Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Avɔwo Kple Amadedewo Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me

Avɔwo Kple Amadedewo Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me

Avɔwo Kple Amadedewo Le Biblia Ƒe Ɣeyiɣiwo Me

WOƑO nu tso atsyã, amadede kple nu siwo wotsɔ wɔ awu siwo blematɔwo do la ŋu zi geɖe le Biblia me.

Ele eme be menye agbalẽ si ƒoa nu tso awudodo kple wo ŋuti atsyãwo ŋue Biblia nye o ya. Gake nya siwo Biblia gblɔ tso wo ŋu la ate ŋu ana nuxlẽlaa nakpɔ nu siwo ŋu wole nu ƒom tsoe la nyuie le susu me.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso nudodo tsɛ si Adam kple Xawa wɔ na wo ɖokui be yewoatsɔ atsyɔ yewoƒe amae la ŋu, si nye be wotɔ gboti ƒe aŋgbawo hesa ɖe ali. Ke hã, Mawu tsɔ “lãgbalẽwu,” si anɔ anyi eteƒe nadidi wu la, ɖɔ lii na wo emegbe.—1 Mose 3:7, 21.

Mose Ƒe Agbalẽ Evelia ta 28 kple 39 hã ɖɔ awu siwo Israel ƒe nunɔlagãa dona la tsitotsito. Nu siwo wòdona la dometɔ aɖewoe nye awu ʋlaya ɣi, alidziblavɔ si wolɔ̃, kɔmewutewui blɔ si womeɖo abɔ na o, kɔmewu si me wolɔ̃ atsyãwo ɖo kple akɔtaɖonu la, hekpe ɖe tablanu kple eŋuti sika gbabɛ dadzo la ŋu. Ne míexlẽ nu tso ale si woɖɔ nu xɔasi vovovo siwo wotsɔ wɔ awu siawoe ŋu la, ale si gbegbe woƒe dzedzeme anya kpɔe la, dzena kɔtɛ.—2 Mose 39:1-5, 22-29.

Nyagblɔɖila Eliya ƒe awudodo ɖe dzesi ale gbegbe be ne woɖɔe na amewo la, wokpɔnɛ enumake be eyae. Woɖɔe ale: “Ŋutsu la nye fume, eye wòtsɔ lãgbalẽ bla ali dzi.” Ƒe alafawo megbe la, amewo susui be Eliyae Yohanes Amenyrɔɖetsimela la nye. Ðewohĩ esi Yohanes ƒe awudodo ɖi Eliya tɔ hã tae wosusui nenema ɖo.—2 Fiawo 1:8; Mateo 3:4; Yohanes 1:21.

Awuwo Kple Amadedewo Biblia ƒo nu tso nu siwo wotsɔ wɔa awuwoe la ŋu zi geɖe, hekpe ɖe amadedewo kple nu siwo me woɖea wo tsonɛ, ɖetitetre, avɔlɔlɔ̃ kple awutɔtɔ hã ŋu. * Aƒemelãwo ƒe fu kple aklala, si wokpɔna tsoa ati si nye flaks, si le abe ɖeti ene me la koŋue wotsɔ wɔa avɔwoe. Wogblɔ be Habel nye “lãnyila.” (1 Mose 4:2) Biblia megblɔe nenye be lãfua tae Habel nyi wo ɖo ya o. Zi gbãtɔ si woƒo nu tso aklalabiɖibiɖiwu ŋu le Biblia mee nye esime Farao doe na Yosef le ƒe alafa 18 lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me. (1 Mose 41:42) Biblia megblɔe tẽe be Yudatɔwo wɔ awuwo tso ɖeti me o, gake wonɔ ezãm tso tititi ke le Titina Ɣedzeƒe-nyigbawo dzi.

