Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Manya Wɔ O!”—Nu Kae Nya Sia Fia?

“Manya Wɔ O!”—Nu Kae Nya Sia Fia?

“Manya Wɔ O!”​—Nu Kae Nya Sia Fia?

LE ƑE 1912 me la, meli si nye Titanic la dze ƒu dzi zi gbãtɔ. Enye meli gãtɔ kekeake, si de ŋgɔ wu le eŋɔli. Mɔ̃ɖaŋununya deŋgɔ si wotsɔ tui la na wobui be “mate ŋu anyrɔ gbeɖe o.” Ke nu si va dzɔ ɖe edzi la nye nya nyanyɛ. Le eƒe ƒudzimɔzɔzɔ gbãtɔ me la, eva lɔ tsiŋgɔtsikpe gã aɖe le Dziehe Atlantik ƒua dzi henyrɔ, eye ame siwo ade 1,500 hã nyrɔ kplii. Meli si wobe mate ŋu anyrɔ gbeɖe o la nyrɔ keŋkeŋ le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me.

Susu vovovowo tae amewo gblɔna be nane “manya wɔ o” ɖo. Ne míese le mía ɖokui me be manya wɔ be míanɔ te ɖe nɔnɔme aɖe nu, alo aɖo taɖodzinu aɖe gbɔ, alo ase nane gɔme o la, míetea ŋu gblɔna be manya wɔ o. Tsã la, wobu mɔ̃ɖaŋunutovɛ siwo li egbea la dometɔ geɖe be womanya wɔ o, elabena ɣemaɣi la, nu mawo wɔwɔ alo wo kpɔkpɔ do ŋgɔ gɔ̃ hã gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu. Egbea, amewo yi dzinu dzi, woɖo robɔt aɖe ɖe ɣletinyigba Mars dzi hefia mɔe tso anyigba dzi, wosrɔ̃ nu tso amegbetɔ ƒe domenyiŋusẽfianu ƒe akpa vovovoawo ŋu, eye wotea ŋu kpɔa anyigba didiwo gɔ̃ hã ƒe nyadzɔdzɔwo le gaƒoƒo si me nyaa le dzɔdzɔm, evɔ ƒe 50 aɖewo koe nye esi va yi la, ɖewohĩ woabu nu siawo be womanya wɔ o. United States ƒe dukplɔla tsãtɔ, Ronald Reagan, te gbe ɖe esia dzi nyuie esi wònɔ nu ƒom na ame siwo nye ŋgɔxɔlawo le dzɔdzɔmeŋutinunya vovovowo me ale: “Mi, ame siwo le ŋgɔ xɔm le mɔ̃ɖaŋununya me la na nu siwo wobu nyitsɔ laa be womanya wɔ o la zu nu siwo míele kpɔkpɔm gbe sia gbe egbea.”

Le nu wɔnuku geɖe siwo wole totom vae ta la, Nufialagã John Brobeck gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖeke magate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be nane manya wɔ o. Nu si wòate ŋu agblɔ koe nye be asesẽ be wòadzɔ. Gake ɖewohĩ ate ŋu agblɔ be manya wɔ be míanɔ te ɖe nu siwo míenya fifia dzi aɖe nanewo me o.” Nufialagã la gblɔ kpee be ne ewɔ na mí be nane manya wɔ o la, “ke nu si wòle be míade dzesii ye nye be ŋusẽtsoƒe aɖe li si ŋu míenya nu tsoe le míaƒe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nusɔsrɔ̃wo me o. Wogblɔ le Ŋɔŋlɔawo me be ŋusẽtsoƒe siae nye Mawu ƒe ŋusẽ.”

Le Mawu Ya Gbɔ La, Woate Ŋu Awɔ Nu Sia Nu

Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Nufialagã Brobeck ƒe nya mawo gbɔgblɔ la, Yesu si tso Nazaret, ame si ŋu wogblɔ le be enye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la, gblɔ be: “Nu siwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔ wo le Mawu ya gbɔ.” (Luka 18:27) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae nye ŋusẽ si tri akɔ wu le xexea me godoo. Womate ŋu ato mɔ̃ɖaŋu ƒe mɔnu aɖeke dzi adzidzee o. Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana míawɔ nu siwo gbɔ míaƒe ŋutete ŋu.

Zi geɖe la, mí amegbetɔwo míegena ɖe nɔnɔme aɖewo siwo míesusuna be wowu tsɔtsɔ na mí la me. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míaƒe ame vevi aɖe naku alo ƒomekuxi sesẽwo ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be wɔna vɔ le mía ŋu. Ðewohĩ míaƒe nuwɔnawo me tsonuwo nana dzi ɖena le mía ƒo vevie, eye míesena le mía ɖokui me be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o. Míesena le mía ɖokui me be míenye wɔnamanɔŋutɔwo. Nu kae míate ŋu awɔ?

