Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyakpakpa 6: Mawu Da Asi Ðe Nɔnɔmetatawo Kple Dzesiwo Zazã Le Tadedeagu Me Dzi

Nyakpakpa 6: Mawu Da Asi Ðe Nɔnɔmetatawo Kple Dzesiwo Zazã Le Tadedeagu Me Dzi

Nyakpakpa 6: Mawu Da Asi Ðe Nɔnɔmetatawo Kple Dzesiwo Zazã Le Tadedeagu Me Dzi

Afi kae nyakpakpa sia dzɔ tso? “Kristotɔ gbãtɔwo mezã nɔnɔmetatawo le tadedeagu me o . . . Wova dze nɔnɔmetatawo zazã le sɔlemeha la me le ƒe alafa 4 lia kple 5 lia me heɖea nu me be, ame siwo menya nu boo tso Kristotɔnyenye ŋu o la ate ŋu asrɔ̃ Kristotɔwo ƒe nufiafiawo kaba to nɔnɔmetatawo dzi tsɔ wu be woanɔ mawunya sem tso kplɔ̃ta alo le agbalẽwo me.”—Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature, si McClintock kple Strong ŋlɔ, Babla 4, axa 503 kple 504.

Nu kae Biblia fia? ‘Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o.’ (2 Mose 20:4, 5) Apostolo Yohanes ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: “Vinye lɔlɔ̃awo, mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.”—1 Yohanes 5:21.

Ðe nɔnɔmetatawo nye mɔ aɖe si dzi woato ate ɖe nu siwo ƒe nɔnɔmetata wonye la ŋu ahade bubu wo ŋu abe ale si sɔlemehawo gblɔnɛ enea? The Encyclopedia of Religion gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, woanya zã nɔnɔmetatawo abe nufiafiamɔnu alo atsyɔ̃ɖonu ko ene; nya mawoe wogblɔna tsɔ nɔa ezazã ta ʋlimee. Gake eteƒe medidi hafi wova nɔ ta dem agu na wo o. Esia nye nyateƒe, vevietɔ le nɔnɔmetata siwo va xɔ aƒe ɖe Ɣedzeƒe Orthodɔks Sɔlemehawo me la gome.” Ke hã nyagblɔɖila Yesaya bia wòsɔ nyuie be: ‘Ame kae miebe, yewoabu ɖe Mawu ŋu, eye nɔnɔme ka miebe, yewoatsɔ asɔ kplii?’—Yesaya 40:18.

Dzro mawunyakpukpui siawo hã me: Yesaya 44:13-19; Dɔwɔwɔwo 10:25, 26; 17:29; 2 Korintotɔwo 5:7

NYATEƑE LAE NYE:

Mawu meda asi ɖe nɔnɔmetatawo kple dzesiwo zazã le tadedeagu me dzi o

GBE NU LE NYAKPAKPAWO GBƆ, LÉ NYATEƑE LA ME ÐE ASI

Alekee míaƒo nya tae ku ɖe nyakpakpa siawo siwo subɔsubɔha geɖewo gakpɔtɔ fiana, siwo me míedzro kpuie la ŋu? “Gli” siawo “siwo wokpa kple aɖaŋu” la mate ŋu axɔ ɖe Biblia me nyateƒe fakɔname siwo me kɔ nyuie la teƒe o.—2 Petro 1:16.

Eya ta mègahe ɖe megbe o, tsɔ nukpɔsusu nyui dzro Mawu ƒe Nya la, si me mawusubɔsubɔ ŋuti nyateƒenyawo le la, me ahatsɔe asɔ kple nu siwo wofia wò. (Yohanes 17:17) Ne èwɔe alea la, ŋugbedodo sia ava eme na wò be: ‘Àdze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe wò.’—Yohanes 8:32.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.