Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae gaɖɔlilawo nɔ Yerusalem gbedoxɔa me ɖo?

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, etso ɖe ametafatafa vɔ̃ɖi aɖe si nɔ edzi yim le gbedoxɔa me la ŋu. Biblia gblɔ be: “Yesu . . . [nyã] ame siwo le nu dzram kple ame siwo le nu ƒlem le gbedoxɔa me la katã do goe, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe bentsiwo ƒu anyi. Eye wògblɔ na wo be: ‘Woŋlɔe ɖi be, “Woayɔ nye aƒe la be gbedoɖaƒe,” ke miawo ya miele ewɔm adzodalawo ƒe doe.’”—Mateo 21:12, 13.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo zɔa mɔ tso dukɔ kple dugã vovovowo me vaa Yerusalem gbedoxɔa me, eye wotsɔa ga si woɖuna le teƒe mawo la ɖe asi vanɛ. Gake gaku ƒomevi aɖewo ko ŋue woɖe mɔ ɖo hena ƒe sia ƒe ƒe gbedoxɔ me nudzɔdzɔa xexe, vɔsalãwo ƒeƒle, kple lɔlɔ̃nu faa nunana bubuwo. Eya ta gaɖɔlilawo ɖɔa li gaku ƒomevi vovovoawo kple ga si woxɔna ɖe gbedoxɔ me nudzɔdzɔa ta, eye woxɔa ga ɖe dɔ sia wɔwɔ ta. Ne Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuiɖuɣiwo le ɖoɖom la, gaɖɔlilawo ɖoa woƒe kplɔ̃wo ɖe gbedoxɔa ƒe akpa si nye Dukɔwo Me Tɔwo Ƒe Xɔxɔnua.

Ale si Yesu gblɔ be gaɖɔlilawo le gbedoxɔa wɔm “adzodalawo ƒe doe” la na wòdze ƒãa be wonɔ amewo bam nɔ ga gãwo xɔm le wo si.

Nu ka tae amewo dea asixɔxɔ amitiwo ŋu vevie le Biblia ŋlɔɣiwo ɖo?

Amitiwo kple waingblewo nɔ nu siwo Mawu do ŋugbe be yeatsɔ ayra yeƒe amewo ne wowɔ nuteƒe na ye la dome. (5 Mose 6:10, 11) Le afi siwo amitiwo wɔna le la, amewo gadea asixɔxɔ wo ŋu vevie va de asi na egbe. Etea ŋu tsea ku gbogbowo ƒe alafa geɖe, eye mehiã na beléle tɔxɛ aɖeke o. Ati si wolé be na la tea ŋu wɔna nyuie le kpenyigba dzi, eye ne ku le ɖiɖim enuenu hã la, etea ŋu nɔa te ɖe enu. Ne wolã atia la, atitakpoa ƒe kewo gadzena, eye woawo hã tea ŋu tsina zua ati yeyewo.

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wodea asixɔxɔ eƒe atikpa kple aŋgbawo ŋu le esi wozãnɛ tsɔ léa ŋudza nu ta. Atimitsi si dona tsoa eƒe atilɔ xoxoawo me la ʋena lilili, eye wozãnɛ tsɔ wɔa ami ʋeʋĩ. Ke nu si koŋ tae wodea asixɔxɔ eŋu ɖoe nye be enye nuɖuɖu hã, amititsetsea ŋutɔ kple ami si wokpɔna tsoa eme la siaa. Ne amititsetsea ɖi, eye wotui wòme nyuie la, eƒe afã nyea ami ɖeɖe.

Le ƒe ɖeka me la, woate ŋu akpɔ ami lita 57 sɔŋ tso ati nyui ɖeka me. Azɔ hã, wodea ami si wokpɔna tso amiti me la akaɖiwo me, wowɔa eŋu dɔ le kɔnuwo kple subɔsubɔwɔnawo me, enye ami sisi kple ɖamemi, eye wònye abiwutike si nana abi bɔbɔna, eye wònana vevesesea nu fana.—2 Mose 27:20; 3 Mose 2:1-7; 8:1-12; Rut 3:3; Luka 10:33, 34.