Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

2 Mawu Metsɔ Ðeke Le Eme Na Mí O—Nyateƒeea?

2 Mawu Metsɔ Ðeke Le Eme Na Mí O—Nyateƒeea?

2 Mawu Metsɔ Ðeke Le Eme Na Mí O—Nyateƒeea?

Ðewohĩ èse wogblɔ be: “Ne ɖe Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea vavã la, anye ne aɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ɖa le xexea me. Ne etsɔ ɖe le eme na ame bubuwo hã la, metsɔ ɖeke le eme na nye ya o.”

Nu si Biblia fia: Menye Yehowa Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso o. (Yakobo 1:13) Togbɔ be ate ŋu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa ɣesiaɣi si wòlɔ̃ hã la, eɖe mɔ ame gblẽkuwo li gbɔ, bene yeakpɔ nya siwo fɔ ɖe te le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la gbɔ. Ava na gbɔdzɔe ameƒomea mlɔeba, eye wòaɖɔ nu siwo ame siwo gbe be yewomabɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye te o gblẽ la ɖo.—1 Mose 3:1-6; Yesaya 65:17. *

Ele eme be Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea katã ya, ke hã egatsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Mateo 10:29-31 ɖee fia be edea dzesi nu siwo míawo ŋutɔwo míenya le mía ɖokui ŋu o gɔ̃ hã. Afi ma gblɔ be: “Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue oa? Ke hã, wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã kura gɔ̃ hã. Eya ta migavɔ̃ o: Miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.”

Ale si nyateƒea nyanya aɖe vi na wò: Zi geɖe la, míedina be míate ɖe ame siwo metsɔa ɖeke le eme na ame o la ŋu o. Eya ta mewɔ nuku o be alakpanya si nye be Mawu metsɔa ɖeke le eme na ame o la wɔnɛ be ame geɖe medina be yewoadze sii kura o, eye ne womekpɔ afi aɖeke woatrɔ ɖo o ko hafi wotena ɖe eŋu. Ne ènyae be Yehowa Mawu tsɔ ɖe le eme na wò vavã la, àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu ahadi be xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ mia kplii dome.

Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be ne èdo gbe ɖa ɣeaɖewoɣi la, èbiaa ɖokuiwò be ɖe Mawu seea, alo be ɖe wòaɖo eŋua. Biblia ka ɖe edzi na mí be ‘Gbedodoɖasela’ la le klalo ɣesiaɣi be yease ame siwo tena ɖe eŋu le anukware me la ƒe gbedodoɖawo.—Psalmo 65:3.

Mawu le kpewòm be ‘nàdro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Ne míele kuxi sesẽwo me tom gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí, elabena eƒe Nya la gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Ne Mawu metsɔ ɖeke le eme na mí o ɖe, ke nu ka tae wòdi be míado gbe ɖa na ye?