Wogbia ka nyuiwo tso lãfu kple flaks la siaa me ɖe titrime vovovowo nu hetsɔa ka siawo lɔ̃a avɔe. Wodea ama vovovo kawo kple avɔwo. Eyome wotsoa avɔa ɖe edola ƒe nɔnɔme nu. Be awua nanya kpɔ, eye asixɔxɔ geɖe wu nanɔ eŋu la, wolɔ̃a atsyãwo, kpakple ka siwo le amadede vovovowo me la, ɖe eme.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:30.

Ama siwo nye blɔtɔ, aɖabɛ dzĩ, kple dzĩa ye Biblia yɔ zi geɖe be wodea avɔwoe. Wode se na Israel viwo be woade gbowo woƒe awuwo to, eye ‘woalɔ̃ ka blɔtɔ ato gboawo tame’ be wòaɖo ŋku ƒomedodo tɔxɛ si le wo kple woƒe Mawu, Yehowa, dome la dzi na wo. (4 Mose 15:38-40) Hebrigbe me nya tekheʹleth, si fia amadede blɔ kple ’ar·ga·manʹ, si gɔme woɖena zi geɖe be “aɖabɛ dzĩ,” la nye amadede siwo wozã le nunɔlagã ƒe awuwo kple atsyɔ̃ɖonu bubu siwo wozã le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me la wɔwɔ me.

Avɔgbadɔa Kple Gbedoxɔa Me Ŋudɔwɔnuwo Avɔgbadɔ si ŋu dɔ wowɔ le gbea dzi, kple gbedoxɔ si wotu ɖe Yerusalem emegbe la, nye tadeaguƒe vevi na Israel viwo. Eya ta mewɔ nuku o be woƒo nu tso avɔgbadɔa kple Salomo ƒe gbedoxɔa siaa dzadzraɖo kple emenuwo ŋu tsitotsito le Biblia me. Tsɔ kpe ɖe avɔ kple amadede siwo woazã na tamegbanuawo kple mɔnuvɔawo ŋu la, wogblɔ ale si woalɔ̃ wo, ade ama wo, atɔ wo ahalɔ̃ atsyãwo ɖe wo me hã.

Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia te la, aɖaŋudɔwɔla bibi Bezalel kple Oholiab kpakple ŋutsu kple nyɔnu bubuwo wɔ dɔdeasi tɔxɛ aɖe de goe nuteƒewɔwɔtɔe. Eyae nye be wowɔ avɔgbadɔ si sɔ nyuie na tadedeagu na Yehowa. (2 Mose 35:30-35) Woɖɔ nu siwo woazã kple ale si woawɔ avɔgbadɔa ƒe akpa sia akpae la tsitotsito le Mose Ƒe Agbalẽ Evelia ƒe ta 26 lia me. Le kpɔɖeŋu me, “ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzĩ” ye wotsɔ lɔ̃ agbadɔvɔ gã siwo le amadede vovovowo me lae. Anɔ eme be Egipte ye wotsɔ nu siawo dometɔ geɖe tsoe esime wonɔ ʋuʋum tso afi ma. Wotsɔ beléle tɔxɛ wɔ xɔmetsovɔ titri si wode ama vovovowo, si me wolɔ̃ kerubiwo ɖo, si tsò ‘Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea’ dome lae. (2 Mose 26:1, 31-33) Le Fia Salomo ƒe mɔfiafia te la, wona mɔfiame mawo ke tɔgbi ame siwo wɔ avɔ siwo wozã le Yerusalem gbedoxɔa me ŋu dɔwo la hã.—2 Kronika 2:1, 7.

Ale si Biblia ɖɔ nuwoe la na míekpɔe be blema Hebritɔwo ku kutri hewɔ susu ŋu dɔ ŋutɔ le ŋudɔwɔnu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie me. Ena míekpɔe be menye ame dahe siwo le dagbadagbam le agbe me hele awu tsɛwo me ye wonye o, ke boŋ wodoa awu siwo le amadede vovovowo me, siwo sɔna ɖe wɔna vovovowo kple azãgbewo nu, le ƒomea ƒe ŋutete nu.

