Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Agbe Tegbee Nɔnɔ Le Paradiso Me Ati Mía?

Ðe Agbe Tegbee Nɔnɔ Le Paradiso Me Ati Mía?

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Agbe Tegbee Nɔnɔ Le Paradiso Me Ati Mía?

▪ Biblia na míenya be míate ŋu anɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Psalmo 37:29; Luka 23:43) Ðe agbe tegbee nɔnɔ le xexe si me fuɖenamenu aɖeke mele o ati mía?

Nyabiase nyui aɖee nye esia. Numekulawo de dzesii be ne nu ti kɔ na ame eteƒe didi la, ate ŋu ana wòava nɔ dzi tsim, alé blanui, alo awɔ nu siwo ade eƒe agbe afɔku me. Agbe ate ŋu ati ame siwo menya taɖodzinu si le agbea ŋu o alo ame siwo woƒe gbesiagbe dɔwo tea ɖeɖi wo ŋu la. Le Paradiso me la, ɖe amewo anɔ agbe taɖodzinu aɖeke manɔmeea? Ðe dzi mava nɔ amewo dzɔm le woƒe gbesiagbe dɔwo me oa?

Gbã la, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa Mawu, ame si nye Biblia Ŋlɔla, lae do agbe mavɔ ƒe ŋugbe la. (Yohanes 3:16; 2 Timoteo 3:16) Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Yehowa lɔ̃ mí vevie, eye egbɔe nu nyui siwo katã le mía si fifia la tso.—Yakobo 1:17.

Mía Wɔla la nya be be míakpɔ dzidzɔ la, ele be míanɔ dɔ si naa dzidzeme ame la wɔm. (Psalmo 139:14-16; Nyagblɔla 3:12) Le Paradisoa me la, dɔwɔlawo mase le wo ɖokui me be viɖe mele yewoƒe dɔ ŋu o. Dɔ siwo woawɔ la aɖe vi na woawo ŋutɔwo kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo tẽe. (Yesaya 65:22-24) Ne èle dɔ si nèsea vivi na si nana nèwɔa susu ŋu dɔ la wɔm gbe sia gbe la, ɖe agbea ati wòa?

Mele be míaŋlɔ be o hã be Yehowa maɖe mɔ ame sia ame ko nanɔ Paradisoa me o. Ame siwo asrɔ̃ Via, Yesu, ƒe kpɔɖeŋu la ko sie agbe mavɔ ƒe nunana la asu. (Yohanes 17:3) Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔa dzi nɛ. To eƒe nufiafia kple nuwɔna siaa me la, eɖee fia eyomedzelawo be dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Le Paradiso si woagbugbɔ aɖo anyi me la, ame sia ame atsɔ se vevitɔ eveawo awɔ dɔe—woawoe nye esi ku ɖe Mawu lɔlɔ̃ kple ame havi lɔlɔ̃ ŋu. (Mateo 22:36-40) Ðe dzi madzɔ wò ŋutɔ ne èle ame siwo lɔ̃ wò, eye wolɔ̃ dɔ si wowɔna, eye womedia wo ɖokui tɔ o la dome oa? Èsusu be agbe ati wò ne èle ame siawo ƒomevi domea?

Nu bubu ka hãe míakpɔ mɔ na le Paradisoa me? Mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míasrɔ̃ nu yeyewo tso mía Wɔla la ŋu gbe sia gbe. Numekulawo srɔ̃ nu wɔnuku geɖe tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. (Romatɔwo 1:20) Gake va se ɖe fifia la, eƒe mɔwo to koe míenya. Ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi la, nuteƒewɔla Hiob lé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu, eye nya si wògblɔ la gale eteƒe. Egblɔ be: ‘Esiawo nye Mawu ƒe mɔwo to ko, eye nu si sem míele la, nye dalĩdodo. Ke ame kae ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?’—Hiob 26:14.

Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖanɔ agbe o, míasrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu avɔ gbeɖe o. Biblia gblɔ be Mawu de agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi míaƒe dzi me. Ke hã, Biblia gblɔ kpee be ‘míanya mɔnu le nu siwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ’ ŋu gbeɖe o. (Nyagblɔla 3:10, 11) Èsusu be nu yeyewo sɔsrɔ̃ tso Wɔwòlaa ŋu ava ti wò gbe aɖe gbea?

Fifia gɔ̃ hã la, le ame siwo wɔa dɔ siwo ɖea vi na amewo, eye wòhea ŋutikɔkɔe vae na Mawu gome la, ƒãa hafi agbea tea ɖeɖi wo ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míeyi edzi do vevie nu le dɔ siawo ƒomevi wɔwɔ me la, agbe tegbee nɔnɔ gɔ̃ hã mati mí akpɔ o.

[Nɔnɔmetatawo Tsoƒe si le axa 27]

Anyigba: Image Science and Analysis Laboratory, NASA-Johnson Space Center; Ɣletiviwo ƒe hatsotso: The Hubble Heritage Team (AURA/STScI/NASA)