Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

‘Womagaɖo Ŋku Tsãtɔwo Dzi O’

‘Womagaɖo Ŋku Tsãtɔwo Dzi O’

ŊKUÐOÐO nu siwo dzɔ va yi dzi tea ŋu doa dzidzɔ na mí. Dzi dzɔa mí ne míeɖo ŋku ale si mía kple míaƒe ame lɔlɔ̃wo míese vivi le dzidzɔɣiwo la dzi. Ke hã, nanewo hã li siwo ɖua dzi na mí ne míeɖo ŋku wo dzi. Ðe nègasea veve le nya ɖudziname siwo dzɔ va yi la ta? Ne nenemae la, ke ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe maŋlɔ nya ɖudziname mawo be gbe aɖe gbea?’ Nya sia ƒe ŋuɖoɖo si faa akɔ na ame ŋutɔ la dze le nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa me.—Xlẽ Yesaya 65:17.

Yehowa ɖo be yeana míaŋlɔ nu siwo doa vevesese na mí la be. Aleke wòawɔe? Aɖe xexe vɔ̃ɖi sia kple eme fukpekpewo katã ɖa ahana xexe si nyo sãsãsã wu la naxɔ ɖe eteƒe. Yehowa do ŋugbe sia to Yesaya dzi be: “Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye.” Ne míese ŋugbedodo sia gɔme la, dzi adzɔ mí le mɔkpɔkpɔ me.

Nu kae nye dziƒo yeyea? Biblia gblɔ nu eve aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya. Gbãtɔe nye be, Biblia ŋlɔla eve bubuwo ƒo nu tso dziƒo yeye ŋu, eye le go evea siaa me la, eku ɖe tɔtrɔ gã siwo ava anyigba dzi ŋu. (2 Petro 3:13; Nyaɖeɖefia 21:1-4) Evelia, le Biblia me la, nya “dziƒo” tea ŋu tsia tsitre ɖi na dziɖulanyenye, alo dziɖuɖuwo. (Yesaya 14:4, 12; Daniel 4:22, 23) Eya ta dziƒo yeye la nye dziɖuɖu yeye si ana dzɔdzɔenyenye naxɔ aƒe ɖe anyigba dzi. Dziɖuɖu ɖeka koe ate ŋu awɔ esia. Eyae nye Mawu Fiaɖuƒea, si nye dziƒodziɖuɖu si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia la. Fiaɖuƒe ma ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si le dzɔdzɔe la le anyigba bliboa dzi.—Mateo 6:9, 10.

Nu kae nye anyigba yeyea? Bu Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenya eve siwo ate ŋu ana míakpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ la ŋu kpɔ. Gbã, le Biblia me la, nya “anyigba” tea ŋu kuna ɖe amewo ŋu, ke menye anyigba ŋutɔ o. (Psalmo 96:1) Evelia, Biblia gblɔe ɖi be le Mawu ƒe dziɖuɖu te la, nuteƒewɔlawo asrɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye dzɔdzɔenyenye axɔ anyigba bliboa dzi. (Yesaya 26:9) Eya ta anyigba yeyea le tsitre ɖi na amegbetɔƒome si abɔbɔ ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te ahanɔ agbe ɖe eƒe mɔfiame dzɔdzɔeawo nu.

Èle dzesi dem nu si Yehowa awɔ be míaŋlɔ nu siwo doa nuxaxa na mí be la azɔa? Eteƒe madidi o, Yehowa ana ŋugbe si wòdo ku ɖe dziƒo yeye kple anyigba yeye ŋu la nava eme bliboe ahaɖo dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye anyi. * Le xexe yeye ma me la, fu siwo míekpena le ŋutilã, susu kple seselelãme gome, siwo nana míeɖoa ŋku nya ɖudzinamewo dzi la, nu ayi. Nuteƒewɔlawo ase vivi na agbea bliboe, eye woaɖo ŋku nu siwo dzɔna gbe sia gbe la dzi kple dzidzɔ ahade asixɔxɔ wo ŋu.

Ke nu siwo nana míesea veve le dzi me fifia ya ɖe? Yehowa gblɔ le ŋugbe si wòdo to Yesaya dzi la dzi yiyi me be: “Womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.” Vivivi la, míaŋlɔ veve siwo míesena le xexe xoxo sia me la be keŋkeŋ. Ðe esia dzro wòa? Ekema ɖe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ nu tso ale si nàwɔ ate ɖe Mawu si do etsɔme nyui ma ƒe ŋugbe la ŋu oa?

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le March me:

Yesaya 63Yeremiya 16

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea kple nu si wòava wɔ kpuie ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3, 8, kple 9 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Yehowa ɖo be yeana míaŋlɔ nu siwo doa vevesese na mí la be