Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyagblɔɖi 2. Dɔwuame

Nyagblɔɖi 2. Dɔwuame

Nyagblɔɖi 2. Dɔwuame

“Nuɖuɖu ave.”—MARKO 13:8.

● Ŋutsu aɖe yi sitsoƒe di ge le Quaratadji, si nye kɔƒe aɖe le Niger me. Nɔɖia ƒe viwo, nɔviaŋutsuwo, kple nɔvianyɔnuwo hã si tso nuto aɖe si sa ɖe aga la me le dɔ si to le dukɔa me la nu va kɔƒea me. Gake ŋutsua ɖe eɖokui ɖe aga mlɔ aba dzi le anyigba. Nu ka tae? Sidi, si nye kɔƒea me fia, ɖe nu me be: “Mete ŋu le [eƒe ƒomea] dzi kpɔm o, eye magate ŋu ado dzi anɔ woƒe ŋkume kpɔm o.”

NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Le xexea me godoo la, ame 1 le 7 ɖe sia ɖe me mekpɔa nu ɖuna wòsunɛ gbe sia gbe o. Numakpɔɖui ƒe nyaa gavɔ̃ɖi wu le Afrika dukɔ siwo le Sahara ƒe anyiehe, afi si ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me mekpɔa nu ɖuna o ɣeyiɣi didi aɖe. Be míase nya sia gɔme nyuie la, tsɔe be ame etɔ̃e le ƒome aɖe me; vifofo, vidada, kple wo vi sue ɖeka. Ne ame eve koe akpɔ nu aɖu le wo dome ɖe, ke ame kae atsi dɔ? Vifofoa yea? Vidadaa yea? Alo ɖevia ye? Nyametsotso siae dzea ŋgɔ ƒome siwo le dukɔ mawo me gbe sia gbe.

NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Nuɖuɖu si wokpɔna le anyigba dzi la asu ame sia ame wòagatsi anyi. Nu si ko hiãe nye be woalé be na anyigbadzinuwo nyuie.

ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Ele eme be agbledelawo te ŋu le agble gãwo dem fifia wu tsã, si wɔe be wodzraa nuɖuɖu geɖe le xexea me. Ðe wòle be dziɖuɖuwo nalé be na nuɖuɖu mawo atsɔ akpɔ dɔwuame ƒe kuxia gbɔ hafi. Ke hã, ƒe gbogbo aɖewoe nye esia wole agbagba dzem le esia ŋu ʋuu do kpoe.

NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe Marko 13:8 le eme vam fifia? Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le mɔɖaŋununya me hã la, ɖe dɔ le ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ wum egbea?

Zi geɖe la, kuxi siwo dona tso ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi bubu aɖe mee kplɔa anyigbaʋuʋu kple dɔwuame ɖo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Ðevi siwo axamedɔ, mitsinyenyedɔ, kple dɔléle bubuwo wuna la dometɔ ɖeka le etɔ̃ me kple edzivɔ ate ŋu atsi agbe hafi ne ɖe wokpɔa nu nyui ɖuna.”—ANN M. VENEMAN, DƆDZIKPƆLA NA DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE ÐEVIWO ƑE NYAGBƆKPƆHA TSÃ.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

© Paul Lowe/Panos Pictures