Biblia gblɔ na mí be, anyigba nyui aɖee Mawu na Israel viwo, “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo,” be wòanye wo tɔ. (2 Mose 3:8; 5 Mose 26:9, 15) Zi ale si wole ta dem agu na Yehowa le nyateƒe me la, eya hã yraa wo. Woɖu agbe, wokpɔ dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be: “Yuda kple Israel dome ame sia ame nɔ eƒe wainka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan va se ɖe Beer-Seba le [Fia] Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.”—1 Fiawo 4:25.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Àte ŋu axlẽ nu tso nu siawo ŋu le aɖaka siwo le nyati sia me la me.

[Aɖaka/​Nɔnɔmetatawo ŋu nya si le axa 26, 27]

Lãfu Kple Aklala

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, alẽwo ƒe notsi kple woƒe fu koŋ tae wonyia wo ɖo. Lãnyila ate ŋu akpɔ alẽfu si asu na ƒomea ƒe nudodowo tso alẽ ʋɛ aɖewo ko nyinyi me. Ne alẽwo le esi zã la, ate ŋu adzra alẽfu si tsi edzi la na nutoa me avɔlɔ̃lawo. Woɖo avɔlɔ̃ƒewo ɖe du kple kɔƒe aɖewo me. Tso blema ke la, alẽwo ƒe fu koko nye dɔ si amewo wɔna le ƒea me la dometɔ ɖeka.—1 Mose 31:19; 38:13; 1 Samuel 25:4, 11.

Wozãa aklala hã tsɔ wɔa awui zi geɖe, eye flaks, si le abe ɖeti ene la mee woɖenɛ tsonɛ. (2 Mose 9:31) Ne esusɔ vie flaks la natsi keŋkeŋ lae wosinɛ. Wosianɛ ɖe ŋudɔkutsu gbe wòƒuna, eye wodenɛ tsi be wòabɔbɔ. Ne eƒu la, wotonɛ, ɖea kaawo le eme hegbinɛ bene woatsɔe alɔ̃ avɔe. Fiawo kple dziɖuɖumegãwo lɔ̃a aklalawuwo dodo.

[Nɔnɔmetata]

Flaks si wosia wòƒu hafi woadee tsi

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðetitetre

Alẽfu, gbɔ̃fu, flaks kple bubuawo ƒe ɖeɖi ɖeka metri o, eye ele kpuie akpa be woatsɔe alɔ̃ avɔe. Eya ta, woƒoa kawo nu ƒu hegbia wo ɖe titrime kple didime vovovowo nu. Biblia gblɔ tso “nyɔnu zazɛ̃” la ŋu be: “Edoa asi ɖa léa ati, si ŋu wodoa ɖetifu ɖo, eye eƒe asibidewo léa keke.” (Lododowo 31:10, 19) Ale si wotrea ɖetii la ɖɔmee wole le kpukpui sia me, eye ɖetifutreti kple ɖetitrekeke la nye dɔwɔnu eve siwo wotsɔna trea ɖetii.

Nyɔnu ɖetitrela tsɔa asi ɖeka léa ɖetifutreti si ŋu woxatsa ɖeti alo lãfu la ɖo. Etsɔa asi kemɛ hea kaa ƒe ɖe hetronɛ, eyome etsia kaa ƒe nugbɔ ɖe ati aɖe si le ɖetitrekekea titina la ŋu. Ne ele ɖetitrekekea trom la, etrea ɖetia wòzua ka si le titrime aɖe nu, eye kaa blana ɖe ɖetitrekekea ƒe atia ŋu. Enɔa esia wɔwɔ dzi va se ɖe esime ɖeti alo lãfu si le ɖetifutretia ŋu la katã zu ka legbee ɖeka si woade amae alo atsɔ alɔ̃ avɔe.

[Aɖaka/​Nɔnɔmetatawo ŋu nya si le axa 28, 29]

Amadede

Ne wotre ɖetiwo alo lãfuwo vɔ la, wonyaa wo, eye ama vovovowo li wodea wo. Nenema kee wowɔna ne wolɔ̃ avɔa hã vɔ. Ne wode amae zi gbɔ zi nanewo la, amaa gaɖena ɖe eme nyuie wu. Esi amaa xɔ asi ta la, wofiãa amatsia le avɔa alo kaa me bene woagazãe ake ɣebubuɣi. Eyome wosianɛ be wòaƒu.

