Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋuɖoɖoawo Didi

Ŋuɖoɖoawo Didi

Ŋuɖoɖoawo Didi

“Ame sia ame kple nu si wòsusu tso ame si [Yesu] nye ŋu. Míeɖanye xɔsetɔwo alo ɖikelawo o, mí katã míebiana be, ‘Ame kae ŋutsu sia nye?’”—AGBALẼŊLƆLA STAN GUTHRIE.

AMEWO di be yewoanya ame si Yesu nye. Ame geɖe doa vivi ɖe agbalẽ siwo ƒo nu tso eŋu la ŋu. Eye ame geɖe kpɔa dzidzɔ ɖe video siwo ku ɖe eŋu la ŋu. Gake biabiawo gali kokoko ku ɖe Yesu ŋu. Susu vovovowoe le amewo si ku ɖe ame si tututu Yesu nye ŋu.

Ƒe ʋɛ aɖewo va yi la, nyadzɔdzɔŋlɔla eve to Internet kadodomɔnuwo dzi bia tso amewo si be woaɖo biabia si nye, “Ame kae Yesu nye?” la ŋu. Ŋuɖoɖoawo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

● “Ewɔ nam be enye rabi (nufiala), ame si ƒe agbenɔnɔ veveseseɖeamenutɔe nye kpɔɖeŋu na mí.”

● “Amegbetɔ koe wònye, gake eƒe nuwɔna gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu.”

● “Kpeɖodzi aɖeke meli be Yesu nɔ agbe kpɔ o.”

● “Yesu nye Mawu ƒe Vi, ame si wodzi, eye wòku, eye wofɔe tso ame kukuwo dome be wòaɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me. Ele agbe, eye agatrɔ ava anyigba dzi.”

● “Mexɔe se be Yesu Kristo nye Mawu ƒe tenuvi, enye amegbetɔ ŋutɔŋutɔ, gake egale Mawu ƒe nɔnɔme me hã.”

● “Gli si wotona na ame siwo si ɖevisusu le lae Yesu ŋuti nyaa nye.”

Edze ƒãa be, nukpɔsusu vovovo mawo katã mate ŋu anye nyateƒe o. Ðe nyatakakatsoƒe aɖe si ŋu kakaɖedzi le, afi si míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo siwo ŋu kpeɖodzi le ku ɖe Yesu ŋu, la lia? Magazine sia talawo xɔe se be Biblia nye Mawu ƒe Nya, eye eya koe fiaa Yesu ŋuti nyateƒe la katã mí. *2 Timoteo 3:16.

Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro ale si Biblia ɖo nya siwo ame geɖe biana tso Yesu ŋu la me. Eya ŋutɔ gblɔ be ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ le ʋuʋu ɖi na “ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se.” (Yohanes 3:16) Míade dzi ƒo na wò be nàdzro ŋuɖoɖoawo me, eye wò ŋutɔ nàkpɔe ɖa be ahiã be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso Yesu kpakple ale si nàɖee afia be yexɔ edzi se ŋu hã.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 2 lia si ƒe tanyae nye “Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ.” Yehowa Ðasefowoe tae.