Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawu Ƒe Sewo Ðea Vi Na Míi?

Aleke Mawu Ƒe Sewo Ðea Vi Na Míi?

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Aleke Mawu Ƒe Sewo Ðea Vi Na Míi?

Wodzro nyabiase aɖewo siwo anya va susu me na wò kpɔ la me le nyati sia me hefia asi Biblia ƒe teƒe siwo ŋuɖoɖoawo dze le. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nya siawo me kpli wò.

1. Nu ka tae wòle be míaɖo to Mawu?

Ele be míaɖo to Mawu, elabena eyae wɔ mí. Yesu gɔ̃ hã ɖo to Mawu ɣeawokatãɣi. (Yohanes 6:38; Nyaɖeɖefia 4:11) Mawu ƒe sewo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be míelɔ̃e.—Xlẽ 1 Yohanes 5:3.

Míaƒe nyui tae Yehowa Mawu ƒe sewo katã li ɖo. Wonana míenyaa mɔ nyuitɔ si nu míanɔ agbe ɖo fifia eye wofiaa mí ale si míawɔ axɔ yayra mavɔwo le etsɔme.—Xlẽ Psalmo 19:8, 12; Yesaya 48:17, 18.

2. Aleke Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ nana míenɔa lãmesẽ me?

Se si Mawu de ku ɖe ahamumu ŋu dzi wɔwɔ kpɔa mía ta tso dɔléle vɔ̃ɖiwo kple afɔku dziŋɔ geɖewo me. Ahatsunono nana wowɔa nu susumanɔmetɔe. (Lododowo 23:20, 29, 30) Yehowa ɖe mɔ ɖe ahanono ŋu; gake edi be míanoe le ŋuɖɔɖo me.—Xlẽ Psalmo 104:15; 1 Korintotɔwo 6:10.

Yehowa xlɔ̃ nu mí tso ŋuʋaʋã, dzikudodo helĩhelĩ, kple nɔnɔme bubu siwo gblẽa nu le ame ŋu la ŋu. Nuxlɔ̃ame siawo dziwɔwɔ nana míenɔa lãmesẽ nyui me.—Xlẽ Lododowo 14:30; 22:24, 25.

3. Aleke Mawu ƒe sewo kpɔa mía tae?

Mawu de se be ame nagadɔ kple ame si menye srɔ̃a o. (Hebritɔwo 13:4) Ne srɔ̃tɔwo wɔ ɖe se sia dzi la, wonɔa dedie eye esia kpɔa wo viwo ta. Gake ne ame dɔ kple ame si menye srɔ̃a o la, nu siwo dona tso eme ƒe ɖewoe nye dɔléle, srɔ̃gbegbe, ŋutasẽnuwɔwɔwo, dzigbãnyawo, kple dzilaɖekɛƒomewo.—Xlẽ Lododowo 5:1-9.

Ne míeƒoa asa na nu siwo ate mí kpɔ be míadɔ kple ame si menye mía srɔ̃ o la, ana míakpɔtɔ anye Mawu xɔlɔ̃. Esia awɔe hã be míagblẽ nu le ame bubuwo ŋu o.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:3-6.

4. Aleke bubudede agbe ŋu ɖea vi na míi?

Ame siwo dea bubu Mawu ƒe nunana si nye agbe ŋu la nɔa lãmesẽ me nenye be wodzudzɔ numamewo abe atama kple atike bubu siwo gblẽa nu le ame ŋu ene nono. (2 Korintotɔwo 7:1) Mawu dea asixɔxɔ fugboe si le dɔme kura gɔ̃ hã ƒe agbe ŋu. (2 Mose 21:22, 23) Eya ta mele be míaɖoe awu vinɔdɔme o. Ame siwo bua agbe nu xɔasii abe Mawu ene la mewɔa nu siwo ade woƒe agbe afɔku me o ne wole dɔwɔƒe, aƒe me, alo ʋu me. (5 Mose 22:8) Nenema kee womedea woƒe agbe afɔku me le kamedefefewɔwɔ hã me o, elabena nunanae agbe nye tso Mawu gbɔ.—Xlẽ Psalmo 36:10.

5. Aleke ʋu ƒe nu kɔkɔenyenye ɖea vi na míi?

Ʋu nye nu kɔkɔe elabena Mawu gblɔ be nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ʋu le tsitre ɖi na eƒe agbe, alo luʋɔ. (1 Mose 9:3, 4) Mawu ƒe se, si tsɔ ʋu sɔ kple agbe, la ɖea vi na mí. Le mɔ ka nu? Se sia na wònya wɔ be woatsɔ nu vɔ̃wo ake.—Xlẽ 3 Mose 17:11-13; Hebritɔwo 9:22.

Esi Yesu de blibo ta la, eƒe ʋu xɔ asi vevie ŋutɔ. Yesu tsɔ eƒe ʋu, si tsi tre ɖi na eƒe agbe, na Mawu ɖe mía ta. (Hebritɔwo 9:12) Eƒe ʋu si wokɔ ɖi la ʋu agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí.—Xlẽ Mateo 26:28; Yohanes 3:16.

Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 12 kple 13 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.