Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Nu ka tae ŋutsu aɖe si ƒo eɖokui ɖe dzokekekuku, atikevɔ̃ɖiwo zazã, kple kamedefefewo me atraɖii la va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla? Nu kae ʋã ŋutsu aɖe si tsɔ tsatsadada ɖo dɔe la wòɖe asi le numame sia ŋu heva zu dɔ ɖɔʋu aɖe wɔla si kpɔa eƒe ƒomea dzi nyuie? Nu kae ʋã ɖetugbui aɖe si wonyi le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome aɖe me, evɔ wògbe agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu la be wògbugbɔ va mɔ nyuitɔ dzi? Se nya si ame siawo ŋutɔ gblɔ la ɖa.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: TERRENCE J. O’BRIEN

ƑE SI WÒXƆ: 57

DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ATIKEVƆ̃ÐIZÃLA KPLE AME SI LƆ̃A DZOKEKEKUKU

AGBE SI MENƆ TSÃ: Brisbane dugã la, si nye Queensland ƒe fiadu si me amewo sɔ gbɔ le taŋ la mee menɔ le ɖevime. Katolikotɔwoe dzinyelawo nye, gake esi mexɔ ƒe enyi la, míedzudzɔ sɔlemedede, eye míegaɖoa dze tso mawusubɔsubɔ ŋu kura o. Esi mexɔ ƒe ewo la, míaƒe ƒomea ʋu yi Gold Coast, le Australia. Teƒe si míenɔ la te ɖe ƒuta ŋu, eye metsɔ tsiƒuƒu kple fefe le ƒutsotsoe dzi ɖo dɔe esi mege ɖe nye ƒewuiwo me.

Ke hã, nyemekpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ le ɣeyiɣi mawo katã me o. Fofonye gbe danye hegblẽ mí ɖi esime mexɔ ƒe enyi. Danye ɖe ŋutsu bubu, eye ahamumu kple dzrewɔwɔ yia edzi le aƒea me edziedzi. Le zã aɖe me, esi dzinyelawo gawɔ dzre vevie vɔ megbe la, menɔ anyi ɖe nye aba dzi heka atam be ne meva ɖe srɔ̃ gbe ɖeka la, nyemawɔ dzre kple srɔ̃nye gbeɖe o. Togbɔ be kuxi siawo nɔ aƒea me hã la, ɖekawɔwɔ nɔ míaƒe ƒomea, si me danye, danye srɔ̃, kple vi ade nɔ la dome.

Esi menɔ dodom le nye ƒewuiwo me la, hanyeti geɖewo dzea aglã ɖe ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu. Wonoa gbekui, atama, kple atikevɔ̃ɖi bubuwo, eye womua aha hã. Nye hã meƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna gbegblẽ siawo me, abe hanyetiawo ke ene. Melɔ̃a dzokekekuku hã. Togbɔ be medze afɔku vevie ɣeaɖewoɣi kpɔ hã la, nyemeɖe asi le dzokekea kuku ŋu o, eye meɖoe be maku nye dzokeke la tso Australia nyigbagã la ƒe go ɖeka dzi ayi go kemɛ dzi.

Togbɔ be ablɔɖe geɖe su asinye hã la, meléa blanui zi geɖe ne mebu nɔnɔme wɔnublanui si me xexea le kple ale si ame akpa gãtɔ metsɔ ɖeke le ameƒomea ƒe kuxiwo me o la ŋu. Edzroam vevie be manya Mawu, mawusubɔsubɔ, kple nɔnɔme si me xexea le la ŋuti nyateƒea. Gake esi mebia nya Katoliko nunɔla eve aɖewo tso nu siawo ŋu la, ŋuɖoɖo siwo wonam la ɖe dzi le ƒonye ŋutɔ. Mebia nya mawo ke Protestant osɔfowo, gake woawo hã mete ŋu kpe ɖe ŋunye o. Emegbe xɔ̃nye aɖe va wɔ ɖoɖo be mía kple Eddie, si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka la míadzro nya mawo me. Mía kple Eddie míedo go zi ene, eye ɣesiaɣi la, ezãa Biblia tsɔ ɖoa nye biabiawo ŋu. Le míaƒe dzeɖoɖo gbãtɔa me ke la, mekpɔe be meke ɖe nu vavã aɖe ŋu. Gake ɣemaɣi la, nyemekpɔe be ele be matrɔ nye agbenɔnɔ o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Le nye tsaɖiɖi le Australia nyigbaa dzi me la, megava do go Ðasefo bubu aɖe, eye nye kplii míedzro nu geɖewo me. Gake esi metrɔ gbɔ va Queensland la, nyemegake ɖe Ðasefo aɖeke ŋu o hena ɣleti ade sɔŋ.

