Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsri Hadede Vɔ̃!

Tsri Hadede Vɔ̃!

Na Ðeviwo

Tsri Hadede Vɔ̃!

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Dina, Sixem, Yakob, Simeon, kple Lewi

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Sixem dɔ Dina gbɔ sesẽe, eye nɔviaŋutsuwo bi dzi hebia hlɔ̃.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 34:1-31.

Nu kawoe nèsusu be Dina nɔa wɔwɔm kple exɔlɔ̃ Kanaantɔwo?

․․․․․

Èsusu be nu ka tae Sixem ‘nɔ Dina nu blem’?

․․․․․

Le kpukpui 30 lia me la, seselelãme kae nèsusu be Yakob tsɔ ƒo nui esime wònɔ mo kam na Simeon kple Lewi?

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Èsusu be nu ka tae Dina nɔ Kanaan ɖetugbuiwo gbɔ yim edziedzi ɖo? (Le kpɔɖeŋu me, nu kae anya nɔ wo kple Kanaan ɖetugbuiawo dome? Nu kae wòanya kpɔ le Kanaantɔwo dome si makpɔ le ye ŋutɔ ƒe aƒe me o?)

․․․․․

Nu kae Dina anya kpɔ le Sixem ŋu si ate ŋu ana Sixem ƒe nu nadzɔ dzi nɛ? (Gaxlẽ kpukpui 3, 12, kple 19.)

․․․․․

Aleke Biblia ɖee fia be Dina menɔ didim be Sixem nadɔ ye gbɔ hafi o? (Gaxlẽ kpukpui 2 lia.)

․․․․․

Ðe wòsɔ be Simeon kple Lewi nawu Sixemtɔwo atsɔ abia hlɔ̃ea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Nu si ta wòle vevie be nàdze xɔlɔ̃ ame nyuiwo.

․․․․․

Nu si ta wòle vevie be nàɖu ɖokuiwò dzi ne susu nyui aɖe tae nèdo dziku ɖo gɔ̃ hã.

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Nu kawoe nàte ŋu awɔ bena ame siwo mevɔ̃a Mawu o la nagadɔ gbɔwò sesẽe o?

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Ne Biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, alo xlẽ yevugbe me tɔ le www.watchtower.org