Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Minɔ Nye Nya La Me’

‘Minɔ Nye Nya La Me’

‘Minɔ Nye Nya La Me’

“Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”—YOHANES 8:31, 32.

Nu Si Wòfia: Yesu ƒe “nya” lae nye eƒe nufiafiawo, eye ame aɖe si kɔ wui la gbɔe wotso. Yesu gblɔ be: “Fofo si dɔm ɖa la na nya, si magblɔ, kple nu, si maƒo, la ƒe sem.” (Yohanes 12:49) Yesu gblɔ le gbe si wòdo ɖa na Fofoa, Yehowa Mawu, me be: “Wò nya la nye nyateƒe.” Eyɔ nya tso Mawu ƒe Nyaa me edziedzi tsɔ ɖo kpe eƒe nufiafiawo dzi. (Yohanes 17:17; Mateo 4:4, 7, 10) Eya ta Kristotɔ vavãwo ‘nɔa eƒe nya la me,’ si fia be wolɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe Nya, Biblia, la nye “nyateƒe,” eye eyae kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo dzi.

Ale Si Kristotɔ Gbãtɔwo Wɔ Nya Sia Dzii: Apostolo Paulo, si nye Kristotɔ si ŋlɔ Biblia gbalẽ geɖe wu la, ƒe susu le Mawu ƒe Nyaa ŋu wɔ ɖeka kple Yesu tɔ. Eŋlɔ bena: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo.” (2 Timoteo 3:16) Ele be ŋutsu siwo woɖo, be woafia nu Kristo hamea me tɔwo la, “nalé Mawu ƒe Nya si ŋu kakaɖedzi blibo le la me ɖe asi goŋgoŋ.” (Tito 1:7, 9, The Amplified Bible) Woxlɔ̃ nu Kristotɔ gbãtɔwo be woagbe ‘xexemenunya kple beble dzodzro si wotu ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi siwo ate ŋu aɖe aboyo wo le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o’ la.—Kolosetɔwo 2:8.

Ame Kawoe Le Nya Sia Dzi Wɔm Egbea? Vatikan la ƒe hakplɔɖoɖogbalẽ (Dogmatic Constitution on Divine Revelation) si dzi woda asi ɖo le ƒe 1965 me, si me nyawo dze le Catechism of the Catholic Church me la gblɔ be: “Menye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɖeɖe ko dzie [Katolikoha] la nɔ te ɖo kpɔ kakaɖedzi le ɖeɖefiawo katã ŋu o. Eya ta ele be míalɔ̃ ɖe hamenufiafia kɔkɔewo kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo siaa dzi, ade bubu wo ŋu sɔsɔe ahawɔ wo dzi nuteƒewɔwɔtɔe.” Agbalẽ aɖe (Maclean’s) ƒo nu tso nunɔla aɖe si tso Toronto, le Canada, ŋu si bia be: “Ðe míehiã na ame aɖe si nɔ agbe ƒe akpe eve va yi be wòanɔ ‘nu ɖom na’ mía? Nukpɔsusu nyuiwo le mía si, gake esi míedi be míana woawɔ ɖeka kple Yesu ƒe nyawo kple Ŋɔŋlɔawo ta la, míete ŋu le wo ŋu dɔ wɔm o.”

Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia, gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ŋu be: “Biblia ko dzie wotua woƒe dzixɔsewo kple agbenɔnɔ ɖo.” Nyitsɔ laa, esi Yehowa Ðasefo aɖe nɔ eɖokui nu ɖem na ŋutsu aɖe le Canada la, ŋutsua tso nya le enu hefia asi Biblia si Ðasefoa lé ɖe asi hegblɔ be, “Miaƒe dzesidea na menya ame si nènye xoxo.”