Gbe ɖeka, esi mekpã tso dɔ me yina aƒe me la, mekpɔ ŋutsu eve aɖewo siwo dzra ɖo nyuie hetsɔ akplo ɖe asi nɔ zɔzɔm le mɔa dzi, eye megblɔ be anye Yehowa Ðasefowoe wonye. Esi mete ɖe wo ŋu eye wolɔ̃ be Ðasefowoe yewonye la, mebia be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Mete Ðasefowo ƒe kpekpewo dede enumake, eye mede woƒe takpekpe gã aɖe si wowɔ le Sydney le ƒe 1973 me la hã. Ke hã, esi nye ƒometɔwo—vevietɔ danye—va nya be mele ha dem kple Ðasefoawo la, eɖu dzi na wo vevie. Esia kple nu bubuwo wɔe be medzudzɔ hadede kple Ðasefoawo. Meƒo ɖokuinye ɖe fefe aɖe si woyɔna be kriket, si meva lɔ̃ vevie la me hena ƒe ɖeka sɔŋ.

Gake mlɔeba la, meva kpɔe be ɣeyiɣi si me ko menɔ dzidzɔ vavãtɔ kpɔm lae nye esime Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplim. Eya ta megadi woƒe mɔ hete woƒe kpekpeawo dede. Medzudzɔ hadede kple xɔ̃nye siwo mía kpli wo míezãa atikevɔ̃ɖiwo la hã.

Nu si koŋ ʋãm mewɔ tɔtrɔ mawoe nye nu siwo mesrɔ̃ tso Hiob, si ŋu woƒo nu tso le Biblia me la ŋu. Bill, si nye Ðasefo tsitsi aɖe si nyoa dɔme, evɔ wòɖoa mo vevie ne ehiã la, dzroa Biblia me kplim zi geɖe. Esi míedzro Hiob ƒe ŋutinyaa me vɔ la, Bill biam be ame ka hã ŋue Satana tsɔ nya ɖo be mate ŋu asubɔ Mawu kple dzi blibo o hã. (Hiob 2:3-5) Meyɔ Bibliameme siwo katã menya, eye Bill tsɔ dzigbɔɖi nɔ lɔlɔ̃m ɖe edzi be, “Ɛhẽ, tututu, woawo hã wole eme.” Eye wòkpɔ ŋkunyeme dũu hegblɔ be, “Satana le nya ma gblɔm tso wò hã ŋuwò!” Nya la dzem kpo mede anyi dze ge kloe le nye zikpuia dzi. Do ŋgɔ na numedzodzro ma la, menyae be nu siwo srɔ̃m menɔ lae nye nyateƒea. Gake azɔ la, meva se nu si tae wòle be matsɔ nu siwo srɔ̃m mele ade dɔwɔna me la gɔme. Le ɣleti ene megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Mebia ɖokuinye be alekee nye agbe anɔ nenye ɖe nyemesrɔ̃ ale si manɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu o hã. Ðewohĩ anye ne meku xoxoxo. Ame siwo medea ha kpli tsã la dometɔ geɖewo ku xoxo le aha muame kple atikevɔ̃ɖiwo zazã atraɖii ta. Womele dzidzɔ hã kpɔm le woƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me o. Ðikeke mele eme o be anye ne nenemae wòanɔ le nye hã gome.

