Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyakpakpa 3: Ame Nyuiwo Katã Ayi Dziƒo

Nyakpakpa 3: Ame Nyuiwo Katã Ayi Dziƒo

Nyakpakpa 3: Ame Nyuiwo Katã Ayi Dziƒo

Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? Le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la, Sɔlemeha Fofowo va xɔ ŋkɔ le nufiafia tso Kristotɔnyenye ŋuti me, tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo. New Catholic Encyclopedia (2003), Babla 6, axa 687, ƒo nu tso woƒe nufiafia ŋu be: “Nufiafia si xɔ aƒe ɖi lae nye be luʋɔ si do le ametia me la, yina ɖe dziƒo ƒe dzidzɔ la me enumake, le eŋukɔkɔ wɔna ɖe sia ɖe si hiã le ku megbe la wɔwɔ vɔ megbe.”

Nu kae Biblia fia? “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.”—Mateo 5:5.

Togbɔ be Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be yeyina ‘teƒe dzra ge ɖo ɖi’ na wo le dziƒo hã la, eɖee fia be menye ame dzɔdzɔewo katãe ayi dziƒo o. (Yohanes 3:13; 14:2, 3) Ðe eya ŋutɔ medo gbe ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme “le dziƒo, kple anyigba dzi hã” oa? (Mateo 6:9, 10) Le nyateƒe me la, mɔkpɔkpɔ evee li na ame dzɔdzɔewo. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo aɖu fia kple Kristo le dziƒo, gake wo dometɔ akpa gãtɔ anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 5:10.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nukpɔsusu si nɔ sɔlemeha gbãtɔa si ku ɖe ɖoƒe si wòle le anyigba dzi ŋu la va trɔ. Nu kae do tso eme? The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Vivivi la, wona sɔlemehaa va zu nuɖoanyi si va xɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒe si amewo nɔ mɔ kpɔm na la teƒe.” Esi sɔlemeha la di be ŋusẽ naɖo yeƒe ɖoƒe sia ŋu ta la, ete eɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehe me, heŋe aɖaba ƒu Yesu ƒe nya si wògblɔ eme kɔ nyuie be ye yomedzelawo manye “xexea ƒe akpa aɖeke o” la dzi. (Yohanes 15:19; 17:14-16; 18:36) Le Roma Fiagã Konstantino ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, sɔlemeha la tɔ tsi eƒe dzixɔse aɖewo, siwo dometɔ ɖeka ku ɖe ame si tututu Mawu nye la ŋu.

Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Psalmo 37:10, 11, 29; Yohanes 17:3; 2 Timoteo 2:11, 12

NYATEƑE LAE NYE:

Ame nyuiwo dometɔ akpa gãtɔ anɔ agbe tegbee le anyigba dzi​—menye le dziƒo o

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]

Art Resource, NY

[Nɔnɔmetata si le axa 6]