Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KAE kpe ɖe nyɔnu aɖe si le Philippines ŋu wòdzudzɔ aha tsu nono, eye dzidzɔ va le eƒe ƒomea me? Nu kae na Australia ŋutsu aɖe si lɔ̃a karatdada la va zu ŋutifafame si ɖea gbeƒã nya nyuia? Xlẽ woƒe numenyawo nàkpɔ.

“Tɔtrɔawo wɔwɔ xɔ ɣeyiɣi.”​—CARMEN ALEGRE

ƑE SI ME WODZII: 1949

DUKƆ SI ME WÒTSO: PHILIPPINES

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: AHA TSU NOLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le San Fernando, si nye du aɖe si le Camarines Sur nutoa me. Ke esi metsi la, Antipolo, si le Rizal Province la koŋue menɔ. Antipolo nye tonuto si gbe damawo kple atiwo bɔ ɖo, eye enye afi si tomefafa nɔ le ɣeyiɣi siwo me meʋu yi afi ma teti. Ƒãa hafi nàkpɔ ame aɖe wòanɔ tsatsam le xexe le zã me. Ke fifia ya, Antipolo va zu dugã si me ame geɖe le.

Esi meʋu yi Antipolo ɣeaɖeɣi megbe la, medo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Benjamin, eye míeva ɖe mía nɔewo. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ sesẽ nam wu ale si menɔ mɔ kpɔm nɛ. Esi medi be maɖe susu ɖa le nye kuxiwo dzi ta la, mede asi aha geɖe nono me. Nye nya me va sẽ, eye esia dze le ale si mewɔa nu ɖe srɔ̃nye kple vinyewo ŋui me. Nyemegbɔa dzi ɖi na wo o, eye nyemeléa ɖokuinye le ale si mewɔa nu ɖe wo ŋui me o. Nyemedea bubu aɖeke srɔ̃nye ŋu o. Eya ta mewɔ nuku o be dzidzɔ menɔ míaƒe ƒomea me o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Srɔ̃nye nɔvinyɔnu, Editha, nye Yehowa Ðasefo, eye edo susua ɖa be míana Ðasefowo nava srɔ̃ Biblia kple mía kple Benjamin. Míelɔ̃ ɖe eƒe susua dzi henɔ mɔ kpɔm be esia wɔwɔ ana dzidzɔ nava nɔ míaƒe ƒomea me.

Míeva ke ɖe nyateƒenya lédziname geɖe ŋu le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃a me. Nyaɖeɖefia 21:4 me nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mawunyakpukpui ma gblɔ tso ame siwo ava nɔ agbe le anyigba dzi paradisoa me le Mawu Fiaɖuƒea te la ŋu be, Mawu “[atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o.” Nye hã medi be manɔ ame siwo akpɔ yayra mawo la dome.

Meva de dzesii be ehiã be mawɔ tɔtrɔ gãwo le nye nɔnɔme kple nu siwo zu numame nam la ŋu. Tɔtrɔawo wɔwɔ xɔ ɣeyiɣi, gake mete ŋu va dzudzɔ aha tsu nono mlɔeba. Meva srɔ̃ ale si magbɔ dzi ɖi ahawɔ nu ɖe nye ƒomea me tɔwo ŋu dɔmenyotɔe. Gawu la, mesrɔ̃ ale si made bubu srɔ̃nye ŋu ahawɔ nu kplii aduadu esime wòle ŋgɔ xɔm le ƒomea me.

Nu siwo teƒe mía kple Benjamin míekpɔ esi míede asi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede me la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Ðasefowo medaa tsatsa, alo noa aha tsu, alo kpɔa ame ŋkume o. Wodea bubu kple asixɔxɔ ame sia ame ŋu. Míeka ɖe edzi be míeke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.​—Yohanes 13:34, 35.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Nɔnɔmeawo nyo sãsãsã wu le míaƒe ƒomea me fifia wu tsã. Dzidzɔ le mía kple Benjamin ƒe srɔ̃ɖeɖea me, eye Biblia fiafia amewo doa dzidzɔ na mí. Mía viŋutsu tsitsi eveawo kple wo srɔ̃wo hã va le Biblia srɔ̃m. Míele mɔ kpɔm be woawo hã woava wɔ ɖeka kpli mí le Yehowa subɔsubɔ me, elabena esiae nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake.

“Mesusunɛ be ame aɖeke mate ŋu akpe dzinye o.”​—MICHAEL BLUNSDEN

ƑE SI ME WODZII: 1967

DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ELƆ̃A KARATDADA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Albury, si nye dugã dzeani aɖe si me nuwo de ame dzi le le New South Wales, ye menɔ tsi. Nu vlo wɔwɔwo yia dzi le dugã sia me abe ale si wòle le dugã bubuwo gome ene. Gake ne míagblɔe gbadzaa la, Albury nye dedienɔƒe.

