Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Woaɖe Gbeƒã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Nyui Sia”

“Woaɖe Gbeƒã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Nyui Sia”

“Woaɖe Gbeƒã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Nyui Sia”

“Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”​—MATEO 24:14.

Nu Si Wòfia: Nya Nyui ŋlɔla Luka ŋlɔ bena Yesu yi “tso du me yi du me kple kɔƒe yi kɔƒe nɔ gbeƒã ɖem henɔ Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la gblɔm.” (Luka 8:1) Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖaɖe gbeƒã nya nyuia le duwo kple kɔƒewo me, eye wòde se na wo emegbe be: “Mianye nye ɖasefowo . . . va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8; Luka 10:1.

Ale Si Kristotɔ Gbãtɔwo Wɔ Nya Sia Dzii: Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mehe ɖe megbe le sedede ma dzi wɔwɔ me o. “Gbe sia gbe, le gbedoxɔa me kple aƒe me yi aƒe me la, woyi edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm le Kristo . . . ŋu madzudzɔmadzudzɔe.” (Dɔwɔwɔwo 5:42) Menye ame tɔxɛ aɖewo koe le hamea me ɖea gbeƒã o. Ŋutinyaŋlɔla Neander gblɔ be: “Celsus, si nye ame si ŋlɔ nu tsi tsitre ɖe Kristotɔnyenye ŋu gbã la, ɖe alɔme le wo ŋu, le esi alẽfukolawo, afɔkpawɔlawo, lãgbalẽŋudɔwɔlawo, ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo gɔ̃ hã tsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu ta.” Aƒetɔ Jean Bernardi ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye The Early Centuries of the Church, me be: “[Kristotɔwo] yina ɖaɖea gbeƒã na ame sia ame le afi sia afi. Woɖea gbeƒã le mɔgãwo dzi kple dugãwo me, le ablɔwo dzi kple aƒewo me, ne womexɔ wo nyuie o gɔ̃ hã. . . . Woɖea gbeƒã yia anyigba ƒe seƒe ke.”

Ame Kawoe Le Nya Sia Dzi Wɔm Egbea? Anglikan nunɔla David Watson ŋlɔ bena: “Esi sɔlemea mebua gbeƒãɖeɖedɔa dɔ vevi o hã le eme tae ame geɖe megatsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o ɖo.” Le José Luis Pérez Guadalupe ƒe agbalẽ aɖe (Why Are the Catholics Leaving?) me la, eŋlɔ nu tso Evangelikatɔwo, Adventistɔwo kple ha bubuwo ŋu, eye wògblɔ tso wo ŋu be, “womeɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o.” Ke eŋlɔ tso Yehowa Ðasefowo ya ŋu be: “Woɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me le ɖoɖo nu.”

Le agbalẽ si nye Cato Supreme Court Review, 2001-2002 me la, Jonathan Turley gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe si nye nyateƒe. Egblɔ be: “Ne èyɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo ko la, ame akpa gãtɔ ƒe susu yia gbeƒãɖela siwo vaa míaƒe aƒewo me le ɣeyiɣi si mesɔ na mí o la dzi. Le Yehowa Ðasefowo gome la, menye ɖeko woƒoa nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu be woƒe xɔsea nakeke ta o, ke boŋ enye woƒe xɔsea ƒe akpa vevi aɖe.”

[Aɖaka si le axa 9]

Ède Dzesi Kristotɔ Vavãwoa?

Le Ŋɔŋlɔawo me dzidzenu siwo me míedzro le nyati siawo me nu la, ame kawo ŋue nèsusu be nu siwo dea dzesi Kristotɔ vavãwo la dze le egbea? Togbɔ be xɔseha akpe nanewo gblɔna be yewonye Kristotɔwo hã la, ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na eyomedzelawo dzi be: “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, ke ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae ayi ɖe eme.” (Mateo 7:21) Ne ède dzesi ame siwo le Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm, si fia be Kristotɔ vavãwo ƒe dzesia dzena le wo ŋu, eye nède ha kpli wo la, àte ŋu akpɔ yayra mavɔwo le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. Míade dzi ƒo na wò be nàna Yehowa Ðasefowo, siwo nye magazine sia talawo la, nafia nu geɖe wò tso Mawu Fiaɖuƒea kple yayra siwo wòahe vae la ŋu.—Luka 4:43.