Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ku Ðe Ƒomegbenɔnɔ Ŋu

Ku Ðe Ƒomegbenɔnɔ Ŋu

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ

Ku Ðe Ƒomegbenɔnɔ Ŋu

Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu kae naa ƒomewo kpɔa dzidzɔ?

Srɔ̃ɖeɖe nye kadodo si le kɔkɔe le Mawu ŋkume. Esi wobia Yesu be esɔ be ame nagbe srɔ̃a hã la, eɖo eŋu be: “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o. . . . Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le agbe gbegblẽ nɔnɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.” (Mateo 19:4-6, 9) Ne srɔ̃tɔwo wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi hewɔ nuteƒe na wo nɔewo la, ƒomea me tɔwo katã kpɔa dzidzɔ eye wosena le wo ɖokui me be yewole dedie.

Nu ka tae lɔlɔ̃ na Mawu naa ƒomewo kpɔa dzidzɔ?

Yesu gblɔ be: “‘Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ.” Ke ekae nye evelia? Yesu gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi [wò ƒomea, si me tɔwo nye ame siwo te ɖe ŋuwò kplikplikpli wu la hã] abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:37-39) Eya ta nu vevi si naa ƒomewo kpɔa dzidzɔe nye ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu le esi lɔlɔ̃ na eyama ʋãa mí be míalɔ̃ mía haviwo hã ta.

Alekee srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ate ŋu ado dzidzɔ na wo nɔewo?

Srɔ̃ŋutsuwo ana wo srɔ̃wo nakpɔ dzidzɔ ne wosrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Eɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia hamea, si nye srɔ̃a le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Efesotɔwo 5:25) Yesu gblɔ be: “Amegbetɔvi la va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ.” (Mateo 20:28) Yesu ƒe nya me mesẽ eye wòɖu aƒetɔ ɖe ame siwo nɔ eƒe kpɔkplɔ te la dzi o, ke boŋ ena woƒe dzi dze eme. (Mateo 11:28) Eya ta ele be srɔ̃ŋutsuwo nawɔ woƒe tanyenyea ŋu dɔ le mɔ si aɖe vi na ƒomea me tɔwo katã nu.

Srɔ̃nyɔnuwo hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu gbɔ. Biblia gblɔ be ‘Kristo la ƒe tae nye Mawu.’ Egblɔ hã be ‘nyɔnu ƒe tae nye ŋutsu.’ (1 Korintotɔwo 11:3) Yesu mebui be enye gbɔɖiame na ye be yeabɔbɔ ye ɖokui ɖe Mawu te o. Edea bubu deto Fofoa ŋu. Yesu gblɔ be: “Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.” (Yohanes 8:29) Srɔ̃nyɔnu si bɔbɔa eɖokui ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te le esi wòlɔ̃ Mawu hedea bubu eŋu ta la wɔa akpa vevi aɖe le nana be woƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ me.

Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu bua ɖeviwoe me?

Yesu zãa eƒe ɣeyiɣi ɖe ɖeviwo ŋu eye wòtsɔa ɖe le woƒe nukpɔsusuwo kple seselelãmewo me. Biblia gblɔ be: “Yesu yɔ ɖevi sueawo va eɖokui gbɔ gblɔ be: ‘Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye.’” (Luka 18:15, 16) Ɣeaɖeɣi la, amewo he nya ɖe ŋutsuvi sue aɖewo siwo ɖe Yesu dzi xɔxɔ se gblɔ la ŋu. Gake Yesu kafu ŋutsuviawo hegblɔ na ame siwo nɔ nya hem ɖe wo ŋu la be: “Ðe miexlẽ nya sia kpɔ be, ‘Vidzĩwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo’ oa?”—Mateo 21:15, 16.

Nu kae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na ɖeviwo le ale si woatsɔ ɖe le Mawu subɔsubɔ mee gome. Esime wòxɔ ƒe 12 la, wokpɔe “le gbedoxɔa me wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe nufialawo dome, eye wònɔ to ɖom wo henɔ nyawo biam wo.” Dɔ kae esia wɔ ɖe amewo dzi? “Eƒe nugɔmesese kple eƒe nyaŋuɖoɖowo wɔ mo yaa na ame siwo katã nɔ to ɖomee la.” (Luka 2:42, 46, 47) Ke hã, Yesu ƒe nunya mena wòdo eɖokui ɖe dzi o. Ke boŋ ena wòdea bubu edzilawo ŋu. Biblia gblɔ be: “[Eyi] edzi bɔbɔ eɖokui na wo.”—Luka 2:51.

Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * ƒe ta 14 lia hena numeɖeɖe bubuwo

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae.