Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Russia

Nu Xɔasiwo Didi Le Altay Ƒe Sikatowo Domee

Nu Xɔasiwo Didi Le Altay Ƒe Sikatowo Domee

ŊU NYUI aɖe ke ɖe mí le May ƒe ŋkeke sia dzi le Altay Republic. Nuto dzeani sia le Siberia ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Esi míedo mo ɖe fesrea to la, míekpɔ avetsu damawo kple to kɔkɔ dzeani siwo ƒe dzedzeme le blɔ siwo tame sno le la le adzɔge ɖaa. Tonuto tsoabo sia mee Altaitɔwo le. Asiatɔwoe wonye, eye gbegbɔgblɔ aɖe koŋ le wo si wodona. Altai Tonutowo me nɔnɔ sɔ na wo nyuie ŋutɔ. Woɖe ŋkɔ si woyɔna na to siawo la tso Turkic-Mongolian nyagbe aɖe si gɔmee nye “sika” me.

Ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia mía kple srɔ̃nye míesrɔ̃ Russia Tokunɔgbe, eye míeva le Yehowa Ðasefowo ƒe tokunɔgbe hamewo kple ƒuƒoƒowo srãm kpɔ. Togbɔ be ame ƒomevi kple to vovovo siwo wu 170 ye le dukɔ sia me hã la, ame akpa gãtɔ se Russiagbe hedonɛ. Ke gbe aɖe hã li si dukɔ sia me tokunɔwo dona, si nye Russia Tokunɔgbe. Kadodo kplikplikpli le tokunɔawo dome, eye ame siwo míedoa goe la dometɔ geɖe dina vevie be yewoagblɔ yewoƒe agbemeŋutinyawo na mí ahawɔ amedzro na mí. Alea tututue wòle le Altay hã.

Esi míenɔ Gorno-Altaysk la, míese be tokunɔ ʋɛ aɖewo le kɔƒe sue aɖe si didi kilometa 250 tso mía gbɔ la me. Míenya be Ðasefo ʋɛ aɖewo le afi ma ya, gake wo dometɔ aɖeke mese tokunɔgbe o. Míetsɔ ɖe le eme na Altai tokunɔ siawo, eya ta míedze mɔ be míayi aɖadi wo. Dzo si le mía me la wɔ dɔ ɖe Yury kple Tatyana, siwo nye atsu kple asi tokunɔ aɖe la dzi, eye wolɔ̃ be yewoayi kpli mí. Míetsɔ tokunɔgbe me DVD-wo kple mɔ̃ si wotsɔ ƒoa DVD la de bɔs vi aɖe me. Míetsɔ yevubolo siwo me míede lãe kple piroshki dzodzoe, si nye Russiatɔwo ƒe akpɔnɔ si me amagbewo kple yevute le la, de nuɖuɖugo gã aɖe me hetsɔ ɖe asi. Azɔ hã, míesi atike aɖe si wua axɔ̃wo la ɖe ŋuti, míaƒe awuwo me kple afɔkpawo ŋu nyuie, elabena axɔ̃ ƒomevi aɖe bɔ ɖe nutoa me si dea dɔ lã me na ame henana ahɔhɔ̃a tena.

Mɔ si zɔm míele la gɔdɔ̃ to tonuto dzeaniwo me. Seƒoƒo siwo nye jasmine kple lilac la ƒe ʋeʋẽ xɔ ya me. Esia gade agbe yeye mía me! Dzi dzɔ mí esi míekpɔ Siberia ziwo ƒe ha aɖe si ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le gbe ɖum. Altaitɔwo ƒe xɔwo nye atixɔ siwo mimi ɖe wo nɔewo ŋu le hatsotsowo me, eye wotsɔ zingi gba wo nyuie keŋ. Atixɔ si woyɔna be ayyl la le xɔ siawo dometɔ geɖe ƒe ŋgɔdze. Zi geɖe la, wonyea xɔ siwo le dzogoe ade me siwo tame le tsutsuẽ. Wo dometɔ aɖewo le abe bexɔ siwo ŋu wofa atikpa ɖo ene. Altai ƒome geɖewo nɔa ayyl la me tso May va se ɖe September heʋuna yia aƒea ŋutɔ me le kele kple vuvɔŋɔli.

