Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wodo Hlɔ̃ Le Suku Aɖe Me​—Akɔfafa Na Amewo Le Nudzɔdzɔa Megbe

Wodo Hlɔ̃ Le Suku Aɖe Me​—Akɔfafa Na Amewo Le Nudzɔdzɔa Megbe

Wodo Hlɔ̃ Le Suku Aɖe Me​—Akɔfafa Na Amewo Le Nudzɔdzɔa Megbe

NYADZƆDZƆGBALẼA ƒe akpa dzi katã nyɔ yibɔɔ, eye woŋlɔ ɖe edzi be: “Nu Ka Tae?” Amewo bia nya sia wo ɖokuiwo enuenu esi ƒe 17 vi aɖe yi ɖaɖe tu ɖe amewo dome le Winnenden, le anyiehe Germany, hewu ame 15 sɔŋ eye mlɔeba wòtrɔ tua da eɖokui. Nudzɔdzɔ sia wɔe be woɖiɖi aflagawo se ɖe aflagatiwo ƒe domedome le Germany dukɔa katã me wònye nuxaxa ƒe dzesi, eye hlɔ̃donu sia ŋu nya ɖi le xexea me godoo.

Winnenden nye nudzedziname ƒe du aɖe si me tomefafa le, si ƒe gbɔto wode wain kple seƒoƒo nyuiwo ƒe agblewo ɖo. Ðeko nuwo nɔ edzi yim abe ale si wònɔna ɖaa ene le Albertville Sekɛndrisuku la le March 11, 2009 ƒe ŋdi ma. Esi wòƒo ga 9 kple afã la, kasia ŋutasẽnu aɖe dzɔ si na amewo lulu.

Ðekakpui aɖe lé tu si wòtsɔ tso fofoa ƒe xɔdɔme la ɖe asi ge ɖe suku si wòde va yi la me adãtɔe. Eda tua tre ɖe enu, eye le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me la, ewu sukuvi asieke kple nufiala etɔ̃ le sukuxɔ etɔ̃ me kple sukuxɔawo dome mɔ dzi, eye wòde abi ame gbogbo aɖewo hã ŋu. Le miniti ʋɛ aɖewo megbe la, kpovitɔwo va ɖo. Hlɔ̃dolaa si ge ɖe susumedɔdaƒe aɖe me. Ewu dɔwɔla siwo léa be na teƒea la dometɔ ɖeka. Emegbe, elé ʋukula aɖe sesẽe heɖo tua edzi be wòakɔ ye adzoe. Esi wonɔ yiyim ʋuu heva ɖo afi aɖe si didi tso teƒe si ʋukulaa kɔe le, si anɔ abe kilometa 40 ene la, ʋukulaa dze agbagba si le egbɔ. Hlɔ̃dolaa ge ɖe ʋudzraƒe aɖe hewu ʋudzrala aɖe kple nuƒlela aɖe, eye wòwɔ nuvevi kpovitɔ eve siwo nɔ agbagba dzem be yewoalée la. Esi kpovitɔwo va xaxae ɖo mlɔeba la, eda tu ta na eɖokui.

Le ame siwo nya amewulaa ƒe nya nu la, ale si ƒewuiviwo katã dina be amewo nalɔ̃ yewoƒe nya eye xɔlɔ̃ geɖewo nanɔ yewo si la, nenema kee wonya eya hã. Ekema nu kae dzɔ ɖe edzi? Ame aɖewo gblɔ be anɔ eme be blanuiléledɔ ye nɔ fu ɖem nɛ, eye gakpe ɖe eŋu la, enɔa fefem kple fefetuwo henɔa kɔmpiutadzifefe nyanyɛ aɖewo siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le la ƒom. Gake ame aɖewo gblɔ be, ƒewuivi akpe geɖewo hã kpɔa gome le fefe siawo me hafi ɖe. Ke ame siwo wòwu ya ɖe? Ðe wòɖoe koŋ wu wo dometɔ aɖewo loo, alo ɖeko wòda tua ɖe wo dome ko? Susu geɖewo nɔ amewo si ku ɖe nu si tae wòwu nyɔnuvi enyi evɔ ŋutsuvi ɖeka ko wòwu la ŋu. Ame aɖeke mete ŋu ɖe nu si tututu tae wòdzɔ alea la me o.

Ale Si Amewo Wɔ Nu Le Hlɔ̃donua Megbe Teti

Heike gblɔ be: “Esi menɔ aƒe me eye mía viŋutsua ƒo ka nam tso suku hegblɔ nam be woda tu amewo le sukua la, nyemexɔe se o. Gake esi mekpɔ be kpovitɔwo ƒe ʋuwo kple dɔnɔkɔʋu geɖewo va nɔ yiyim la, dzidzi ƒom.” Anɔ eme be ale si kpovitɔwo ɖe afɔ kpata va ɖo teƒea kaba ye xe mɔ na amewulaa be mete ŋu wu ame geɖe wu le sukua o. Esi woƒo sukuviawo nu ƒu ɖe teƒe si le dedie vɔ la, kɔdzidɔwɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le nudzɔdzɔ kpatawo me, seselelãmekuxiwo ŋuti aɖaŋuɖolawo, kple mawununɔlawo de asi kpekpeɖeŋunana sukuviawo me hewɔ dɔ ʋuu ɖeɖi te wo ŋu.

Eteƒe medidi o, nyadzɔdzɔŋlɔla geɖewo tso teƒeteƒewo va sukua me henɔ agbagba dzem be yewoabia gbe sukuviawo, siwo dometɔ geɖe gakpɔtɔ nɔ vɔvɔ̃m. Sukuvi aɖe xlẽ ʋu siwo televisiondɔwɔƒe vovovo 26 ƒe dɔwɔlawo va tɔ ɖi ɖe sukua ŋkume la wode 28 sɔŋ. Nyatakakaŋlɔla ɖe sia ɖe nɔ agbagba dzem vevie be yee aka nudzɔdzɔa ŋuti nya ta gbã, eye esia wɔe be wona nyatakaka aɖewo siwo ŋu kpeɖodzi mele o. Nyatakakaŋlɔla aɖe yi nyɔnuvi aɖe si wowu le hlɔ̃donuwɔwɔa me la ƒe ƒometɔwo gbɔ gbe ma gbe ke hebia be woana eƒe fotowo ye, eye bubuwo xe fe na sukuviawo be woatɔ ɖi yewoaɖe foto wo. Esi nudzɔdzɔa na nyatakakaŋlɔla aɖewo tsi dzi vevie ta la, esesẽ na wo be woada asɔ le go eve aɖewo me: ale si woawɔ woƒe asi naka nudzɔdzɔa ŋuti nyatakaka siwo le eteƒe la do ŋgɔ na wo hati dɔwɔla bubuawo, kple ale si woaɖe veveseɖeamenu afia ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ahade bubu wo ŋu.

Abe ale si wònɔna zi geɖe le nudzɔdzɔ siawo tɔgbi me ene la, amewo trɔ ɖe subɔsubɔhawo ŋu be woafa akɔ na yewo ahaɖe nu si tae nu ma dzɔ ɖo la me na yewo. Le ŋkeke si hlɔ̃donua dzɔ dzi la, subɔsubɔha vovovowo va ƒo ƒu wɔ sɔleme aɖe. Ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe ɖetsɔleme si woɖe fia la ŋu. Ke hã, nublanuitɔe la, ame siwo nɔ mɔ kpɔm na akɔfafa tso Mawu ƒe Nya la me alo nɔ biabia siwo nɔ fu ɖem na wo la ƒe ŋuɖoɖowo dim la mekpɔ nu si dim wonɔ o. Ƒome aɖe de wo viŋutsu ƒe sukuxɔmehati aɖe ƒe kuteƒe. Ŋutsuvia dada gblɔ be: “Bisiɔp aɖe ƒo nu tso Hiob ƒe fukpekpewo ŋu. Menɔ lalam be wòaɖe nu si míasrɔ̃ tso eme la me alo wòagblɔ akɔfanya aɖe—ke hã, megblɔ nya aɖeke nenema o. Megblɔ nya aɖeke tso susu siwo tae nu sia dzɔ ɖe Hiob dzi ɖo alo nu si va do tso eme mlɔeba la ŋu o.”

Nya ƒuƒlu siwo ŋutsu aɖe se la te ɖe edzi vevie. Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple ŋutsu sia ƒe 30 aɖewoe nye ema va yi, gake eva dzudzɔ nua sɔsrɔ̃. Ke hã, le nudzɔdzɔ sia megbe la, egadze woƒe kpekpewo dede gɔme ake.