Esi nu siwo wotsɔna wɔa egbegbe amadenuwo menɔ anyi o ta la, blematɔwo ɖea ama hamehamewo keŋ, siwo ɖena ɖe avɔ me ɖikaa la, tsoa lãwo kple nu miemiewo me. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔa ama aŋutiɖiɖitɔ tsoa yevuzi ƒomevi aɖe ƒe aŋgbawo kple yevuboɖa ƒe tsrowo me, eye wokpɔa ama yibɔtɔ tsoa yevuboɖa ƒe atikpa me. Ati si nye madder, ƒe kewo alo lãvi sue si nye kermes, mee woɖea ama dzĩa tsonɛ. Indigo seƒoƒo la mee woɖea ama blɔtɔ tsonɛ. Wotea ŋu tsakaa ƒumebɔbɔ vovovowo ƒe lãmetsi hekpɔa amadedewo abe dzĩa, blɔtɔ, kple fiawo ƒe aɖabɛ dzĩ ene tsoa eme.

Ƒumebɔbɔ nenie woatsɔ ade ama awu ɖeka? Lãmetsi si wokpɔna le ƒumebɔbɔ ɖeka me la le sue ale gbegbe. Numekuku aɖe ɖee fia be hafi woade ama, si woyɔna be fiawo ƒe aɖabɛ dzĩ, awu ʋlaya ɖeka wòatee nyuie la, woahiã ƒumebɔbɔ abe 10,000 ene. Enye fiawo ƒe aɖabɛ dzĩ vavã. Le Babilon Fia Nabonido ƒe dziɖuɣi la, wogblɔ be lãfuwu aɖabɛ dzĩtɔ xɔ asi wu lãfuwu si wode ama bubuwoe la zi gbɔ zi 40. Esi blema Tirotɔwo xɔ ŋkɔ ɖe aɖabɛ dzĩ wɔwɔ me ta la, wova tsɔ ŋkɔ na ama sia be Tirotɔwo ƒe aɖabɛ dzĩ.

[Nɔnɔmetatawo]

Ƒumebɔbɔgo

Ƒe alafa 2 alo 3 lia D.M.Ŋ. me aɖabɛ dzĩtɔ ƒe amadezɔ si ŋu woke ɖo le Tel Dor, Israel

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

The Tel Dor Project

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 29]

Avɔlɔlɔ̃

Wotsɔa agbati lɔ̃a kawo wòzua avɔ si ƒe lolome sɔ hena awutɔtɔ alo nu bubuwo wɔwɔ. Le avɔlɔlɔ̃ me la, ka ha evee wolɔ̃na ɖe wo nɔewo me wòzua avɔ—ka legbeetɔwo kple esi wolɔ̃na ɖe legbeetɔwo me.

Agbati ha evee wozã le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, tsitrenutɔ kple esi nɔa anyigba. Le tsitrenutɔ aɖewo gome la, wotsia nu kpekpe aɖe ɖe ka legbeeawo gɔme. Woke ɖe nu kpekpe siwo wotsina ɖe kaawo ŋu le blema la ŋu le Israel ƒe teƒe vovovowo.

Amewo lɔ̃a avɔwo le aƒe me zi geɖe, gake le teƒe aɖewo la, kɔƒe blibowo tsɔnɛ ɖoa dɔe koŋ. Le kpɔɖeŋu me, le 1 Kronika 4:21 la, woƒo nu tso “aklalalɔ̃lawo ƒe ƒome” aɖe ŋu, eye anɔ eme be avɔlɔ̃lawo ƒe habɔbɔ aɖee wònye.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 26, 27]

‘Ka blɔtɔ, kple alẽfu si wode ama aɖabɛ dzĩtɔe.’—2 Mose 26:1