Biblia gblɔ na mí be ne ame aɖe xɔ Ŋusẽkatãtɔ la dzi se, eye wòdoa gbe ɖa biaa Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea hewɔa nu sia nu si wòate ŋui be yeadze Eŋu la, woakpe ɖe eŋu wòaɖu kuxi siwo dze abe ɖe wo gbɔ manya kpɔ o ene la dzi. De dzesi Yesu ƒe akɔfanamenya siawo: “Vavã mele egblɔm na mi be ame sia ame si gblɔ na to sia be, ‘Ho, ne nàyi aɖadze atsiaƒu me,’ eye meke ɖi le eƒe dzi me o, ke boŋ wòxɔe se be nya si yegblɔ la ava eme la, ava eme nɛ nenema.” (Marko 11:23) Ne míeɖe mɔ ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔa ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, nɔnɔme aɖeke meli si awu tsɔtsɔ na mí o.

Míatsɔ ŋutsu aɖe si srɔ̃ kansa wu le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 38 megbe la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Eƒe dzi gbã. Ese le eɖokui me be yemate ŋu anɔ te ɖe dzigbãnya sia nu o. Ɣeaɖewoɣi la, edzronɛ be yeaku tsɔ wu be yeanɔ agbe ye srɔ̃ manɔmee. Egblɔ be yese le ye ɖokui me be yele bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me zɔm. Emegbe eva ka ɖe edzi be nu siwo kpe ɖe ye ŋu yete ŋu nɔ te ɖe nu si yesusu be manya wɔ o nu lae nye gbedodoɖa kple aɖatsiwo, Biblia xexlẽ gbe sia gbe, kple Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiame didi vevie.

Kuxi sesẽwo ɖo atsu kple asi aɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe me. Srɔ̃ŋutsu la wɔa adã, eye nɔnɔme gbegblẽ geɖewo nɔ esi. Srɔ̃a se le eɖokui me be agbea manya nɔ o. Ete kpɔ be yeawu ye ɖokui. Ke Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple ŋutsua. Nu siwo wòsrɔ̃ la na wòɖe asi le nɔnɔme gbegblẽawo ŋu hedzudzɔ adãwɔwɔ. Ewɔ mo yaa na nyɔnua be ŋutsua wɔ tɔtrɔ siwo wòsusu be womanya wɔ hafi o la.

Ŋutsu bubu aɖe si zã atike vɔ̃ɖiwo henɔ agbe gbegblẽ la gblɔ be yezu nublanuitɔ kekeake. Egblɔ be: “Bubu aɖeke kura megava nɔ ŋunye o.” Edo gbe ɖa na Mawu vevie gblɔ be: “Aƒetɔ, menya be èli. Meɖe kuku kpe ɖe ŋunye dzro!” Nu si do tso emee nye be Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplii, eye esia na wòwɔ tɔtrɔ wɔmoyaawo. Egblɔ be: “Enuenu la, nye dzitsinya ɖea fu nam, eye mesena le ɖokuinye me be viɖe mele ŋunye o. Ɣeaɖewoɣi la, meléa blanui ŋutɔ. Ke hã, Mawu ƒe Nyaa kpe ɖe ŋunye meɖu seselelãme mawo dzi. Ne metsi zãdomadɔlɔ̃e la, menɔa Ŋɔŋlɔ siwo melé ɖe susu me la me nyawo gblɔm. Esia kpe ɖe ŋunye meɖu susu gbegblẽwo ŋu bubu dzi.” Eɖe srɔ̃ le dzidzɔ kpɔm fifia. Woa kple srɔ̃a wole geɖe wɔm le kpekpem ɖe amewo ŋu be woaka ɖe ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu dzi. Esime wònye ɖekakpui nɔ kuxiwo me tom la, asusui be tɔtrɔ siwo yewɔ fifia la manya wɔ hafi o.

Nudzɔdzɔ siawo ɖo kpe edzi be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu vavã, eye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana míawɔ nu siwo míesusu be womanya wɔ o. Gake ɖewohĩ àgblɔ be, “Ebia xɔse!” Ɛ̃, nyateƒee. Biblia ŋutɔ hã gblɔ be “ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze [Mawu ŋu] nyuie o.” (Hebritɔwo 11:6) Gake bu eŋu ale: Tsɔe be xɔ̃wò vevi aɖe, si ɖewohĩ enye gadzraɖoƒedzikpɔla alo ŋusẽtɔ, gblɔ na wò be: “Mègavɔ̃ o. Ɣesiaɣi si nane hiã wò ko la, va kpɔm.” Ðikeke mele eme o be ŋugbedodo sia afa akɔ na wò. Gake nublanuitɔe la, amegbetɔwo ƒe nyawo doa kpo emevava zi geɖe. Ðewohĩ xɔ̃wòa va ge ɖe nɔnɔme aɖe me, si wɔe be manya wɔ be wòawɔ ŋugbe nyui si wòdo dzi o. Ne eku la, ke tame nyui si wòɖo kple kpekpeɖeŋu si wòate ŋu ana hafi la tsi akpo dzi. Gake kplamatsɛdonu siwo xea mɔ na amegbetɔwo la dometɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ na Mawu o. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Naneke meli si manya wɔ na Mawu o.”​—Luka 1:37, The Jerusalem Bible.

