Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae woŋlɔ ɖe vɔsamlekpui si apostolo Paulo kpɔ le Atene la dzi be “Mawu Si Womenya O La Tɔe” ɖo?​—Dɔwɔwɔwo 17:23.

Blema Hela agbalẽŋlɔla vovovowo ƒo nu tso vɔsamlekpui siawo ƒomevi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ŋutinyaŋlɔla kple anyigbaŋutinunyala Pausanias, si nɔ anyi le ƒe alafa evelia Mía Ŋɔli me, gblɔ be “mawu siwo Womenya O la ƒe vɔsamlekpui aɖe” nɔ Olympia. Eye Philostratus, si nye dutoƒonuƒoƒola kple xexemenunyala, gblɔ be “woɖi vɔsamlekpuiwo na mawu siwo womenya o gɔ̃ hã” la ɖe Atene.

Ƒe alafa etɔ̃lia Mía Ŋɔli me agbalẽŋlɔla Diogenes Laertius tu xo aɖe si ɖe nu si tae woɖia “vɔsamlekpui siwo dzi ŋkɔ mele o” la me. Le ƒe alafa ade alo adrelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe xotutu ma nu la, ame aɖe si ŋkɔe nye Epimenides kɔ Atene ŋu tso dɔvɔ̃ aɖe me. Diogenes ŋlɔ bena: “[Epimenides] kplɔ alẽwo . . . va Areopago la mee; eye wòɖe asi le wo ŋu be woayi afi si dze wo ŋu, eye wògblɔ na ame siwo dze alẽawo yome la be woade dzesi afi si alẽ ɖe sia ɖe atsyɔ akɔ ɖo ahasa vɔ na nuto ma me ƒe mawu le afi ma. Wogblɔ be esia na dɔvɔ̃a nu tso. Eya ta Attica ƒe teƒe vovovowo li egbea gɔ̃ hã si nàkpɔ vɔsamlekpui siwo dzi ŋkɔ mele o.”

Numekugbalẽ aɖe (The Anchor Bible Dictionary) gblɔ nu bubu si gbɔ wòate ŋu atso be woɖia vɔsamlekpuiwo na mawu siwo womenya o la ale: “Wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ yewomele bubu dem mawu alo mawunɔ aɖe si yewomenya o la ŋu o, si awɔe be mayra yewo o alo be ado dɔmedzoe ɖe yewo ŋu.”

Nu ka tae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo doa vlo nudzɔlawo ɖo?

Tso gbe aɖe gbe ke la, amewo melɔ̃a nudzɔlawo ƒe nya o. Ke le ƒe alafa gbãtɔ me la, Israel viwo bua wo ɖe ame siwo to vo hegblẽ ku wu la dome.

Roma dziɖuɖumegãwo xɔa adzɔ gãwo le amewo si. Roma-megãwo xɔa adzɔ ɖe anyigba ta, tsɔ kpe ɖe esi woxɔna le ame tsitsi ɖe sia ɖe si la ŋu. Ame si ate ŋu axɔ adzɔ geɖe wu na Romatɔwo lae wotsɔa dɔa nana. Eya ta Yudatɔ asitsalawo tea ŋu toa esia dzi zua adzɔxɔlawo. Woxɔa adzɔ ɖe adzɔnu siwo wotsɔ va dukɔa me, esi wotsɔ yina duta, kple esi wotsɔna toa woƒe dukɔa me yina dukɔ bubu me la ta. Esi Yudatɔ siawo lɔ̃ faa be Romatɔwo nazã yewo ta la, numekugbalẽ aɖe (M’Clintock and Strong’s Cyclopædia) gblɔ be wo tɔ Yudatɔwo tsri woƒe nya hebua wo “yomemɔfialawo kple xɔsegbela siwo ƒo ɖi, le esi wodo ka kple trɔ̃subɔlawo kplikplikpli ta.”

Wonya nudzɔlawo nyuie ɖe woƒe anukwaremaɖimaɖi ta, elabena wotafa wo detɔwo hewɔ viɖe geɖe le wo ŋu. Wo dometɔ aɖewo kaa ga kpea adzɔgaa wu ale si dze, eye wotsɔa esi tsi edzi la ƒona ɖe kotoku me alo wotoa alakpanutsotsowo dzi dzɔa nu le ame dahewo si. (Luka 3:13; 19:8) Le esia ta, wobua nudzɔlawo nu vɔ̃ wɔlawoe, eye The Jewish Encyclopedia gblɔ be “womeɖe mɔ na wo be woanye ʋɔnudrɔ̃lawo alo aɖu ɖasefo o.”—Mateo 9:10, 11.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 18]

Mawu si womenya o ƒe vɔsamlekpui, Pergamo glikpowo, Turkey

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 18]

Romatɔwo ƒe kpetata si dzi nudzɔla le, ƒe alafa 2 alo 3 lia mía ŋɔli

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Erich Lessing/Art Resource, NY