Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàka Ðe Wò Nukpɔsusuwo Dzia?

Ðe Wòle Be Nàka Ðe Wò Nukpɔsusuwo Dzia?

Ðe Wòle Be Nàka Ðe Wò Nukpɔsusuwo Dzia?

ÐƆKTA aɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe xɔ me dziɖeɖitɔe nɔ television dzi wɔna aɖe si me wonɔ gbe biam dziɖuɖumegã aɖe le la kpɔm. Esi ɖɔktaa lé ŋku ɖe dziɖuɖumegãa ƒe mo nyuie la, ede dzesi nane si na wòƒo nya ta be nutete vɔ̃ɖi aɖe anya le eƒe mo. Eɖo aɖaŋu na dziɖuɖumegãa be wòana woadoe akpɔ enumake.

Esi wodoe kpɔ la, wode dzesii be ɖɔktaa ƒe nyaa le eme vavã. Le ɖɔkta sia gome la, ete ŋu lé ŋku ɖe dɔnɔa ŋu ko nya nu si tututu nɔ fu ɖem nɛ. Gake ame aɖewo hã susui be yewoate ŋu anya ame ƒe nɔnɔme, amenyenye alo anya ne enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, to ŋkuléle ɖe eŋu dzi.

Le ƒe alafa siwo va yi me la, numekulawo te kpɔ be yewoato dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nusɔsrɔ̃mɔnu aɖe dzi anya ame ƒe nɔnɔme to eƒe gotagome dzedzeme dzi. Woyɔa mɔnu sia be physiognomy, eye numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be “enye nusɔsrɔ̃mɔnu si mewɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya o, si me amewo tena kpɔ be yewoanya ame ƒe nɔnɔme to ŋkuléle ɖe eƒe mo alo ametia ƒe nɔnɔme dzi.” Le ƒe 1800-awo me la, amegbetɔŋutinusrɔ̃lawo abe Francis Galton, si nye Charles Darwin ƒe ƒometɔ, kple hlɔ̃dodoŋutinunyalawo abe Cesare Lombroso si tso Italy ene to nufiafiawo kple mɔnu siawo tɔgbi vae, gake ƒe geɖewoe nye esia ame aɖeke megatsɔa wo wɔa dɔe o.

Ke hã, ame geɖe gaxɔe se be anya wɔ be woanya ame si tututu ame aɖe nye to ŋkuléle ɖe eƒe gotagome dzedzeme ko dzi. Ðe míate ŋu aka ɖe nukpɔsusu mawo dzia?

Nyataƒoƒo Si Nɔ Te Ðe Nu Si Wokpɔ Dzi

Ale si ame aɖe nɔ te ɖe gotagome dzedzeme dzi ƒo nya ta si mesɔ o la ƒe kpɔɖeŋu dze le Biblia gbalẽ si nye Samuel Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. Yehowa Mawu gblɔ na nyagblɔɖila Samuel be wòasi ami na Isai ƒemetɔwo dometɔ ɖeka be wòava nye Israel fia. Biblia gblɔ be: “Esi [Isai viwo va], eye wòkpɔ Eliab la, ebu bena: ‘Eƒe amesiamina la enye si do ɖe Yehowa ŋku me vavã!’ Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: ‘Mègakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye ale si amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.’” Mlɔeba, Mawu tia David, si nye Isai viŋutsu enyilia, be wòava nye Israel fia, togbɔ be Samuel kple Isai mebui ɖe eŋu o, eye meva susu me na ame aɖeke be woakplɔe ava Samuel ŋkume gɔ̃ hã o.—1 Samuel 16:6-12.

Alea koe wògale egbea hã. Nyitsɔ laa le Germany la, hlɔ̃dodoŋutinunya ƒe nufialagã aɖe wɔ numekuku aɖe si me wòdo sukuvi 500 siwo nɔ seŋutinunya srɔ̃m kpɔ le. Ekplɔ ame 12 siwo sukuviawo menya o la vae. Wo dometɔ aɖewoe nye, nutoa me kpovitɔwo ƒe amegã kple senyala amenutsola aɖe, yunivɛsitia ƒe gadzikpɔla kple dɔwɔƒe aɖe teƒenɔla, senyalawo kple ʋɔnudrɔ̃ƒedɔwɔla aɖewo, kple nu vlo wɔla etɔ̃. Wobia tso sukuviawo si be woagblɔ dɔ si amedzroawo wɔna, wo dometɔ siwo wòle be woade gaxɔ me kple nu vlo siwo wowɔ. Eye ele be woanɔ te ɖe ameawo ƒe dzedzeme kple nu siwo wogblɔ be yewotsɔna ɖea modzakae la ɖeɖe ko dzi awɔ esia.