Fifia, meɖe srɔ̃, eye mía kple srɔ̃nye Margaret míele subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia la dzidzɔtɔe. Nye ƒometɔwo dometɔ aɖeke menye Yehowa Ðasefo haɖe o. Ke hã, le ƒe geɖe siwo va yi me la, mía kple Margaret míekpɔ dzidzɔ geɖe le Biblia sɔsrɔ̃ kple ame ɖekaɖekawo kpakple srɔ̃tɔ geɖe siwo va trɔ woƒe agbenɔnɔ, abe nye ŋutɔ ke ene, me ŋutɔ. Le esiawo katã me la, xɔlɔ̃ nyui geɖewo su mía si. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Margaret, si dzilawo nye Ðasefowo, eye wonyii le mawuvɔvɔ̃ me tso ɖevime la kpe ɖe ŋunye mele agbe nɔm ɖe atam si meka ƒe 40 kloe ye nye esia la nu. Ƒe 25 kple edzivɔwo sɔŋ ye nye esia míele vivi sem le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Míelɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi ɣesiaɣi ya o, gake míewɔ dzre kpɔ o. Mí ame evea siaa míekpɔe be Biblia koŋ ye kpe ɖe mía ŋu alea.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: MASAHIRO OKABAYASHI

ƑE SI WÒXƆ: 39

DUKƆ SI ME WÒTSO: JAPAN

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: TSATSADALA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Iwakura, si nye du sue aɖe si anye gaƒoƒo afã ƒe ketekemɔzɔzɔ tso Nagoya la mee wonyim le. Meɖo ŋkui be danye kple fofonye siaa nyoa dɔme ŋutɔ. Ke hã, meva nya emegbe be adzogli aɖee fofonye nye, eye nu fitifiti wɔwɔ dzie wòto kpɔ míaƒe ƒomea, si me ame atɔ̃ le la dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Emua aha vlevlevle gbe sia gbe, eye esime mexɔ ƒe 20 la, eku le aklãlialiadɔ ta.

Koreatɔe fofonye nye, eya ta nutoa me tɔwo mewɔa nu ɖe mía ŋu nyuie o. Kuxi sia kple bubuwo wɔe be nyemekpɔ dzidzɔ le nye ƒewuiwo me kura o. Medze sekɛndrisuku (lycée) aɖe dede gɔme, gake ƒãa hafi medena, eye meva dzudzɔ le ƒe ɖeka megbe. Kpovitɔwo lém ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe ta kpɔ, eye ema kple nye Koreatɔnyenye wɔe be dɔwɔɖuikpɔkpɔ zu dɔ. Meva kpɔ dɔ aɖe mlɔeba, gake afɔku aɖe gblẽ nu le nye klowo ŋu, si na nyemagate ŋu awɔ dɔ sesẽ o.

Bene mate ŋu akpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ la, meƒo ɖokuinye ɖe tsatsadada me. Ɣemaɣi la, ɖetugbui aɖe nɔ gbɔnye, eye wòdi be madi dɔ gbagbe aɖe mawɔ ne míaɖe mía nɔewo. Gake mekpɔa ga geɖe tso tsatsadadaa me, eye nyemedi be maɖe asi le eŋu o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Gbe ɖeka la, Yehowa Ðasefo aɖe va mía gbɔ hetsɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? (La vie : comment est-​elle apparue ? Évolution ou création ?) nam. Nyemede ŋugble tso biabia sia si dze le agbalẽa dzi ku ɖe ale si agbe wɔ va dzɔ la ŋu kpɔ o. Gake esi mexlẽ agbalẽa vɔ la, meɖoe be magasrɔ̃ nu geɖe wu tso Biblia ŋu. Mebua nu si dzɔna le ku megbe la ŋu vevie ɣesiaɣi. Numekɔkɔ nyui siwo ŋu meke ɖo le Biblia me tso nya sia kple nya bubu siwo ɖea fu nam ŋu la na wòwɔ abe tsrowoe ge le nye ŋkuwo dzi ene.

Mekpɔe be ehiã be manɔ agbe ɖe nu siwo srɔ̃m menɔ le Biblia me la nu. Eya ta meɖe ɖetugbui si nɔ gbɔnye la le se nu, medzudzɔ atamanono, mekpa nye ɖa si megblẽ ɖi wòdidi legbe hede atikee wòbia hẽ la, eye mena nye dzedzeme nyo ɖe edzi wu. Medzudzɔ tsatsadada hã.

