Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzeɖoɖo Kple Aƒelika Yesu Ke Koe Ganye Mawua?

Dzeɖoɖo Kple Aƒelika Yesu Ke Koe Ganye Mawua?

Dzeɖoɖo Kple Aƒelika Yesu Ke Koe Ganye Mawua?

YEHOWA ÐASEFOWO lɔ̃a Biblia me dzodzro kple woƒe aƒelikawo. Ðe Biblia me nya aɖe li, si ŋu nàdi be yeabia nya lea? Ðe nèdi be yeanya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo alo subɔsubɔ ŋu geɖe wua? Ne nenemae la, ekema ɣesiaɣi si nèkpɔ Yehowa Ðasefo aɖe la, àte ŋu abiae faa. Adzɔ dzi nɛ be yeadzro eme kpli wò.

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Mansa va nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Akɔfa gbɔ le eƒe me.

Nyateƒee Wònye Be Miexɔ Yesu Dzi Se Oa?

Akɔfa: Míaƒe pastɔ gblɔ be Yehowa Ðasefowo mexɔ Yesu dzi se o. Nyateƒeea?

Mansa: Medi be maka ɖe edzi na wò be míexɔ Yesu dzi se. Le nyateƒe me la, míexɔe se be ele be ame naxɔ Yesu dzi ase hafi akpɔ ɖeɖe.

Akɔfa: Nye hã mexɔe se nenema.

Mansa: Ekema mía kpli wò siaa ƒe susu wɔ ɖeka le nya sia ŋu. Gake gbã, mayɔ nye ŋkɔ na wò. Ŋkɔnyee nye Mansa. Ke meɖe kuku wò hã ɖe?

Akɔfa: Ŋkɔnyee nye Akɔfa. Ke wòe zɔ.

Mansa: Yoo! Ðewohĩ àbia be, ‘Ne Yehowa Ðasefowo xɔ Yesu dzi se vavã la, ke nu ka tae amewo gblɔna be womexɔ edzi se o?’

Akɔfa: Ɛ̃, madi be manya nu si tae.

Mansa: Kpuie ko la, míexɔ Yesu dzi se bliboe, gake menye nu siwo katã amewo gblɔna tso eŋu la dzie míeda asi ɖo o.

Akɔfa: Abe nu kawo ene?

Mansa: Ame aɖewo gblɔna be ame nyui aɖe koe Yesu nye. Gake míeda asi ɖe susu ma dzi o.

Akɔfa: Nye hã nyemeda asi ɖe edzi o.

Mansa: Efia be mía kpli wò ƒe susu wɔ ɖeka le esia hã me. Kpɔɖeŋu eveliae nye be, Yehowa Ðasefowo mexɔ nufiafia siwo tsi tre ɖe nya si Yesu ŋutɔ gblɔ tso ƒomedodo si le woa kple Fofoa dome ŋu la dzi se o.

Akɔfa: Àte ŋu akɔ nya ma me nama?

Mansa: Subɔsubɔha geɖe gblɔna be Yesue nye Mawu. Ðewohĩ nenemae wofia wò hã.

Akɔfa: Ɛ̃, míaƒe pastɔ gblɔ be Yesu ke koe ganye Mawu.

Mansa: Ke hã, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be mɔ nyuitɔ si dzi míato anya Yesu ŋuti nyateƒeae nye be míadzro nu si wògblɔ tso eɖokui ŋu me oa?

Akɔfa: Ɛ̃, mekpɔe nenema.

Nya Kae Yesu Gblɔ?

Mansa: Na míadzro mawunyakpukpui aɖe si kɔ nya sia me la me. Meɖe kuku de dzesi nya si le Yohanes 6:38. Yesu gblɔ le afi ma be: “Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.” Ne ɖe Yesu kee ganye Mawu la, ke gɔmesese aɖeke manɔ nya sia ŋu o.

Akɔfa: Le mɔ ka nu?

Mansa: Enyo, de dzesii be Yesu gblɔ be yemeɖi tso dziƒo va be yeawɔ ye ŋutɔ yeƒe lɔlɔ̃nu o.

Akɔfa: Nenemae, egblɔ be ɖe yeva be yeawɔ Ame si dɔ ye ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.

Mansa: Azɔ, ne Yesu kee ganye Mawu la, ke ame kae dɔe ɖa tso dziƒo? Eye nu ka tae Yesu bɔbɔ ɖe Ame ma te ɖo?