Nu kae wode dzesii? Sukuvi abe 75 le alafa me ene, te ŋu de dzesi nu vlo wɔla etɔ̃awo. Gake sukuvi abe 60 le alafa me ene tɔ asi amedzro asieke bubuawo siwo nu wometso ɖe nu vlo wɔwɔ aɖeke ta o la hã dzi be wonye nu vlo wɔlawo. Sukuvi 1 le 7 me susui be nutoa me senyala amenutsolaa nye atike vɔ̃ɖi dzrala, eye sukuvi 1 le 3 me susui be kpovitɔwo ƒe amegã la nye fiafitɔ! Esia fia be ne ame aɖe nɔ te ɖe gotagomenuwo dzi ƒo nya ta la, ate ŋu ada aƒu kura. Nu ka tae?

Gotagome Dzedzeme Tea Ŋu Flua Ame

Ne míedo go ame aɖe zi gbãtɔ la, míetea ŋu nɔa te ɖe nu siwo teƒe míekpɔ va yi dzi ƒoa nya ta le ame si ƒomevi wònye ŋu. Míeva nɔa te ɖe dzidzenu aɖewo dzi bua susu aɖewo ɖe amea ŋu. Tsɔ kpe ɖe amea ƒe dzedzeme ŋu la, míetea ŋu nɔa te ɖe dukɔ alo to si me amea tso, kple hadomeɖoƒe alo subɔsubɔha si me tɔ wònye dzi ƒoa nya ta le ame si ƒomevi wònye ŋu alo drɔ̃a ʋɔnui gɔ̃ hã.

Ne míeva kpɔe be nu si míesusu tso amea ŋu le eme la, míeva ƒoa nya ta be míaƒe nukpɔsusuwo le eteƒe, eye míegava kana ɖe nu siwo míesusuna le amewo ŋu la dzi geɖe wu. Ke hã, ne míeva de dzesii be nu si míesusu tso amea ŋu mele eteƒe o la, aleke míewɔa nui? Ne míenye anukwaretɔwo la, ke ele be míaɖe asi le míaƒe nukpɔsusuawo ŋu ahatsɔ nyateƒea awɔ dɔe. Ne menye nenema o la, míanɔ nu gblẽm le amewo ŋu alo anɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo ŋu gɔ̃ hã, le esi dada na míesusui be míaƒe nukpɔsusu le amewo ŋu medana ƒuna o ta.

Menye ame si ŋu wobu susu aɖe ɖo le eƒe dzedzeme ta la ko ŋue wògblẽa nu le o, ke egblẽa nu le ame si le susua bum ɖe eŋu la hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yudatɔ geɖe mexɔe se be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo la o. Nu ka tae? Esi wotu woƒe nukpɔsusuwo ɖe gotagome dzedzeme ko dzi ta la, nu si wokpɔ le Yesu ŋu koe nye be enye atikpala tsɛ aɖe ƒe vi. Togbɔ be Yesu ƒe nya siwo me nunya le kple eƒe nukunuwo wɔ dɔ ɖe wo dzi hã la, womexɔ edzi se o, le esi susu aɖewo nɔ woawo ŋutɔwo si ku ɖe ame si ƒomevi Mesia la anye ŋu xoxo ta. Esia wɔe be Yesu tiae be yeaɖe gbeƒã na ame bubuwo boŋ, eye wògblɔ hã be: “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi, negbe le wo de kple ye ŋutɔ ƒemetɔwo dome koe womebunɛ le o.”—Mateo 13:54-58.

