Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia Nu Viwòwo

Esẽ Dzi Me Gbã, Gake Eva Ðo To

Esẽ Dzi Me Gbã, Gake Eva Ðo To

ÐE NÈSẼ dzi me hegbe nu si wogblɔ na wò la dzi wɔwɔ kpɔa? * Ðewohĩ èkpɔ television dzi wɔna aɖe si fofowò alo dawò be mègakpɔ o. Anɔ eme be èva bu eŋu emegbe, eye wòte ɖe dziwò be mèɖo to o. Ame siwo gbe toɖoɖo hafi emegbe wova wɔ nu si wogblɔ na wo la dometɔ ɖekae nye Naeman. Na míakpɔ ale si wokpe ɖe eŋu be megasẽ dzi me o la ɖa.

Míatsɔe ko be míele agbe le ƒe 3,000 kple edzivɔ siwo va yi la me. Naeman nye Aramtɔwo ƒe aʋafia vevi aɖe. Eyae ɖoa nu si eƒe asrafowo awɔ la na wo, eye wosea eƒe gbe. Gake dɔ vɔ̃ɖi aɖe si gblẽa nu le ŋutigbalẽ ŋu la dze Naeman dzi. Dɔa wɔe be eŋuti meganya kpɔ o, eye anya nɔ veve sem hã.

Dɔlanyɔnuvi sue aɖe si tso Israel la le Naeman srɔ̃ si. Gbe ɖeka, nyɔnuvia ƒo nu tso ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Elisa, si le wo de la ŋu na eƒe aƒenɔ. Egblɔ be Elisa ate ŋu ada dɔ na Naeman. Esi Naeman se nya sia ko la, edi be yeayi Elisa gbɔ enumake. Etsɔ nunana gbogbo aɖewo ɖe asi, eye woa kple eƒe asrafowo wozɔ mɔ yi Israel. Eyi Israel fia la gbɔ hegblɔ nu si ta wòva ɖo la nɛ.

Elisa se nu tso eŋu, eye wòɖo du ɖe fia la be wòaɖo Naeman ɖe ye. Esi Naeman ɖo Elisa ƒe aƒea gbɔ la, ɖeko Elisa dɔ dɔla aɖe ɖe Naeman gbɔ be wòagblɔ nɛ be wòayi aɖale tsi zi adre le Yordan Tɔsisia me. Elisa gblɔ be ne Naeman wɔ esia la, ahaya. Aleke nèsusu be Naeman se le eɖokui me?

Ebi dzi. Eya ta esẽ dzi me hegbe be yemaɖo to Mawu ƒe nyagblɔɖilaa o. Egblɔ na eƒe asrafoawo be: ‘Tɔsisi siwo nyo wu la le mía de si me mate ŋu ale tsi le.’ Naeman trɔ be yeadzo. Gake ènya nya si eƒe asrafowo biaea?— Wobiae be, ‘Ne ɖe nu sesẽ aɖee nyagblɔɖilaa gblɔ na wò la, màwɔe oa? Ke esi wònye nu sia ko wòbe nàwɔ ɖe, ɖe manyo be nàwɔe oa?’

Naeman ɖo to hewɔe abe ale si eƒe asrafowo gblɔ nɛ ene. Naeman do ɖi ɖe tsia me zi ade, ke esi wògawɔe zi adrelia la, nu si dzɔ la wɔ nuku nɛ. Dɔa vɔ nɛ enumake! Eƒe lãme gasẽ! Enumake ezɔ kilometa 48 ƒe mɔ yi Elisa ƒe me be yeada akpe nɛ. Edi be yeatsɔ nunana xɔasiwo ana Elisa, gake nyagblɔɖilaa gbe wo xɔxɔ.

Eya ta Naeman bia nane tso Elisa si. Ènya nu si wònyea?— Egblɔ be: ‘Na woaku anyi tedzisɔ eve ƒe tsɔtsɔ nam matsɔ ayi aƒe me.’ Ènya nu si tae wòbia nu ma ɖoa?— Naeman gblɔ be yedi be yeatsɔ nunanawo asa vɔe na Mawu ɖe anyi si woku tso Mawu ƒe amewo ƒe anyigba, Israel dzi. Eyome Naeman do ŋugbe be yemagade ta agu na mawu bubu aɖeke azɔ o, negbe Yehowa ko! Naeman megasẽ dzi me azɔ o, ke boŋ elɔ̃ faa be yeaɖo to Mawu vavã la.

Ède dzesi mɔ si nu nàte ŋu awɔ nu abe Naeman ene lea?— Ne edzɔ be èsẽ dzi me abe Naeman ene hã la, àte ŋu atrɔ. Àte ŋu ana woakpe ɖe ŋuwò be màgasẽ dzi me azɔ o.

Xlẽe le wò Biblia me

^ Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.