Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

‘Wò Luʋɔ Abɔbɔ Ave Nunye’

‘Wò Luʋɔ Abɔbɔ Ave Nunye’

ÐOKUIBƆBƆ nye nɔnɔme lédziname. Míedina be míate ɖe ɖokuibɔbɔlawo ŋu. Gake nublanuitɔe la, ɖokuibɔbɔ vavãtɔ megabɔ egbea o, vevietɔ le ame siwo kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi gome. Ke Yehowa Mawu, Ame si ƒe ŋusẽ tri akɔ wu le xexea me godoo ya ɖe? Ðe wòbɔbɔa eɖokuia? Na míadzro nyagblɔɖila Yeremiya ƒe nya si le Konyifahawo 3:20, 21 (NW) la me kpɔ.​—Xlẽe.

Yeremiya ŋlɔ Konyifahawo esi Israel dukɔa nɔ ɣeyiɣi sesẽwo me tom. Ðeko wòkpɔ nane si na wòxa nu vevie la teƒe koe nye ema. Eyae nye be Babilontɔwo tsrɔ̃ woƒe du lɔlɔ̃a Yerusalem. Yeremiya, si ƒe dzi gbã la nya be xaxa si va yewo dzi la le eteƒe, elabena Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃e wòhe va Israel dukɔa dzi le woƒe nu vɔ̃wo ta. Gake ɖe mɔkpɔkpɔ bu ɖe Yeremiya? Ðe wòse le eɖokui me be Yehowa le adzɔge alo be metsɔ ɖeke le eme ne wòahayi ŋku lé ge ɖe dzimetrɔlawo ŋu ahaxɔ na wo oa? Se nya si Yeremiya gblɔ abe ɖe wòle nu ƒom ɖe eƒe dukɔa nu ene la ɖa.

Togbɔ be konyifaɣie hã la, mɔkpɔkpɔ le Yeremiya ya si. Egblɔ na Yehowa be: “Wò luʋɔ * [Yehowa ŋutɔ] aɖo ŋui kokoko, eye wòabɔbɔ ave nunye.” (Kpukpui 20, NW) Kakaɖedzi le Yeremiya si. Enya be Yehowa maŋlɔ ye kple yeƒe dukɔmevi siwo trɔ dzi me la be o. Gake nu kae Mawu ŋusẽkatãtɔ la awɔ?​—Nyaɖeɖefia 15:3.

Yeremiya ka ɖe edzi be Yehowa ‘abɔbɔ ava anyi’ na ame siwo trɔ dzi me vavã la. Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be: “Oo ɖo ŋui, ne nàbɔbɔ ɖokuiwò ava anyi nam.” Nya siawo nana míekpɔnɛ be nublanuikpɔlae Yehowa nye. Ele ko abe ɖe Yehowa, ame si “ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi,” abɔbɔ ava anyi ene, eye wòaɖe esubɔlawo tso vlodoame si me wole la me ahave wo nu. (Psalmo 83:19) Kakaɖedzinya sia do ŋusẽ Yeremiya, eye wòfa dzi nɛ. Nyagblɔɖila nuteƒewɔla la ɖoe kplikpaa be yealala dzigbɔɖitɔe va se ɖe ɣeyiɣi si Yehowa ɖo be yeaɖe yeƒe dukɔ si trɔ dzi me la.​—Kpukpui 21.

Yeremiya ƒe nya siwo wòŋlɔ la fia nu eve aɖewo mí tso Yehowa ŋu. Gbã la, enye ɖokuibɔbɔla. (Psalmo 18:36) Yehowa ƒe “ŋusẽ tri akɔ.” Ke hã enye Yehowa ƒe didi be yeabɔbɔ ɖe mía gbɔ, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ahakpe ɖe mía ŋu ne dzi ɖe le mía ƒo. (Hiob 37:23; Psalmo 113:5-7) Ðe nya sia mefaa akɔ na ame ŋutɔ oa? Evelia, Yehowa nye nublanuikpɔla; ‘elɔ̃na faa be yeatsɔ ake’ nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo ahave wo nu. (Psalmo 86:5) Nɔnɔme eve mawo, siwo nye ɖokuibɔbɔ kple nublanuikpɔkpɔ la, zɔna aduadu.

Dzidzɔtɔe la, Yehowa mele abe amegbetɔ dziɖula siwo ƒe dada nana wozua dzimesẽlawo kple vevemaseɖeamenulawo ene o! Ðe wò dzi meʋã wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu si bɔbɔ eɖokui, si lɔ̃na faa be ‘yeabɔbɔ ava anyi’ be yeana mɔkpɔkpɔ nasu ye subɔla siwo ƒo dzi ɖe le la ŋu oa?

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le June me:

Yeremiya 51Xezekiel 5

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Blema agbalẽfialawo trɔ kpukpui sia me nyawo wòxlẽ be “nye luʋɔ,” abe ke Yeremiyae wowɔnɛ ene. Edze ƒãa be wosusui be mesɔ be woazã “luʋɔ” na Mawu o, le esi Biblia zãa nya ma na anyigba dzi nuwɔwɔwo ta. Gake ɣeaɖewoɣi la, Biblia zãa nya siwo gɔme amegbetɔwo ate ŋu ase tsɔ ɖɔa Mawui. Esi “luʋɔ” tea ŋu fiana “agbe si míele” ta la, nyagbe “wò luʋɔ” gɔmee nye “wò.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Enye Yehowa ƒe didi be yeabɔbɔ ɖe mía gbɔ, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ahakpe ɖe mía ŋu ne dzi ɖe le mía ƒo