Valisa, nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 14, si Ðasefowo srɔ̃a Biblia kpli edziedzi la nɔ sukuxɔ aɖe si te ɖe teƒe si ʋukɔkɔɖia yi edzi le ŋu la me. Esi wòse tua ƒe ɖiɖi la, ete gbedodoɖa na Yehowa. Esi wobiae emegbe be aleke wòwɔ te ŋu le dzi dom hã la, egblɔ be nudzɔdzɔawo ɖo kpe nu si yesrɔ̃ le Biblia me ku ɖe ŋkeke mamlɛ siawo ŋu la dzi na ye. (2 Timoteo 3:1-5) Ðasefo eve aɖewo nɔ akɔfanyawo gblɔm na woƒe aƒelikawo veviedodotɔe. Nyɔnu tsitsi aɖe te ɖe wo ŋu hegblɔ be, “Ele be ame geɖe wu nanɔ nu si wɔm miele la wɔm.” Togbɔ be hlɔ̃donuwɔwɔa ɖe fu na ame vevie hewɔ nublanui hã la, eʋã ame aɖewo woɖo to se mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa ƒe gbedeasi si le Mawu ƒe Nya la me.

Nudzɔdzɔa Ƒe Ŋɔdziléame Gakpɔtɔ Le Fu Ðem Na Ame Aɖewo

Enye nyateƒe be, akɔfanya siwo woagblɔ tso dzi blibo me gɔ̃ hã mate ŋu aɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame kple vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo tẽe la me keŋkeŋ o. Nya aɖeke mate ŋu aɖe dzila si ƒe vi tsi eme la ƒe vevesese ɖa alo aɖe kpovitɔ si ƒu du yi sukua me eye wòkpɔe be ye srɔ̃ hã nɔ ame siwo wowu dome la ƒe nuteɖeamedzi ɖa keŋkeŋ o.

Nu va te ɖe sukuvi siwo kpɔ nudzɔdzɔa teƒe la kple woƒe ƒometɔwo siaa dzi vevie wotɔwotɔwoe. Esi amewulaa te tua dada la, Vassilios ti kpo to afi si woɖo ɖi be amewo nato ne afɔku aɖe dzɔ le vo me la do go. Egblɔ be: “Esi meti kpo to fesrea nu do la, medo gbe ɖa na Yehowa. Mesusu be mele kuku ge. Meka ɖe edzi be nye gbedodoɖa mamlɛa ye nye ema.” Le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me la, enɔa drɔ̃e baɖabaɖawo kum, eye medina be yeaƒo nu na ame aɖeke o. Ale si wotsɔ hlɔ̃dodoa ŋuti nyatakakawo nɔ asi tsamee kpakple ame siwo nɔ nyatakakawo dim ƒe nuwɔwɔ vevemaseɖeamenutɔe na dzi kui vevie. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, egbɔ va eɖokui me.

Jonas kple Vassilios ye nɔ sukuxɔ ɖeka me, gake eya kpɔ eteƒe wowu woƒe sukuxɔmevi atɔ̃. Egblɔ be: “Le nudzɔdzɔa megbe teti la, meɖea fu nam be maƒo nu tso ale si nua dzɔe ŋu o; ɖeko wònɔ nam abe sinima dziŋɔ aɖe ene. Gake fifia la, esesẽ ŋutɔ be magblɔ ale si mele sesem le ɖokuinye mee. Nye seselelãmewo trɔna tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Ɣeaɖewoɣi la, nyemedina be maƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋu o; ɣebubuɣiwo la, meƒoa nu tso eŋu fũu.” Eya hã kua drɔ̃e baɖabaɖawo, eye alɔ̃ menya dɔna nɛ o.

Ŋkeke aɖewo megbe la, wogbugbɔ sukuviawo ƒe nu siwo tsi woƒe sukuxɔawo me la na wo. Susuŋutinunyalawo xlɔ̃ nu be nu mawo kpɔkpɔ ate ŋu ana be woagaɖo ŋku hlɔ̃donua dzi. Gbã la, Jonas medi be yeaka asi yeƒe awudziwui, sukukplo, kple dzokekedolawo ƒe kukua ŋu o. Eye ɣesiaɣi si wòkpɔ ame aɖe wòɖi amewulaa alo kpɔ ame aɖe wòkpla akplo si ɖi amewulaa tɔ ɖe megbe la, ŋɔdzi lénɛ. Ne edzilawo le television dzi wɔna aɖe kpɔm eye wote tudada le eme la, enaa wòɖia vo le eɖokui me. Atikewɔlawo dze agbagba be yewoakpe ɖe ame siwo ŋu nudzɔdzɔ dziŋɔ ma gblẽ nu le la ŋu be woavo le susu me.

Jürgen, si nye Jonas fofo hã wɔa dɔ le susumedɔdaƒe, si wowu dɔwɔla aɖe le la. Egblɔ be dzila kple dɔwɔhati geɖewo nɔ wo ɖokuiwo biam be, “Nu ka tae nu sia dzɔ?” Eye wonɔ biabiam hã be, “Ne ɖe wònye nyee amewulaa da tui ɖe?” Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si wɔa dɔ le dɔnɔkɔa dzi, si nɔ xɔxɔnua hekpɔ amewulaa wòtso eme va yi eye wòkpɔe be anye ne ewu ye hã hafi la tɔtɔ ale gbegbe be wòhiã be susumedɔdalawo nana kpekpeɖeŋui.

Ale Si Wokpe Ðe Ame Aɖewo Ŋu Wonɔ Te Ðe Nɔnɔmea Nu

Nu kawoe ame aɖewo gblɔ be woawoe kpe ɖe yewo ŋu yewote ŋu nɔ te ɖe nu si gbegbe nudzɔdzɔ dziŋɔ ma gblẽ le yewo ŋu la nu? Jürgen gblɔ be: “Togbɔ be nu va tena ɖe ame dzi vevie ɣeaɖewoɣi hã la, hadede kple amewo nana be ame ƒe dzi dzea eme. Nyanya be amewo tsɔ ɖe le eme na ye, eye be womegblẽ ye ɖi o la, kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ.”

Edzɔa dzi na Jonas hã be amewo tsɔ ɖe le eme na ye. Egblɔ be: “Ame geɖewo ɖoa babadonamegbalẽviwo kple nya fakɔnamewo ɖem. Ame aɖewo ŋlɔa mawunyakpukpuiwo ɖe wo me, siwo mexlẽna enumake. Esia de dzi ƒo nam ŋutɔ.” Nu ka hãe gakpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Ne menyɔ le zã me eye nu te ɖe dzinye vevie la, medoa gbe ɖa. Ɣeaɖewoɣi la, meƒoa ha alo Nyɔ! * si woxlẽ lé ɖe CD dzi la sena.” Egblɔ kpee be Biblia gblɔ susu siwo tae nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo la na mí be: Satana ye le xexea dzi ɖum eye be míele xexea ƒe nuwuɣi. Fofoa gblɔ be, esia nyanya kpe ɖe yewo ŋu yewole dzi dom.

Eteƒe Madidi O, Fukpekpe Maganɔ Anyi O

Ŋkeke ʋɛ aɖewo le nudzɔdzɔa megbe la, amewo tsɔ bosomikaɖiwo, seƒoƒowo, kple lɛta gbogbo aɖewo ɖada ɖe sukua ŋkume. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Kerstin de dzesii be, le ame geɖewo ƒe lɛtaawo me la, wobia be, nu ka tae nu sia dzɔ, eye nu ka tae Mawu ɖe mɔ wòdzɔ ɖo mahã. Esi wòkpɔe be ehiã be woaɖo biabia mawo ŋu na amewo ta la, woa kple Ðasefo eve bubuwo ŋlɔ lɛta aɖe ɖada ɖe esiwo nɔ afi ma la dome.

Esi wonɔ ŋkuɖodziwɔna aɖe si ŋu dziɖuɖua wɔ ɖoɖo ɖo la wɔm la, televisiondɔwɔƒe aɖe ɖe eƒe lɛtaa fia heyɔ emenya gbãtɔawo, siwo gblɔ be: “Nu ka tae? Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame geɖewo yi edzi le nya sia biam madzudzɔmadzudzɔe, eye nya siwo wobiana vevie wue nye: Afi kae Mawu nɔ hafi? Eye nu ka tae wòɖe mɔ nu sia dzɔ ɖo?” Nublanuitɔe la, lɛtaa me nya mawo ŋu koe woƒo nu tso.

Nu ka tae míegblɔ be nublanuitɔe ɖo? Elabena lɛta la yi edzi ɖe nu si gbɔ fukpekpewo katã tso la me, eye wògblɔ be Mawu “akpɔ egbɔ be woaɖɔ nu siwo katã amegbetɔwo gblẽ le wo haviwo ŋu la ɖo.” Emegbe lɛtaa gblɔ kpee be: “Mawu gblɔ le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔa me be yeatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le amewo ƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã magana anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” Yehowa Mawu agbɔ agbe ame siwo ku gɔ̃ hã. Le eƒe Fiaɖuƒe si ava kpuie me la, afɔkuwo, hlɔ̃dodowo, alo fukpekpewo maganɔ anyi o. Elabena Mawu do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Yehowa Ðasefowoe taa Nyɔ! magazine la, eye woawo kee wɔa esi woxlẽ lé ɖe CD dzi la hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Jonas xɔ babadonamegbalẽvi aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be, “Míele ŋuwò bum vevie”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Focus Agency/WPN

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

© imagebroker/Alamy

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]

Foto: picture alliance

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]

Foto: picture alliance