Akɔfa: Mele wò nyaa gɔme sem azɔ. Gake nyemeka ɖe edzi be míate ŋu anɔ te ɖe mawunyakpukpui sia ko dzi aƒo nya ta be menye Yesue nye Mawu o.

Mansa: Ke gàde ŋugble le nya si Yesu gblɔ ɣebubuɣi la ŋu kpɔ. Egagblɔ nya ma ke tɔgbi le Yohanes ƒe ta si kplɔe ɖo me. Àdi be yeaxlẽ Yohanes 7:16 lia na mía?

Akɔfa: Ɛ̃, maxlẽe. “Yesu ɖo eŋu na wo gblɔ bena: ‘Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.’”

Mansa: Akpe na wò. Le kpukpui sia ƒe nya nu la, nu si Yesu ŋutɔ susu lae wòfiana amewoa?

Akɔfa: Ao, egblɔ be Ame si dɔ ye ɖa la ƒe nyawoe yegblɔna.

Mansa: Nenemae. Gake biabia aɖewo gafɔ ɖe te: ‘Ame kae dɔ Yesu? Eye ame ka gbɔe nyateƒenya siwo wòfiana la tso?’ Ðe Ame ma manye gã wu Yesu oa? Eme kɔ ƒãa be ame si wodɔ la malolo wu ame si dɔe o.

Akɔfa: Wò nyaa me kɔ azɔ. Nyemexlẽ kpukpui sia me nyawo kpɔ o.

Mansa: Bu Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 14:28 hã ŋu kpɔ. Afi ma gblɔ be: “Miesee megblɔ na mi be: Mele dzodzom, eye megagbɔna mia gbɔ. Ðe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ be meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.” Le mawunyakpukpui sia nu la, aleke nèsusu be Yesu bu tso eya ŋutɔ kple Fofoa ŋu?

Akɔfa: Eya ŋutɔ gblɔ be ye Fofo lolo wu ye. Esia fia be ekpɔe be ye Fofo kɔ wu ye.

Mansa: Nenema tututue. Gàde dzesi nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo si dze le Mateo 28:18. Afi ma gblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ katã nam le dziƒo kple anyigba dzi.” Ðe Yesu gblɔ be ye ŋutɔ gbɔe ŋusẽa katã tsoa?

Akɔfa: Ao, egblɔ be ɖe wotsɔe na ye.

Mansa: Eya ta ne Yesu kee ganye Mawu la, ke aleke wɔ woagana ŋusẽ geɖe wu eyama? Eye ame kae tsɔ ŋusẽa nɛ?

Akɔfa: Ele be mabu nya sia ŋu.

Ame Kae Wònɔ Nu Ƒom Na?

Mansa: Ne vavãe Yesu kee ganye Mawu la, ke gɔmesese manɔ nya aɖe si Biblia gblɔ la ŋu o.

Akɔfa: Eyae nye nya ka?

Mansa: Eyae nye nya si wògblɔ tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Na míakpɔ nya si le Luka 3:21, 22 lia la ɖa. Àdi be yeaxlẽ eya hã na mía?

Akɔfa: Exlẽ be: “Ke esi wonyrɔ ameawo katã la, wonyrɔ Yesu hã, eye esi wònɔ gbe dom ɖa la, dziƒo nu ʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi ɖe edzi abe ahɔnɛ ene, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: ‘Wòe nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; mekpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò.’”

Mansa: Ède dzesi nu si wɔm Yesu nɔ esime wonyrɔea?

Akɔfa: Enɔ gbe dom ɖa.

Mansa: Nenemae. Azɔ biabia lae nye be, ‘Ne Yesue nye Mawu ɖe, ke ame kae wònɔ gbea dom ɖa na?’

Akɔfa: Biabia nyui aɖee nye ema. Mabia nya sia míaƒe pastɔ.

Mansa: Nu bubu aɖe hã li si ŋu wòle be míabu: de dzesii be esi Yesu do go tso tsia me la, ame aɖe ƒo nu nɛ tso dziƒo. Ède dzesi nya si Amea gblɔa?

Akɔfa: Egblɔ be Yesu nye ye Vi, yelɔ̃e, eye yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.

Mansa: Tututu. Gake ne Yesue nye Mawu la, ke ame kae nɔ dziƒo gblɔ nya mawo?

Akɔfa: Nyemebu nya sia ŋu kpɔ o.

Nu Ka Tae Wogblɔ Be Wonye “Fofo” Kple “Vi” Ðo?

