Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ame Aɖe Li Si Sea Gbedodoɖawoa?

Ðe Ame Aɖe Li Si Sea Gbedodoɖawoa?

Ðe Ame Aɖe Li Si Sea Gbedodoɖawoa?

“Tsã la, mekea ɖi nenye be Mawu li. Ke hã, medoa gbe ɖa ɣeaɖewoɣi ya. Nyemeka ɖe edzi nenye be ame aɖe nɔa wo sem o, gake le nyateƒe me la, mekpɔa mɔ be ame aɖe nasee. Dzi menɔ dzɔyem o, eye tameɖoɖo aɖeke menɔ nye agbe ŋu o. Nyemedi be maxɔ Mawu dzi ase o le esi mesusui be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwoe xɔa Mawu dzi sena ta.”​—PATRICIA, * IRELAND.

ÐE NÈSE le ɖokuiwò me abe Patricia ene kpɔa? Ðe nèdoa gbe ɖa ne mèka ɖe edzi be Mawu li o gɔ̃ hã? Ekema menye wò ɖekae o. Bu nya siawo ŋu kpɔ.

◼ Esi wobia gbe Britaintɔ 2,200 la, wo dometɔ 22 le alafa me koe xɔe se be Mawu aɖe li si wɔ xexea, eye wòsea gbedodoɖawo. Ke hã, ame siwo wobia gbee la dometɔ 55 le alafa me doa gbe ɖa ɣeaɖewoɣi ya teti.

◼ Esi wobia gbe ame 10,000 le anyigbagã ene dzi la, wo dometɔ siwo be yewonye mawudzimaxɔselawo la dometɔ 30 kloe le alafa me doa gbe ɖa.

Nu Ka Tae Wokea Ði?

England ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Allan gblɔ be: “Tsã la, megblɔna be nyemexɔ Mawu dzi se o, elabena mesusui be ɖe woto mawusubɔsubɔ vɛ be woatsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi, eye wònye gadimɔnu. Azɔ hã, megblɔna be ne ɖe Mawu li la, anye ne nu madzɔmadzɔ wɔwɔ mabɔ alea gbegbe o. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, menɔa anyi kpoo heƒoa nu na ‘nane.’ Mebiaa ɖokuinye hã be, ‘Aleke mewɔ va dzɔ?’”

Le ame siwo sena le wo ɖokui me alea gome la, ame sia ame kple nu si tae wòkea ɖi nenye be Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu. Zi geɖe la, nu si tae amewo kea ɖi ye nye be womekpɔ ŋuɖoɖo na biabiawo, abe esiawo ene o:

◼ Ðe Wɔla aɖe lia?

◼ Nu ka tae subɔsubɔhawo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi zi geɖe ɖo?

◼ Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?

Ne ète ŋu kpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la, ɖe wòaka ɖe edzi na wò be gbedodoɖasela aɖe lia?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati siawo siwo ku ɖe gbedodoɖa ŋu la me.