Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Nye Gbedodoɖasela La?

Ame Kae Nye Gbedodoɖasela La?

Ame Kae Nye Gbedodoɖasela La?

NE GBEDODOÐASELA aɖe li la, ke esɔ be míagblɔ be eyae nye Wɔla la. Ame kae gali si ate ŋu anya nu siwo le susu me na wò tsɔ wu Ame si wɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ la? Ame kae gali si ate ŋu aɖo gbedodoɖawo ŋu ahana kpekpeɖeŋu si hiã la amegbetɔwo? Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe susu le eme be míaxɔe ase be Wɔla aɖe lia?’

Ame geɖe susui be hafi ame aɖe naxɔe ase be Wɔla aɖe li la, ke ele be wòaŋe aɖaba aƒu egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodziwo dzi. Gake nukpɔsusu si nye be Mawu dzi xɔxɔ se mewɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya o la nye aʋatso. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

◼ Le nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe si me wobia gbe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nufialagã 1,646 siwo fiaa nu le United States ƒe yunivɛsiti 21 siwo xɔ ŋkɔ wu me la, wo dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖe sia ɖe me koe gblɔ be: “Nyemexɔ Mawu dzi se o.”

Nyateƒeae nye be, dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe xɔe se be Mawu li.

Wɔla Ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Kpeɖodzi

Ðe wòle be míaxɔe ade eme ko be Gbedodoɖasela li, kpeɖodzi aɖeke manɔmeea? Kura o. Nukpɔsusu si nye be, xɔse fia be woaka ɖe nane dzi kpeɖodzi manɔmee la menye nyateƒe o. Le Biblia ƒe nya nu la, xɔse nɔ te ɖe ‘kpeɖodzi si ɖee fia kɔtɛ be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ’ dzi. (Hebritɔwo 11:1) Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be xɔse “nana míekana ɖe nu siwo li ŋutɔŋutɔ gake míekpɔna o la dzi.” (The New English Bible) Le kpɔɖeŋu me, màte ŋu akpɔ yaƒoƒo o, gake ènya be eli, elabena enana atiwo ƒe aŋgbawo kple nu bubuwo ʋãna. Nenema kee, togbɔ be míate ŋu akpɔ Gbedodoɖaselaa o hã la, míate ŋu adzro kpeɖodzi siwo ana míaka ɖe edzi be eli la me.

Afi kae míate ŋu akpɔ kpeɖodzi si fia be Mawu li la le? Nu siwo ƒo xlã mí la ɖo kpe edzi. Biblia gblɔ be: “Nyateƒee, aƒe sia aƒe la, ame aɖee tsonɛ, gake ame si wɔ nuwo katã lae nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be susu le nya ma me oa? Ðewohĩ ne ède ŋugble le ɖoɖo si nu dziƒonuwo le, afi si agbe dzɔ tso, amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃, si nye nu si ƒe wɔwɔme de ŋgɔ wu le anyigba dzi ŋu la, àƒo nya ta be nane si kɔ wu amegbetɔwo la li. *

Gake seɖoƒe li na nu siwo nuwɔwɔwo ate ŋu afia mí tso Mawu ŋu. Ŋkuléle ɖe nuwɔwɔ siwo ɖoa kpe edzi be Mawu li ŋu la le ko abe ale si nànɔ ame si zɔ gbɔna la ƒe afɔzi sem le ʋɔtru si le tutu la godo ene. Ènya be ame aɖe le afi ma, gake aleke nàwɔ anya ame si wònye? Ele be nàʋu ʋɔtrua. Ele be míawɔ nu sia tɔgbi hafi míate ŋu adze si Ame si wɔ nuwo katã.

Biblia le abe ʋɔtru si míaʋu hafi ake ɖe Mawu ŋuti sidzedze ŋu la ene. Ne èdzro Biblia me hekpɔ ale si nya siwo wògblɔ ɖi tsitotsito va emee la, àkpɔ nu siwo ɖoa kpe edzi be Mawu li. * Gawu la, nu siwo woŋlɔ ɖi tso ale si Mawu wɔ nu ɖe eƒe amewo ŋui la ɖe Gbedodoɖasela la ƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ fia.

Ame Ka Ƒomevie Gbedodoɖasela La Nye?