Mansa: Nu bubu aɖe hã li si ŋu wòle be míabu: Míexlẽ be Yesu gblɔ be Mawu nye ye Fofo si le dziƒo. Eye esi wonyrɔ Yesu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be Yesu nye ye Vi. Le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ yɔ eɖokui be Mawu ƒe Vi. Azɔ, tsɔe be èdi be yeafiam be ame eve aɖewo le tasɔsɔ me la, ƒomedodo kae nàtsɔ awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui?

Akɔfa: Matsɔ ame eve siwo nye nɔviwo awɔ kpɔɖeŋui.

Mansa: Nenema tututue, alo ɖewohĩ venɔviwo gɔ̃ hã. Gake Yesu ya gblɔ be Mawu nye ye Fofo, eye yenye Via. Eya ta nya kae nèsusu be Yesu nɔ gbɔgblɔm?

Akɔfa: Mese wò nyaa gɔme. Yesu nɔ gbɔgblɔm be ame ɖeka tsi wu, eye wònye gã wu ame kemɛ.

Mansa: Eya tututue nye ema. Bu eŋu kpɔ ko: Ète ŋu wɔ kpɔɖeŋu nyui si ku ɖe nɔviwo alo venɔviwo ŋu tsɔ ɖɔ ame eve siwo le tasɔsɔ me. Ne vavãe Yesue nye Mawu la, ɖe Yesu, si nye Nufiala Gã la, mawɔ kpɔɖeŋu sia tɔgbi alo esi me kɔ wu atsɔ aɖɔ ame siwo le tasɔsɔ me oa?

Akɔfa: Mesusui nenema.

Mansa: Le ema teƒe la, ezã “Fofo” kple “Vi” boŋ tsɔ ɖɔ ƒomedodo si le woa kple Mawu dome.

Akɔfa: Nya vevi aɖee nye ema.

Nya Kae Yesu Yomedzela Gbãtɔwo Gblɔ?

Mansa: Ne ɣeyiɣi vi aɖe le asiwò la, madi be míadzro nya sia ƒe akpa bubu aɖe hã me.

Akɔfa: Faa, miniti ʋɛ aɖewo le asinye.

Mansa: Ne vavãe Yesue nye Mawu la, ɖe mèsusu be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo agblɔe kɔtɛ oa?

Akɔfa: Ewɔ nam nenema.

Mansa: Ke hã, Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖeke megblɔ be wofia nu nenema o. Ke boŋ de dzesi nya si apostolo Paulo, si nye Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le blema dometɔ ɖeka ŋlɔ. Le Filipitɔwo 2:9 la, eƒo nu tso nu si Mawu wɔ le Yesu ƒe tsitretsitsi vɔ megbe ŋu ale: “Mawu [do Yesu] ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ.” Le kpukpui sia nu la, nu kae Mawu wɔ na Yesu?

Akɔfa: Egblɔ be Mawu doe ɖe dzi wòva le nɔƒe si kɔkɔ wu.

Mansa: Nenemae. Gake ne Yesu nɔ tasɔsɔ me kple Mawu hafi ku, eye emegbe Mawu doe ɖe dzi wòva le ɖoƒe si kɔkɔ wu la, ke ɖe mafia be Yesu va kɔ wu Mawu oa? Ðe ame aɖe ate ŋu akɔ wu Mawua?

Akɔfa: Gbeɖe. Esia manya wɔ o.

Mansa: Nye hã mekpɔe nenema. Le nu siwo katã me míedzro vɔ megbe la, ɖe nàgblɔ be Biblia fia nu be Yesue nye Mawua?

Akɔfa: Ao, elabena Biblia gblɔ be Mawu ƒe Vie wònye.

Mansa: Nenema tututue. Ke hã, Akɔfa, medi be maka ɖe edzi na wò be Yehowa Ðasefowo dea bubu deto Yesu ŋu. Míexɔe se be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo la, eye eƒe kua ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na nuteƒewɔlawo katã be woakpɔ ɖeɖe.

Akɔfa: Nye hã mexɔe se nenema.

Mansa: Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe mía ta ŋu?’ *

Akɔfa: Mebua nya sia ŋu.

Mansa: Ne èlɔ̃ la, mate ŋu atrɔ ava míadzro ale si Biblia ɖo nya sia ŋui la me. Ànɔ aƒe me egbe aleawo gbea?

Akɔfa: Ɛ̃, manɔ aƒe me.

Mansa: Enyo ŋutɔ, ke míado go.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 lia.