŋkeŋ atsɔ aɣla eɖokui be wòate ŋu ayi eƒe nu vlo wɔwɔa dzi le adza me. Nenema kee Satana hã nye nu vlo wɔla dzeaɖaŋu si wòdoa dzidzɔ na be yeanɔ adza me anɔ nu gbegblẽ wɔwɔ dom ɖe ŋgɔ. Yesu ɖee fia kɔtɛ be Satana gbɔe nɔnɔme wɔnublanui si me tom ameƒomea le la tso. Yesu yɔ Satana be “xexe sia dzi ɖula.”—Yohanes 12:31.

Afi kae Abosam tso? Ðe wowɔ mawudɔla dzeaglã sia wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ deblibo nɔ dziƒo le gɔmedzedzea me, gake eva wɔ eɖokui Abosam esime wòdi vevie be amegbetɔwo nasubɔ ye tsɔ wu be woasubɔ Mawu. Biblia ƒo nu tso dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le Satana kple Yesu dome le anyigba dzi afi sia, si me Abosam ɖe eƒe ɖokuitɔdidi ƒe didiwo fia kɔtɛ le, la ŋu na mí. Satana dze agbagba be yeana Yesu ‘nadze klo ade ta agu’ na ye.—Mateo 4:8, 9.

Nenema kee le dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le eya kple Mawu dome, abe ale si wòdze le Hiob ƒe agbalẽa mee ene, me la Satana ɖe eƒe tamesusuwo fia. Eɖo ta me be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui atsɔ ana amegbetɔwo nagbe nu le Mawu gbɔ.—Hiob 1:13-19; 2:7, 8.

Bu eŋu kpɔ: Ne Satana ɖo dze kple Yehowa Mawu kple Yesu Kristo la, ɖe wòate ŋu anye nyateƒe be nu vɔ̃ɖi si le amegbetɔwo me dzro koe wònyea? Nu vɔ̃ɖi aɖeke kura mele Mawu loo alo Via me o! Eya ta eme kɔ ƒãa be ame ŋutɔŋutɔe Satana nye—enye gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe si medea bubu aɖeke Yehowa alo Yesu ŋu o.

Nɔnɔme gblẽku si dzena le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me ɖo kpe edzi be Abosam li ŋutɔŋutɔ. Dukɔwo naa nuɖuɖu si woli kɔ ɖi la dome gblẽna, evɔ wozia kpi dɔ wua woƒe dukɔmeviwo vevie. Dukɔwo li kɔ aʋawɔnu siwo ate ŋu atsrɔ̃ ame gbogbowo zi ɖeka la ɖi ɖe wo nɔewo ŋu. Wole ɖi ƒom anyigba la. Ke hã, ame akpa gãtɔ menya ame si le megbe na nuwɔna vɔ̃ɖi siawo o. Nu ka tae?

Biblia gblɔ na mí be Satana “gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.” (2 Korintotɔwo 4:4) Satana toa vivimehabɔbɔ aɖe dzi kpɔa ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe nuwɔnawo dzi. Eyae nye “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia.” (Mateo 12:24) Ale si ko nuvlowɔha aɖe ƒe amegã ate ŋu anɔ habɔbɔ manɔsenu aɖe zãm, evɔ mana ame siwo le habɔbɔa me la nanya eyama o la, nenema kee Satana le mawudɔla vɔ̃ɖiwo ƒe habɔbɔ gblẽku aɖe zãm le vivi me tsɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe ame gbogbo siwo menya nu tso eyama alo eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu kura o la dzi.

Aleke gbegbee míedaa akpee nye esi be Biblia ɖe ha Abosam heklo nu le eƒe habɔbɔa dzi na mí! Esia wɔe be míete ŋu tsia tsitre ɖe Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; gake mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—Yakobo 4:7.