Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyagblɔɖi 6. Xexea Me Katã Ƒe Gbeƒãɖeɖedɔ

Nyagblɔɖi 6. Xexea Me Katã Ƒe Gbeƒãɖeɖedɔ

Nyagblɔɖi 6. Xexea Me Katã Ƒe Gbeƒãɖeɖedɔ

“Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.”—MATEO 24:14.

● Vaiatea nye nyɔnu aɖe le Pacific ƒukpo tsoabo aɖe si le Tuamotu Ƒukpohatsotsoa dzi la dzi. Togbɔ be Tuamotu nye ƒukpohatsotso si me ƒukpo suesuesue 80 sɔŋ le, eye wòlolo kilometa 802,900 godoo va kpe hã la, ame 16,000 pɛ koe le afi ma. Ke hã, Yehowa Ðasefowo ƒe gbedeasia te ŋu ɖo Vaiatea kple eƒe nutoa me tɔwo gbɔ. Aleke wòdzɔe? Nya lae nye be Ðasefowo dzea agbagba be yewoaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo katã, afi ka kee ameawo ɖale o.

NU KAE NUDZƆDZƆWO ÐE FIA? Wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe gbedeasia le anyigba ƒe akpa sia akpa. Le ƒe 2010 ɖeɖe dzaa ko me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo siwo wu biliɔn 1.6 tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia le dukɔ 236 sɔŋ me. Esia fia be Ðasefo ɖe sia ɖe zã miniti 30 le gbeƒãɖeɖedɔa me gbe sia gbe. Le ƒe ewo siwo va yi me la, woma Biblia srɔ̃gbalẽ biliɔn 20 kple edzivɔwo.

NUKPƆSUSU KAE LE AME GEÐE SI TSO NYA SIA ŊU? Wole gbeƒã ɖem Biblia me gbedeasia ƒe akpe geɖee nye esia.

ÐE NUKPƆSUSU MA SƆA? Nyateƒee wònye be ame geɖewo ɖe gbeƒã Biblia me gbedeasia kpɔ ya. Gake ɣeyiɣi vi aɖe ƒe nu ko wònye wowɔ, eye womewɔe wòde du hã o. Ke hã, Yehowa Ðasefowo ya le dɔ sia wɔm le ɖoɖo nu, eye gbedeasi si woɖea gbeƒãe la dea ame miliɔn alafa geɖe gbɔ le xexea me godoo. Ne amegbetɔwo ƒe habɔbɔ sẽŋutawo, siwo si ŋusẽ le tsi tre ɖe Ðasefowo ŋu vevie hã la, womedzudzɔa dɔ sia o, ke boŋ woyia edzi veviedodotɔe. * (Marko 13:13) Azɔ hã, womexea fe na Yehowa Ðasefowo ɖe dɔ sia ta o. Ke boŋ lɔlɔ̃nu faa dɔe wònye wowɔna, eye womedzraa woƒe agbalẽwo hã o. Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔe wotsɔna doa alɔ woƒe dɔa.

NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe wole gbeƒã ɖem “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la le xexea me katã? Ðe nyagblɔɖi sia ƒe emevava ate ŋu anye kpeɖodzi be nu nyui aɖe le ŋgɔ gbɔna kpuiea?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Kpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe video etɔ̃ siwo nye, “Faithful Under Trials,” “Purple Triangles,” kple “Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault” hena numekɔkɔ bubuwo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Zi ale si Yehowa nya ɖe mɔ ko la, míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia veviedodotɔe, eye míato mɔ sia mɔ dzi ana wòaɖo amewo gbɔ.”—2010 YEARBOOK OF JEHOVAH’S WITNESSES.