“Èxɔ Nya Sia Dzi Sea?”

Nudzɔdzɔ geɖe siwo ɖo kpe nya mamlɛ siawo ƒe nyateƒenyenye dzi la ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 90 si ŋkɔe nye Sara la ko nu esi wogblɔ nɛ be adzi ŋutsuvi, ke hã Israel viwo ƒe anyinɔnɔ ɖo kpe edzi be edzii vavã. Ŋutsu aɖe si ƒumelã klitsu aɖe mi la nɔ lãa ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃, ke etsi agbe va ŋlɔ nu tso eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu. Eŋkɔe nye Yona. Luka, si nye atikewɔla si nya vovototo si le ame si yi ɖi me kple ame si ku dome la, ŋlɔ nu tso ale si ɖekakpui Eutixo ge tso dziƒoxɔ aɖe ƒe fesre nu, eye wòku gake wogagbɔ agbee la ŋu. Menye gliwoe nya siawo nye o. Ŋutinya siawo me dzodzro nyuie ɖoa kpe woƒe nyateƒenyenye dzi.​—1 Mose 18:10-14; 21:1, 2; Yona 2:1; 2:2, 11; Dɔwɔwɔwo 20:9-12.

Yesu gblɔ nya wɔmoyaa sia na exɔlɔ̃ Marta bena: “Ame sia ame si le agbe, eye wòɖenɛ fiana be yexɔ dzinye se la, maku akpɔ gbeɖe o.” Esi Yesu do ŋugbe wɔmoyaa sia vɔ la, ebia nya vevi sia bena: “Èxɔ nya sia dzi sea?” Egale vevie egbea be míabu biabia vevi ma ŋu nyuie.​—Yohanes 11:26.

Agbe Tegbee Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Anya Wɔa?

Le agbalẽ aɖe si wowɔ ku ɖe agbe didi nɔnɔ me tsonuwo ŋu me la, agbalẽa ŋlɔlawo gblɔ be: “Ðewohĩ eteƒe madidi o, míanɔ agbe wòadidi sãsãsã wu ale si wòle fifia, alo míanɔ agbe tegbee gɔ̃ hã.” Numekugbalẽ aɖe (New Encyclopædia Britannica) ɖe nu me be, edze abe nane si míenya o, si nana be ŋutinuwo megawɔa dɔ nyuie o alo wodzudzɔa dɔwɔwɔ la gbɔe ku tsona ene, ke menye be ɖe nue tea lãmenugbagbeviwo ŋu le esi wowɔ dɔ ʋuu ta o. * Egblɔ be: “Ate ŋu anye be nu si koŋ gbɔ amegãkuku tsonae nye be kuxi aɖe va nɔa nu siwo nana ŋutinuwo wɔa dɔ le mɔ deŋgɔ nu la ŋu.”

Togbɔ be nya mawo nya se hã la, nu siwo Biblia gblɔ siwo na míeka ɖe edzi be míate ŋu anɔ agbe tegbee la de ŋgɔ sãsãsã wu amegbetɔ ƒe nuŋububu kple dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodziwo. Mía Wɔla, Yehowa Mawu, si nye Agbedzɔƒe la, do ŋugbe be ‘yeami ku saɖagatsi tegbee.’ (Psalmo 36:10; Yesaya 25:8) Èxɔ nya sia dzi sea? Yehowae do ŋugbe sia, eye mate ŋu aka aʋatso o.​—Tito 1:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ne èdi numeɖeɖe tsitotsito ku ɖe amegãkuku kple agbenɔƒewo ŋu la, kpɔ May 2006 ƒe Nyɔ! ƒe tata si nye “How Long Can You Live?” ƒe gɔmedzenyatiwo (Eʋegbetɔ, July-September 2006, axa 11-17). Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

“Nu siwo wobu nyitsɔ laa be womanya wɔ o la zu nu siwo míele kpɔkpɔm gbe sia gbe egbea.”​—RONALD REAGAN

[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]

Ne nɔnɔmeawo wu tsɔtsɔ na wò la, ame ka ŋue nètrɔna ɖo?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]

NASA photo