Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyagblɔɖi 4. Ame Siwo Melɔ̃a Ame Ƒe Nya O

Nyagblɔɖi 4. Ame Siwo Melɔ̃a Ame Ƒe Nya O

Nyagblɔɖi 4. Ame Siwo Melɔ̃a Ame Ƒe Nya O

“Amewo . . . malɔ̃ woƒe ƒometɔwo o.”—2 TIMOTEO 3:1-3, God’s Word Bible.

● Chris wɔa dɔ le ŋutasẽnuwɔwɔ le ƒometɔwo ŋu ŋuti kpekpeɖeŋunaha aɖe me le North Wales. Eka nya ta be: “Meɖo ŋkui be gbe ɖeka la, nyɔnu aɖe si medze si la va gbɔnye, gake nyemekpɔe dze sii o, le esi woƒoe vivie ta.” Egblɔ hã be “Ale si wogblẽa nu le nyɔnu aɖewo ŋu le seselelãme gome la nana nu tena ɖe wo dzi ale gbegbe be ɖeko wodea mo to le ŋukpe ta.”

NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Akɔntabubuwo ɖee fia be le Afrika dukɔ aɖe me la, nyɔnu siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo ŋutasesẽtɔe le woƒe ɖevime la anɔ abe ame 1 le 3 ɖe sia ɖe me ene. Le dukɔ ma ke me la, numekuku aɖe si wowɔ la ɖee fia be ŋutsu siwo wu ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me xɔe se be esɔ be yewoaƒo yewo srɔ̃wo. Gake menye nyɔnuwo ŋu koe wowɔa ŋutasẽnuwo ɖo le aƒe me o. Le kpɔɖeŋu me, le Canada la, ŋutsu 3 le 10 ɖe sia ɖe me srɔ̃wo ƒoa wo alo sẽa ŋuta le wo ŋu le mɔ bubu nu.

NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋu li tso gbe aɖe gbe ke. Ðeko amewo gale nu ƒom tso eŋu egbea akpa.

ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Ele eme baa be wole to kɔm dzi na amewo tso ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋu ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me ŋutɔ ya. Gake ɖe nuƒoƒo tso eŋu alea na edzi ɖe kpɔtɔa? Kpao. Fifia boŋ ye ame geɖe le ŋuta sẽm le woƒe ƒometɔwo ŋu wu.

NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe 2 Timoteo 3:1-3 le eme vam egbea? Ðe lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ ƒometɔwo dome la le to yim le míaƒe ŋkekea mea?

Nyagblɔɖi atɔ̃lia si hã le eme vam fifia la ku ɖe míaƒe anyigba la ŋu. De dzesi nya si Biblia gblɔ tso esia ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

“Míalɔ̃ ɖe edzi be ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ƒometɔwo ŋue nye nu vlo wɔwɔ siwo dzi amewo mekɔa nu le kaba o la dometɔ ɖeka. Le mama dedie nu la, nyɔnuwo srɔ̃wo ƒoa wo wòdea zi 35 sɔŋ hafi wova dia kpovitɔwo ƒe mɔ.”—ŊUTASESẼ LE ƑOMETƆWO ŊU ŊUTI NYAWO GBƆKPƆHA SI LE WALES ƑE NYANUÐELA.