Ganyawo de míaƒe ƒomea dzi. Togbɔ be dzinyelawo gbe wo nɔewo esi mexɔ ƒe adre hã la, wokpɔa mía kple fonye kple nɔvinyenyɔnu eveawo ƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na mí. Suku nyuitɔ, si menye dziɖuɖusuku o, si le míaƒe nutoa mee mede hexɔ hehe nyui. Fofonye di be manye asitsala ne mewu suku nu. Ke hã, kamedefefewoe doa dzidzɔ nam wu, eye medzea agbagba le gasɔdodo kple karatdada me. Meva kpɔ dɔ le ʋudzraɖoƒe aɖe, si wɔe be mete ŋu kpɔ vovo ƒo ɖokuinye ɖe kamedefefewo me.

Medea kame edziedzi be manɔ lãmesẽ me, eye esia nyea dada nam. Ɣeaɖewoɣi la, mesusunɛ be ame aɖeke mate ŋu akpe dzinye o. Anye ne mate ŋu azã nye ŋusẽa atsɔ awɔ nu vevi ame bubuwo bɔbɔe hafi. Eya ta esi nye karatdada fialaa de dzesii be enɔ sesẽm nam be maɖu ɖokuinye dzi la, ete gbe ɖe ɖokuidziɖuɖu kple agbe nyui nɔnɔ dzi le hehe si wònam la me. Etea gbe ɖe toɖoɖo kple nuteƒewɔwɔ ƒe vevienyenye dzi ɣesiaɣi.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, meva nyae be Yehowa lé fu ŋutasẽnuwɔwɔ. (Psalmo 11:5) Tsã la, megblɔ na ɖokuinye be karat menye ŋutasẽnuwɔwɔ o, ke boŋ enye kamedefefe si me womewɔa nu vevi ame le o. Mesusui be agbe nyui nɔnɔ kple dzidzenu kɔkɔ siwo dzi wotea gbe ɖo le karatdada me la wɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo. Ðasefo atsu kple asi siwo srɔ̃ Biblia kplim la gbɔ dzi ɖi nam ŋutɔ. Womegblɔ nam kpɔ be madzudzɔ karatdada o; ɖeko woyi edzi nɔ Biblia me nyateƒewo fiamem.

Esi meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi, eye mía kple Yehowa dome va nɔ kplikplikpli wu la, nye susu hã va nɔ tɔtrɔm. Nu si mesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yehowa ƒe Vi, Yesu, ɖo ɖi ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye. Togbɔ be ŋusẽ triakɔ nɔ Yesu si hã la, mewɔ nu vevi ame aɖeke kpɔ o. Nya si wògblɔ le Mateo 26:52 la de dzi gbɔ nam. Afi ma gblɔ be: “Ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.”

Zi ale si mesrɔ̃ nu tso Yehowa ŋui la, zi nenemae lɔlɔ̃ kple bubu si le asinye nɛ hã dzi ɖe edzi. Esi mebu ŋusẽ kple nunya si gbegbe le mía Wɔlaa si, evɔ wòtsɔa ɖe le eme nam ŋu la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Meva nyae be ne medze agɔ le Yehowa dzi alo mese le ɖokuinye me be nu di be yeaglom, eye medi be mana ta gɔ̃ hã la, magblẽm ɖi gbeɖe o zi ale si meyi edzi le agbagba dzem. Eye esia hã wɔ dɔ ɖe dzinye. Eƒe ŋugbedodo sia hã fa akɔ nam ŋutɔ: “Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò’ lae lé wò nuɖusi ɖe asi.” (Yesaya 41:13) Esi mede dzesii be Mawu ɖe lɔlɔ̃ sia tɔgbi fiam ta la, meɖoe be nyemana mɔnukpɔkpɔ sia nato ŋunye o.

Menyae be nu si wɔwɔ asesẽ nam wue nye be madzudzɔ karatdada. Gake menyae hã be adze Yehowa ŋu, eye meka ɖe edzi be nu sia nu si matsɔ asa vɔe ɖe esubɔsubɔ ta la manye dzodzro o. Ewɔ nam be esi mexlẽ Yesu ƒe nya si dze le Mateo 6:24 lae nye susu trɔ koŋ. Afi ma gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o.” Mede dzesii be manya wɔ be masubɔ Yehowa bliboe esime megale karat dam o, elabena godoo la, karatdada agava xɔ nɔƒe vevitɔ le nye agbe me. Ɣeyiɣia de azɔ be matia aƒetɔ si masubɔ.