Ðasefo siwo le nutoa me la xɔ mí nyuie hekplɔ mí yi atsu kple asi Altaitɔ aɖe ƒe mee. Dzi dzɔ wo esi wokpɔ mí, eye wodi be yewoanya afi si míetso kple nu si wɔ ge míeva. Azɔ esi kɔmpiuta le wo si ta la, kasia míaɖe DVD la ɖe go ko la, wodi vevie be yewoakpɔ nu si le edzi. Ðoɖoe zi enumake esi wode asi videoa kpɔkpɔ me; ɖeko wònɔ abe ɖe míele afi ma o ene. Woke ŋku ɖi gaa nɔ kɔmpiuta la dzi kpɔm, eye sẽ kple sẽ la, wowɔa asi ɖe nu si kpɔm wole la dzi henɔa ta lɔ̃m. Bebli hafi míete ŋu na woƒe susu trɔ va mía gbɔ bene míate ŋu adze DVD la ƒoƒo gɔme tso gɔmedzedzea, afi si anyigba dzi paradiso ƒe nɔnɔmetata dzeani aɖe le. Esi míetɔ ɖe nɔnɔmetata aɖe dzi la, míedzro nu si Mawu ava wɔ na ameƒomea kpakple ame siwo ƒomevi anɔ agbe tegbee le nɔnɔme deamedzi siwo kpɔm wole la me kpli wo. Dzi dzɔ mí ɖe woƒe ɖetsɔlemea ta, eye hafi míadzo la, wofia afi si atsu kple asi tokunɔ aɖe si le kɔƒe aɖe si tsɔ wo gbɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo le la mí.

Esi míegadze mɔa dzi la, míeva to mɔ dzeani aɖe si woɖe to agawo me la dzi heto mɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃a dzi yi ɖe kɔƒe aɖe si le sue kura wu la me. Míekpɔ ƒomea le afi ma, míekpɔ srɔ̃ŋutsua, srɔ̃nyɔnua, srɔ̃nyɔnua dada kple atsu kple asia ƒe viŋutsuvi. Dzi dzɔ wo be míeva dze yewo amedzro. Míeto woƒe ayyl la ƒe ʋɔtru suea nu ge ɖe eme. Ati kple nyinotsi ƒe ʋeʋẽ lilili xɔ xɔa me. Do aɖe le xɔa ƒe tsutsuẽƒe, afi si kekeli tona gena ɖe eme. Abolokpo si wosi akalo na kple mlekpui le xɔa ƒe dzogoe ɖeka dzi, eye wofa atsyɔ̃vɔ dzĩ dzeaniwo ɖe gliawo ŋu. Atsu kple asia na botokoe suewo kple tii mí míeno le Asiatɔwo ƒe nuɖugbawo me. Altaitɔwo ƒe nuɖuɖue wònye wotsɔ ɖo kplɔ̃ na mí. Míebia wo be ɖe wosusui kpɔ be anya wɔ be woanye Mawu xɔlɔ̃wo hã. Woyi ŋugble me. Eyome srɔ̃nyɔnua dadaa gblɔ be gbe ɖeka le yeƒe ɖevime la, yetsɔ nuɖuɖu yi teƒe aɖe le toa dzi ɖana mawuawo. Ewu abɔta dzi heko alɔgbɔnu gblɔ bena: “Nyemenya nu si tututu wòfia ya o, kɔ wònye míenyina.”

Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi míena wokpɔ DVD aɖe si ƒo nu tso nya sia ŋu. Wodi vevie be yewoagasrɔ̃ nu geɖe, gake aleke wòanya wɔe? Togbɔ be enɔa bɔbɔe be míanɔ kadodo me kple tokunɔwo to asitelefon dzi nyatakakawo ɖoɖoɖa me hã la, asitelefon mewɔa dɔ le nuto ma me o. Eya ta míedo ŋugbe be míanɔ agbalẽ ŋlɔm na wo.

Ɣe de asi toɖoɖo me esi míeklã wo kple dzidzɔ hetrɔ dze aƒemɔ legbea dzi ɖo ta Gorno-Altaysk. Ðeɖi te mía ŋu gake míaƒe dzi dze eme. Emegbe míeva bia ƒome sia ta le Ðasefo aɖe si le nutoa me la gbɔ. Egblɔ na mí be zi ɖeka le kwasiɖa eve me la, srɔ̃ŋutsu la yia dugã me ɖasrɔ̃a Biblia hedea kpekpeawo, eye nɔvinyɔnu aɖe si le afi ma si se tokunɔgbe lae kpena ɖe eŋu le esia me. Dzi dzɔ mí ŋutɔ be míaƒe agbagbadzedzewo menye dzodzro o!

Woate ŋu atsɔ ale si míele tokunɔ siwo lɔ̃ Mawu dimee la asɔ kple ale si wodia nu xɔasi ɣaɣlɛwo le towo dzi. Míekpɔa míaƒe agbagbadzedzewo ŋuti teƒeɖoɖo ne míeke ɖe ame siawo tɔgbi, siwo le abe kesinɔnu ene la, ŋu le vome. Altay ƒe tonutowo ayi edzi anɔ abe sika ene na mí, elabena eɖoa ŋku dzianukwaretɔ siwo míedo goe le toawo dzi la dzi na mí.