Yudatɔ mawo nye dukɔ aɖe si me tɔwo nɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe alafa nanewoe nye ema. Esi wona woƒe nukpɔsusuwo xe mɔ na wo be womekpɔ Mesia la dze sii le ɣeyiɣi si me wòva ɖo mlɔeba o ta la, woƒe nu medze Mawu ŋu o. (Mateo 23:37-39) Amewo mebu susu nyui ɖe Yesu yomedzelawo hã ŋu o. Esesẽ na ame geɖe be woaxɔe ase be nya vevi aɖe anɔ tɔƒodela ʋɛ mawo siwo nye ame tsɛwo, siwo agbalẽnyalawo kple subɔsubɔha xɔŋkɔwo ƒe kplɔlawo doa vloe la, si woagblɔ. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si nye be ame nava zu Mawu Vi la yomedzelawo la to ame siwo lé woƒe nukpɔsusuwo me ɖe asi kokoko la ŋu.—Yohanes 1:10-12.

Ame Aɖewo Trɔ Woƒe Susu

Yesu ŋɔlimetɔ aɖewo siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo la trɔ woƒe susu esime wokpɔ nu siwo Yesu wɔ. (Yohanes 7:45-52) Yesu ƒe ƒometɔ aɖewo hã nɔ ame siwo mesusui gbã be yewoƒe ƒometɔ aɖe ate ŋu anye Mesia la o la dome. (Yohanes 7:5) Ke hã, wowɔe nyuie be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotrɔ woƒe susuwo hexɔ edzi se. (Dɔwɔwɔwo 1:14; 1 Korintotɔwo 9:5; Galatiatɔwo 1:19) Nenema kee le ƒe aɖewo megbe le Roma la, Yudatɔwo ƒe amegã aɖewo tiae be yewoaɖo to apostolo Paulo ƒe numenyawo tsɔ wu be yewoatsɔ ame siwo lé fu Kristotɔwo la ƒe ameŋugblẽnyawo awɔ dɔe. Esi woɖo toe la, wo dometɔ aɖewo va zu xɔsetɔwo.—Dɔwɔwɔwo 28:22-24.

Egbea, ame geɖe mebua susu nyui ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu o. Nu ka tae? Zi geɖe la, menye le esi wodzro kpeɖodziwo me kpɔ alo be wokpɔ nane si aɖee afia be Ðasefoawo ƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o tae o. Ke boŋ esi wòsesẽna na ame geɖe be woaxɔe ase be Yehowa Ðasefowoe le nyateƒea gblɔm le subɔsubɔnyawo gome tae. Àɖo ŋku edzi be susu sia kee nɔ amewo si ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me.

Mewɔ nuku be amewo ƒoa nu tsia tre ɖe ame siwo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu la ŋu alo gblẽa wo ŋu o. Nu ka tae? Elabena Yesu xlɔ̃ nu eyomedzela vavãwo be: “Amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.” Gake ede dzi ƒo na wo gblɔ bena: “Ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”—Mateo 10:22.

Egbea, Yehowa Ðasefowo wɔa se si Yesu de na wo la dzi heɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le xexea me godoo kutrikukutɔe. (Mateo 28:19, 20) Le ame siwo gbe gbidii be yewomaɖo to o gome la, agbe mavɔ mɔa dzi nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa ate ŋu ato wo ŋu. (Yohanes 17:3) Ke wò ɖe? Ðe nàɖe mɔ be wo nukpɔsusuwo alo nu siwo le susu me na wò xoxo la nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwòa, alo àlɔ̃ faa adzro kpeɖodziawo me nazãbubu manɔmeea? Ðo ŋku edzi be: Gotagome dzedzeme tea ŋu flua ame, eye míate ŋu ada aƒu le míaƒe nukpɔsusuwo me; gake ne míedzro kpeɖodziawo me nazãbubu manɔmee la, dzi adzɔ mí le nu siwo ŋu míake ɖo la ta.—Dɔwɔwɔwo 17:10-12.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 11]

Yudatɔwo ƒe nukpɔsusuwo wɔe be womexɔe se be Yesue nye Mesia la o

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 12]

Ðe ale si nèbua Yehowa Ðasefowoe la nɔ te ɖe wò nukpɔsusuwo dzi loo alo ɖe nyateƒenyawo dzi?