Menɔ bɔbɔe nam be madzudzɔ karatdada o. Mewɔ avu kple seselelãme vovovowo. Dzi dzɔm esi mese le ɖokuinye me be mena dzi le Yehowa dzɔm. Gake mese le ɖokuinye me hã be nyemenɔ nuteƒe wɔm na nye karatdada fiala la o. Avuwɔɖaŋu srɔ̃lawo sena le wo ɖokui me be nuteƒemawɔmawɔ nye nu vɔ̃ si mele be woatsɔ ake o. Ame aɖewo wua wo ɖokuiwo gɔ̃ hã, le esi teƒe be woanɔ te ɖe ŋukpea nu.

Enɔ ŋu kpem nam akpa be mayi nye karatdada fiala gbɔ be maɖe nu si tae medzudzɔ la me nɛ. Eya ta ɖeko medo le wo dome hetsò kadodo me kple eya kpakple nye karat xɔlɔ̃ bubuawo. Menyae be nu nyui ye wònye mewɔ be medzudzɔ karatdada. Ke hã, nye dzitsinya bu fɔm, le esi nyemeɖe nye dzixɔse yeyea me na wo hewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ʋu nye xɔse me na wo o ta. Ðeko wòwɔ abe ɖe nyemewɔ nuteƒe na Yehowa o hafi dze esubɔsubɔ gɔme ene. Esiawo katã ɖe fu nam vevie. Metee kpɔ zi geɖe be mado gbe ɖa na Yehowa gake avi ko metsɔnɛ nana le vevesese ta.

Yehowa anya kpɔ nu nyui aɖe le ŋunye, elabena eʋã nɔvi siwo le hamea me la ƒe dzi be woava kpe ɖe ŋunye. Lɔlɔ̃, akɔfafa kple xɔlɔ̃wɔwɔ si woɖe fiam la wɔ nuku nam. Biblia me ŋutinya si ku ɖe David kple Bat-Seba ŋu la hã fa akɔ nam. Togbɔ be David wɔ nu vɔ̃ gãwo hã la, esi wòtrɔ dzi me vavã la, Yehowa tsɔe kee. Ŋugbledede le ŋutinya ma ŋu wɔe be meva da sɔ le ale si mebua nye vodadawoe me.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Hafi madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, nyemetsɔa ɖeke le eme na amewo o, nye ŋutɔ ɖokuinye ŋu ko mebuna. Gake le Yehowa, kpakple nyɔnu dzetugbe si meɖe ƒe adree nye esia, ƒe kpekpeɖeŋu me la, mesea veve ɖe ame nu geɖe wu azɔ. Dzidzɔe wònye na mí be mɔnukpɔkpɔ su mía si míesrɔ̃ Biblia kple ame vovovowo, siwo dome ame siwo to nɔnɔme wɔnublanuiwo me hã le. Dzidzɔ si mekpɔna ne mekpɔ ale si Yehowa ƒe lɔlɔ̃ trɔ amewo ƒe agbenɔnɔe la ƒo dzidzɔ si makpɔ ne ɖe menye karatdala bibi xɔŋkɔ la ta sãsãsã.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

“Esi mebu ŋusẽ kple nunya si gbegbe le mía Wɔlaa si, evɔ wòtsɔa ɖe le eme nam ŋu la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

“Akpe Na Mi Ðe Nyati Nyui Siawo Ta!”

Ðe ame siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifia la ƒe ŋutinyawo xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Nyati siawo tɔgbi siwo wu 50 siwo dze le Gbetakpɔxɔ me tso August 2008 la dometɔ 2 koe nye esia. Nuxlẽla geɖe doa vivi ɖe “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” ƒe nyatiawo ŋu. Nu ka tae wo xexlẽ dzɔa dzi na ame geɖe ɖo?

Ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyati mawo me la to nɔnɔme vovovowo me. Hafi wo dometɔ aɖewo nava srɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ŋu la, nu dze edzi na wo, gake tameɖoɖo gobi aɖeke menɔ woƒe agbe ŋu o. Wo dometɔ aɖewo wɔ avu kple kuxi sesẽwo, abe adãwɔwɔ, aha tsu nono alo atike vɔ̃ɖi zazã ene. Wo dometɔ aɖewo dze si Yehowa tso woƒe ɖevime, gake wova tra ɖa tso esubɔsubɔ gbɔ vie. Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi ɖoa kpe edzi be amewo ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo ana woƒe nu nadze Mawu ŋu. Eye esia ɖea vi ɣesiaɣi. Dɔ kae ŋutinya siawo xexlẽ wɔ ɖe míaƒe nuxlẽlawo dzi?

