Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

“Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—YOHANES 13:34, 35.

Nu Si Wòfia: Kristo gblɔ na eyomedzelawo be woalɔ̃ wo nɔewo abe ale si yelɔ̃ woe ene. Aleke Yesu lɔ̃ woe? Elɔ̃ ame sia ame ƒomevi, togbɔ be eŋɔlimetɔwo doa vlo dukɔ bubu me tɔwo kple nyɔnuwo hã. (Yohanes 4:7-10) Lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòtsɔ eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nu siwo ade ye ŋutɔ dzi la sa vɔe bene wòakpe ɖe amewo ŋu. (Marko 6:30-34) Mlɔeba la, Kristo ɖe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kplii o la fia. Egblɔ be: “Nyee nye alẽkplɔla nyui la; alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe luʋɔ ɖoa anyi ɖe alẽawo ta.”—Yohanes 10:11.

Ale Si Kristotɔ Gbãtɔwo Wɔ Nya Sia Dzii: Le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli la, woyɔa wo nɔewo be “nɔviŋutsu” alo “nɔvinyɔnu.” (Filemon 1, 2) Kristo hamea me tɔwo xɔa dukɔ ɖe sia ɖe me tɔwo nyuie, elabena woxɔe se be “vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ɖeka ye le wo katã nu.” (Romatɔwo 10:11, 12) Esi nusrɔ̃la siwo le Yerusalem la ɖu Pentekoste ŋkekenyuia le ƒe 33 Mía Ŋɔli vɔ la, ‘wodzra woƒe anyigbawo kple woƒe nunɔamesiwo, eye woma nu siwo wokpɔ la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.’ Nu ka tae? Bene nyɔnyrɔxɔla yeyewo nate ŋu atsi Yerusalem ahayi edzi alé “fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie.” (Dɔwɔwɔwo 2:41-45) Nu kae ʋã wo wowɔ esia? Ƒe 200 kloe le apostoloawo ƒe ku megbe la, Tertullian ŋlɔ tso nu si amewo gblɔna le Kristotɔwo ŋu ale: “Wolɔ̃ wo nɔewo ale gbegbe . . . eye wolɔ̃na faa kuna ɖe wo nɔewo ta gɔ̃ hã.”

Ame Kawoe Le Nya Sia Dzi Wɔm Egbea? Blemaŋutinyagbalẽ si nye The History of the Decline and Fall of the Roman Empire (1837) gblɔ be le ƒe alafa siwo va yi me la, ame siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la “wɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo nɔewo ŋu wòƒo esiwo dzimaxɔsetɔwo wɔ ɖe wo ŋu la ta sãsãsã.” Esi woku nu me nyitsɔ laa le United States la, wokpɔe be ame siwo be yewonye mawusubɔlawo, siwo dometɔ akpa gãtɔ be yewonye Kristotɔwo la, kpɔa ame ŋkume le ame si ƒomevi amea nye ta. Ne sɔlemeha aɖe me tɔwo ɖo xaxa me la, sɔleme ma me tɔ siwo le dukɔ bubu me la metsɔa ɖeke le eme na wo o, eya ta wometea ŋu kpena ɖe wo tɔwo ŋu o, le esi didia meli o ta.

Esi ahom sesẽwo tu zi ene le ɣleti eve me le Florida le ƒe 2004 me la, Afɔkunyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Kɔmiti la ƒe zimenɔla va kpɔe ɖa be wole yewoƒe kpekpeɖeŋununanawo ŋu dɔ wɔm nyuie hã. Egblɔ be habɔbɔ aɖeke mewɔa nu ɖe ɖoɖo nu abe Yehowa Ðasefowo ene o, eye wògblɔ be yeana Ðasefoawo nu sia nu si wohiã hena kpekpeɖeŋudɔa wɔwɔ. Do ŋgɔ, le ƒe 1997 me la, Yehowa Ðasefowo tsɔ atike, nuɖuɖu kple awuwo ɖo ɖe wo nɔvi Kristotɔwo kple ame bubu siwo hiã tu la le Democratic Republic of Congo. Wo nɔvi Ðasefo siwo le Europa lae ɖo kpekpeɖeŋununana mawo siwo ƒe home de Amerika dɔlar miliɔn ɖeka la ɖe wo.