Tɔtrɔ siawo dometɔ aɖeke wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o. Le kpɔɖeŋu me, nyemate ŋu adzudzɔ atamanono le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Gake to gbedodoɖa vevie kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Mawu ŋu me la, mete ŋu dzudzɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dɔ gbãtɔ si mekpɔ esi medzudzɔ tsatsadada la mede dzinye kura o. Ga si mekpɔna le tsatsadada me tsã la ƒe afã ko mekpɔna le dɔ sia me, evɔ dɔa hã sesẽ eye wòtea ɖeɖi ame ŋu. Biblia ƒe akpa si kpe ɖe ŋunye mete ŋu to nɔnɔme sesẽ ma me do lae nye Filipitɔwo 4:6, 7. Afi ma gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” Mekpɔ ŋugbedodo sia ƒe nyateƒenyenye zi gbɔ zi geɖe.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Esi Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kplim la, medzɔ dzi na srɔ̃nye kura o. Gake esi wòkpɔ tɔtrɔ siwo wɔm menɔ le nye agbenɔnɔ me la, eva wɔ ɖeka kplim le nusɔsrɔ̃a me hete Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo hã dede kplim. Fifia, mí ame evea siaa míezu Yehowa Ðasefowo. Yayra ka gbegbee nye esi wònye be míele Mawu subɔm ɖekae!

Hafi mate Biblia sɔsrɔ̃ la, mesusui be menɔ dzidzɔ kpɔm. Gake fifia la, menya nu si dzidzɔ vavãtɔ nye. Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu mele bɔbɔe kura o, gake ɖikeke mele eme o be, emae nye mɔ nyuitɔ kekeake si nu ame anɔ agbe ɖo.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: ELIZABETH JANE SCHOFIELD

ƑE SI WÒXƆ: 35

DUKƆ SI ME WÒTSO: UNITED KINGDOM

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ELƆ̃A AGBEÐUÐU LE KWASIÐANUWUWUWO

AGBE SI MENƆ TSÃ: Hardgate, si nye du sue aɖe si gogo Glasgow, Scotland, la mee menɔ tsi. Esi mexɔ ƒe adre la, danye, si zu Yehowa Ðasefo ɣemaɣi la, te Biblia fiafiam. Gake esi mexɔ ƒe 17 la, hadede kple xɔ̃nye sukuviwo koe va nɔ vevie nam—míeyia aglotuƒewo le zã me, nɔa hadzidzi gbegblẽwo sem henɔa aha muame nom. Mawusubɔsubɔnyawo ya megavaa susu me nam kura o. Agbeɖuɖu le kwasiɖanuwuwuwo koe metsɔ ɖo dɔe. Gake tɔtrɔ kpata aɖe va nye agbe me esime mexɔ ƒe 21.

Meɖi tsa yi ɖasrã nye ƒometɔ aɖewo kpɔ le Northern Ireland. Le afi ma la, mekpɔ gbɔlɔlɔ tɔxɛ aɖe si Protestantɔwo wɔna la teƒe. Fuléle kple ame nɔewo dzudzu si yi edzi le Protestanttɔwo kple Katolikotɔwo dome le gbɔlɔlɔ ma me la wɔ nuku nam ŋutɔ. Ðeko wòna nye ametia katã metɔtɔ heyi ŋugble me ʋĩi. Mete ŋkuɖoɖo nu siwo danye fiam tso Biblia me la dzi, eye menya be Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo medi be yewoanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu siwo me lɔlɔ̃ le nu o la ŋu o. Esia na menyɔ le ɖokuinye me hekpɔe be nye ŋutɔ nye dzodzrowo yome ko mele hegbe agbenɔnɔ ɖe ale si Mawu di be manɔe nu. Meɖoe be ne metrɔ gbɔ va Scotland la, maku nu me tso Biblia ƒe nufiafiawo ŋu moveviɖoɖotɔe.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Zi gbãtɔ si megayi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe esi metrɔ gbɔ va aƒe la, mekpɔe be meto vovo le amewo dome, eye metsi dzodzodzoe. Gake ame sia ame xɔm atuu. Esi mete wɔwɔ ɖe nu siwo srɔ̃m mele le Biblia me dzi la, nɔvinyɔnu aɖe si le hamea me la tsɔ ɖe le eme nam dɔmenyotɔe. Ena mese le ɖokuinye me be megazu hamea me tɔ ake. Xɔ̃nye xoxoawo gakpeam be mava míayi aglotuƒewo, gake mena wonya be fifia la, nye ŋku biã ɖe agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu ŋu vevie. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, womegaɖea fu nam o.

