Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae amewo zã aŋɔ ɖe akaloba teƒe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ɖo?

Wogblɔ le Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe ame siwo nɔ mɔ́ kɔkɔ aɖe tum le Babel ŋu la me be “anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo.”​—1 Mose 11:3.

Dzɔdzɔmenue aŋɔ nye. Tomemi mee wokpɔnɛ lena, eye ebɔ ɖe Mesopotamia nutoa me, afi si wòdzina tsoa anyigbatu me le heliana. Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me kee amewo de dzesii be enye nutrenu nyui. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be aŋɔ “nyo na xɔ siwo wotu kple anyikpe memewo.”

Nyati aɖe si dze le agbalẽ aɖe (Archaeology) me la, ƒo nu tso numekuku si wowɔ nyitsɔ laa le mɔ́ aɖe si zu glikpowo le blemadugã Ur si le Mesopotamia ŋu la ŋu. Agbalẽa ŋlɔla gblɔ be: “Aŋɔ si wozã ɖe akaloba teƒe la gale dzedzem le anyikpeawo domee, eye enye mɔ siwo nu wozã tomemi gbogbo si le anyiehe Iraq ƒe amiteƒewo zi gbãtɔ le la dometɔ ɖeka. Aŋɔ yibɔ sia hã le eme tae zitɔtɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ le nuto ma me egbea ɖo, gake tsã la, ɖe wòte dumeviwo ƒo ƒui boŋ. Aŋɔ zazã le xɔtutu kple mɔwo dodo me wɔe be tsi megblẽ nu le Sumertɔwo ƒe anyikpewo, siwo ŋu ŋusẽ boo mele o la ŋu o, ale woƒe xɔwo nɔ anyi ƒe akpewo gɔ̃ hã.”

“Agbalẽ” ka ƒomevi dzie woŋlɔ nu ɖo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me?

Nya aɖe si Bibia ŋlɔla Yohanes gblɔ lae fɔ biabia sia ɖe te. Egblɔ be: “Togbɔ be nya geɖewo li maŋlɔ na mi hã la, nyemedi be mazã agbalẽ kple nuŋlɔtsi atsɔ aŋlɔe o.”​—2 Yohanes 12.

Helagbe me nya kharʹtes, si gɔme woɖe le afi sia be “agbalẽ,” la hea susu yia agbalẽ si wotsɔ aƒla, si nye gbe aɖe si miena ɖe tsiteƒewo, wɔ la dzi. Numekugbalẽ aɖe ɖɔ mɔ si nu wotsɔa gbe sia wɔa agbalẽ ɖeɖi siwo dzi woate ŋu aŋlɔ nu ɖo la ale: “Wosina gbe sia si tea ŋu didina meta 3 la heɖea tsro le eŋu, eye wofea eme lɛlɛlɛ. Woɖoa wo ɖe wo nɔewo xa tututu hafi gatsɔa bubuwo tsoa ga ɖe wo dzi; eyome wotsɔa atizu ƒonɛ gbabɛ, eye mlɔeba wotsɔa dɔwɔnu aɖe zrɔ̃a edzi.”

Blematomenukulawo ke ɖe blema aƒlagbalẽ geɖewo ŋu le Egipte kple nuto siwo te ɖe Ƒu Kukua ŋu. Aƒlagbalẽ siwo dzi Ŋɔŋlɔawo me nyawo le, siwo ŋu woke ɖo le nuto mawo me la dometɔ aɖewo nɔ anyi le Yesu ŋɔli alo do ŋgɔ gɔ̃ hã. Anɔ eme be aƒlagbalẽwo dzie woŋlɔ Biblia me lɛtawo, abe esiwo apostoloawo ŋlɔ ene la, ɖo zi gbãtɔ.

[Nɔnɔmetatawo Tsoƒe si le axa 11]

Spectrumphotofile/​photographersdirect.com

© FLPA/​David Hosking/​age fotostock