Biblia ɖee fia be Gbedodoɖasela la nye ame si ŋu míate ŋu asrɔ̃ nu tsoe ahadze sii. Eme kɔ ƒãa be ame koe ate ŋu ase nya ahase egɔme. Efaa akɔ na mí be woŋlɔ tso eŋu be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.” (Psalmo 65:3) Eɖoa to ame siwo doa gbe ɖa nɛ le xɔse me. Eye ŋkɔ le esi. Biblia gblɔ be: “Yehowa le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.”​—Lododowo 15:29.

Seselelãme le Yehowa si. Enye “lɔlɔ̃ . . . ƒe Mawu,” eye woyɔe be “Mawu dzidzɔtɔ la.” (2 Korintotɔwo 13:11; 1 Timoteo 1:11) Esi nu vlo wɔwɔ xɔ aƒe ɖe anyigba dzi ɣeaɖeɣi la, Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be ‘eɖu dzi nɛ.’ (1 Mose 6:5, 6) Menye nyateƒee wònye be Mawu hea fukpekpe vaa amewo dzi be yeatsɔ ado wo akpɔe o. Biblia gblɔ be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi.” (Hiob 34:10) Ke hã, ɖewohĩ àbia be, ‘Ne Mawu nye Wɔla ŋusẽkatãtɔ la, ke nu ka tae wòɖe mɔ amewo le fu kpem?’

Yehowa na ŋutete amegbetɔ be wòawɔ tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ, eye esia ɖe nane fia mí ku ɖe ame si ƒomevi Mawu nye ŋu. Ðe menye mɔnukpɔkpɔ xɔasie wònye su mía si be míatia ale si míanɔ agbee oa? Gake nublanuitɔe la, ame geɖe wɔa ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu, eye esia nana woawo ŋutɔwo kple ame bubuwo kpea fu. Azɔ, ele be míabu biabia sia ŋu vevie: Aleke Mawu awɔ aɖe fukpekpe ɖa ne mexɔ tiatiawɔblɔɖea le amegbetɔwo si o? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye The Origin of Life​—Five Questions Worth Asking (Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie) kple agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? (Y a-t-il un Créateur qui se soucie de vous?)

^ Agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame kple agbalẽ si nye The Bible​—God’s Word or Man’s? (La Bible: Parole de Dieu ou des hommes?) si Yehowa Ðasefowo ta la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzro nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia la me.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 5]

Ðe Subɔsubɔhawo Na Nèle Ði Kema?

Nublanuitɔe la, subɔsubɔhawo boŋue nana ame geɖe kea ɖi nenye be Gbedodoɖasela si nye veveseɖeamenula aɖe li. Esi subɔsubɔhawo kpɔ gome le aʋawɔwɔ kple nu vlo wɔwɔ dziŋɔwo me, eye woɖe mɔ ɖe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu ta la, ame siwo doa gbe ɖa vevie tsã la gɔ̃ hã va gblɔna be, “Nyemexɔ Mawu dzi se o.”

Nu ka tae subɔsubɔhawo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi zi geɖe ɖo? Kpuie ko la, ame vɔ̃ɖiwoe wɔa nu gbegblẽwo le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me. Biblia gblɔe ɖi be ame aɖewo ava kpɔ ŋusẽ ɖe Kristo hamea dzi atsɔ ado nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe ŋgɔ. Apostolo Paulo gblɔ na dzikpɔla Kristotɔwo be: “Le mia ŋutɔwo dome la, ame aɖewo atsi tsitre, eye woagblɔ nya totrowo, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokuiwo ŋu.”​—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

Alakpasubɔsubɔhawo nyɔa ŋu na Mawu. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya, Biblia, bu fɔ alakpasubɔsubɔhawo ɖe “ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu” ta. (Nyaɖeɖefia 18:24) Esi alakpasubɔsubɔhawo do kpo nufiafia amewo tso Mawu vavã la, si ƒe amenyenye vevitɔe nye lɔlɔ̃ la ŋu ta la, woɖi ʋufɔ le Mawu ŋkume.​—1 Yohanes 4:8.

Gbedodoɖasela la sea veve ɖe ame siwo kpea fu le subɔsubɔha siwo tea ame ɖe anyi ƒe nuwɔnawo ta la nu. Lɔlɔ̃ si le Mawu si na ameƒomea aʋãe wòato Yesu dzi adrɔ̃ ʋɔnu subɔsubɔhawo me alakpanuwɔlawo katã kpuie. Yesu gblɔ be: “Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me . . . oa?’ Gake maʋu eme na wo be: Nyemenya mi kpɔ o! Mite ɖa le gbɔnye, mi sedzimawɔlawo.”​—Mateo 7:22, 23.