Tsã la, ɖeko mebua Biblia be enye segbalẽ kpaɖii aɖe ko. Gake azɔ la, nyemegabunɛ nenema o. Meva te Bibliamemewo bubu be wonye ame ŋutɔŋutɔ siwo si seselelãme le, eye gbɔdzɔgbɔdzɔwo le wo ŋu abe nye ke ene. Woawo hã wowɔ vodadawo, gake Yehowa Mawu tsɔe ke wo esi woɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia. Mekpɔ kakaɖedzi be togbɔ be metrɔ megbe de Mawu le nye ƒewuimenɔɣiwo hã la, atsɔe akem ahaŋlɔ vo siwo meda va yi la be ne medze agbagba vevie be mawɔ nu siwo dzea eŋu.

Danye ƒe nuwɔna hã kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye vevie. Togbɔ be metrɔ le Mawu yome hã la, eya mewɔe nenema gbeɖe o. Ale si wòlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi goŋgoŋ la kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa subɔsubɔ hea viɖe geɖe vanɛ. Esime mekplɔa danye ɖo míenɔa gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me le nye ɖevime la, mevivia nunye kura o, eye nyemesusui kpɔ be mava nɔ gaƒoƒo geɖe zãm atsɔ anɔ gbeƒã ɖem na amewo o. Gake fifiaa, meɖoe be maɖɔ ŋugbe si Yesu do le Mateo 6:31-33 la kpɔ. Egblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be, ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ o. . . . Mia Fofo si le dziƒo la nyae be miehiã nu siawo katã. Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” Esi mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo megbe kpuie la, medzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ si mewɔna la hedi ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui, si na mete ŋu ƒo ɖokuinye ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Esi metsɔ agbeɖuɖu le kwasiɖanuwuwuwo ɖo dɔe le nye sɔhɛmenɔɣiwo la, nye dzi medze eme ŋutɔŋutɔ kpɔ o. Viɖe aɖeke menɔ nye agbe ŋu o. Fifia si meva ƒo ɖokuinye ɖe Yehowa subɔsubɔ me bliboe la, mele dzidzeme vavãtɔ kpɔm. Gɔmesese kple tameɖoɖo vavã le nye agbe ŋu fifia. Meɖe srɔ̃, eye mía kple srɔ̃nye míeɖasrãa Yehowa Ðasefowo ƒe hame vovovowo kpɔna kwasiɖa sia kwasiɖa henɔa dzi dem ƒo na wo. Mebua dɔ sia be enye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si su asinye le agbe me. Medaa akpe na Yehowa geɖe ŋutɔ be egana mɔnukpɔkpɔm be metrɔ va egbɔ!

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

“Le míaƒe dzeɖoɖo gbãtɔa me ke la, mekpɔe be meke ɖe nu vavã aɖe ŋu. Gake ɣemaɣi la, nyemekpɔe be ele be matrɔ nye agbenɔnɔ o”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Nyemate ŋu adzudzɔ atamanono le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Gake to gbedodoɖa vevie kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Mawu ŋu me la, mete ŋu dzudzɔ”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

“Tsã la, ɖeko mebua Biblia be enye segbalẽ kpaɖii aɖe ko. Gake nyemegabunɛ nenema fifia o. Meva te Bibliamemewo bubu be wonye ame ŋutɔŋutɔ siwo si seselelãme le, eye gbɔdzɔgbɔdzɔwo le wo ŋu abe nye ke ene”