Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Teƒeɖola Na Ame Siwo Katã Subɔnɛ

Enye Teƒeɖola Na Ame Siwo Katã Subɔnɛ

“AKPE NA WÒ.” Ame kae li si dzi madzɔe ne woda akpe nɛ ɖe dɔ aɖe si wòwɔ nyuie ta alo nu si wòna ame aɖe tso dzi me ta o? Mí katã míedina be amewo, vevietɔ ame siwo míelɔ̃ la, nakpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo míedzena ŋu. Eye mía Mawu, Yehowa, ye míelɔ̃ wu ame bubu ɖe sia ɖe. Ðe wòkpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo míedzena le esubɔsubɔ me ŋua? Na míadzro ale si wòwɔ nu ɖe Ebed-Melex, ame si de eƒe agbe afɔku me heɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, ŋu la me kpɔ.—Xlẽ Yeremiya 38:7-13 kple 39:16-18.

Ame kae nye Ebed-Melex? Edze ƒãa be enye amegã le Yuda Fia Zedekiya ƒe fiasã me. Ebed-Melex nye Yeremiya, ame si Mawu dɔ be wòaxlɔ̃ nu Yudatɔ mawɔnuteƒeawo ku ɖe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu la, ŋɔlimetɔ. Togbɔ be amegã mavɔ̃mawuwo domee Ebed-Melex nɔ hã la, evɔ̃ Mawu, eye wòde bubu deto Yeremiya ŋu. Wodo Ebed-Melex ƒe mawusosroɖa kpɔ esi amegã tovowo tsò Yeremiya nu alakpatɔe be etsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe vudo si me ba le hegblẽe ɖi be wòaku. (Yeremiya 38:4-6) Nu kae Ebed-Melex awɔ?

Ebed-Melex wɔ nu kalẽtɔe, etso ɖe nu ŋu kpata, eye mevɔ̃ nu si amegãawo adi be yewoatu kpli ye o. Eyi ɖe Zedekiya gbɔ le amewo ŋkume, eye wòƒo nu tsi tre ɖe nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe Yeremiya ŋuti la ŋu. Ðewohĩ efia asi nu gbegblẽ wɔlaawo esi wògblɔ na fia la be: “Ŋutsu siawo wɔ nu manyomanyo ɖe . . . Yeremiya ŋu.” (Yeremiya 38:9) Ebed-Melex kpɔ dzidzedze, eye le Zedekiya ƒe mɔfiafia te la, eɖe ŋutsu aɖewo kpe ɖe eɖokui ŋu be yewoayi aɖaɖe Yeremiya.

Azɔ Ebed-Melex ɖe nɔnɔme nyoameŋu bubu fia, si nye dɔmenyonyo. Etsɔ “ɖovuwo kple avɔ nyunyɔwo . . . eye wòtsɔ atagbi ɖiɖi wo ɖe Yeremiya le do la me.” Nu ka tae wòtsɔ ɖovuawo kple avɔawo ɖo? Bene Yeremiya natsɔ wo ade atagbiawo te le eƒe axatome bene eŋuti nagabebe esime wole ehem tso vudo si me ba le la me o.—Yeremiya 38:11-13.

Yehowa kpɔ nu si Ebed-Melex wɔ la. Ðe Wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋua? Mawu to Yeremiya dzi gblɔ na Ebed-Melex be Yuda ƒe tsɔtsrɔ̃ tu aƒe. Agbalẽnyala aɖe ɖɔ ŋugbe si Mawu do na Ebed-Melex la be “ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti kakaɖedzinya atɔ̃.” Yehowa gblɔ nɛ be: “Maɖe wò . . . Womatsɔ wò ade asi na [wo o] . . . Mana nàsi . . . Màtsi yi nu o . . . Wò agbe anye aboyonu na wò.” Nu ka tae Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ Ebed-Melex ta ɖo? Yehowa gblɔ nɛ be: “Elabena èɖo dzi ɖe ŋunye.” (Yeremiya 39:16-18) Yehowa nyae be menye ale si Ebed-Melex tsɔ ɖe le eme na Yeremiya ta koe wòɖee ɖo o, ke esi wòɖo dzi ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se hã tae.

Nufiamea dze ƒãa: Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo míedzena le esubɔsubɔ me ŋu. Biblia ka ɖe edzi na mí be eɖoa ŋku nu suetɔ kekeake si xɔse akuakua ʋãa mí míewɔna le esubɔsubɔ me la gɔ̃ hã dzi. (Marko 12:41-44) Ðe esia na nèdi be yeate ɖe Mawu sia si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la ŋua? Ekema, ka ɖe edzi be awɔ nu wòasɔ ɖe nu si eya ŋutɔ ƒe Nyaa gblɔ tso eŋu la dzi be: “Ezua teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le May me:

Yeremiya 32-50