Nuxlẽla aɖe ƒo nu tso ale si nyati si dze le February 1, 2009 ƒe tataa me kpe ɖe ame siwo le nyɔnuwo ƒe gaxɔ aɖe me ŋu la ŋu.

◼ Egblɔ be: “Gaxɔmenɔlawo dometɔ geɖe se nɔnɔme si me ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyatia me to la gɔme. Ameawo ƒe foto ‘tsãtɔwo’ kple ‘fifitɔwo,’ kpakple agbe si tɔgbi wonɔ tsã ŋu nyawo wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Gamenɔlaawo dometɔ geɖe to nɔnɔme mawo me kpɔ. Wo dometɔ eve na wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo le nyati ma xexlẽ vɔ megbe.”​—C. W.

Nyati siawo me nuteƒekpɔkpɔwo de dzi gbɔ na ame aɖewo etɔxɛe. Le kpɔɖeŋu me, Guadalupe Villarreal, ame si ɖe asi le ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ ŋu bene yeate ŋu asubɔ Yehowa la ƒe nuteƒekpɔkpɔ dze le April 1, 2011 ƒe tataa me. Lɛta gbogbo siwo míaƒe nuxlẽlawo ŋlɔ ɖo ɖe mí le nyati sia ta la dometɔ eve koe nye esiwo gbɔna.

◼ “Guadalupe ƒe nuteƒekpɔkpɔa wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ale si lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe Nyaa tea ŋu trɔa ame ƒe agbe keŋkeŋ la wɔ nuku ŋutɔ!”​—L. F.

◼ “Tsã la, medzea agbagba be maʋu nye xɔse me na amewo katã, siwo dome ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo hã le. Gake fifia mede dzesii be meŋea aɖaba ƒua ame siawo dzi alo ƒoa asa na wo gɔ̃ hã. Nyati siae va kpɔ nye kuxia gbɔ. Ekpe ɖe ŋunye mebu wo abe ale si Yehowa bua woe ene, si nye be woate ŋu ava zu esubɔlawo.”​—M. K.

Ame bubu si hã ƒe ŋutinya wɔ dɔ ɖe nuxlẽla geɖe dzi lae nye Victoria Tong, ame si ƒe nuteƒekpɔkpɔ dze le August 1, 2011 ƒe tataa me la tɔ. Victoria ƒo nu tso ale si wowɔ ŋlɔmi le eŋu le eƒe ɖevime ŋu. Egblɔ be esesẽ na ye be yealɔ̃ ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye, togbɔ be yenɔ esubɔm ƒe aɖewoe nye ema hã. Eye wòƒo nu tso ale si wòdzɔe be vivivi la wòva xɔe se be Yehowa lɔ̃ ye la ŋu. De dzesi nu si nuxlẽla aɖewo gblɔ tso eƒe ŋutinyaa ŋu.

◼ “Victoria ƒe nuteƒekpɔkpɔa de dzi gbɔ nam ŋutɔ. Meto nɔnɔme wɔnublanui geɖe me le agbe me. Nye tamesusuwo gale avu wɔm kplim kokoko, togbɔ be ƒe aɖewoe nye esia tso esime mexɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo hã. Gake Victoria ƒe nuteƒekpɔkpɔa na meɖoe be maku kutri geɖe wu be mabu ɖokuinye abe ale si Yehowa buam ene.”​—M. M.

◼ “Le nye ɖevime la, medze agbagba be maɖe asi le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ si zu numame nam la ŋu. Gake megakpɔe ake nyitsɔ laa. Medi kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ, eye mele agbagba dzem le nye kuxia dzi ɖuɖu ŋu. Hamemetsitsiawo ka ɖe edzi nam be Mawu lɔ̃m, eye wòkpɔa nublanui nam. Gake ɣeaɖewoɣi la, ewɔna nam be viɖe aɖeke mele ŋunye o, eye be Yehowa mate ŋu alɔ̃m o. Victoria ƒe ŋutinyaa xexlẽ kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Mekpɔe be ne mebui le tame be Mawu mate ŋu atsɔe akem o la, ke efia be mele gbɔgblɔm be Via ƒe vɔsaa mate ŋu alé avu ɖe nye nu vɔ̃wo ta o. Meɖe nyati sia da ɖe asitsɔƒe bene mate ŋu axlẽe ahade ŋugble le eŋu nenye be mese le ɖokuinye me be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o. Akpe na mi ɖe nyati nyui siawo ta!”​—L. K.