Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Gbedodoɖasela La Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Nu Ka Tae Gbedodoɖasela La Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

Nu Ka Tae Gbedodoɖasela La Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?

AME siwo doa gbe ɖa la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã kea ɖi nenye be Mawu li. Nu ka tae? Ðewohĩ fukpekpe geɖe siwo teƒe kpɔm wole le xexea me tae. Èbu nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la ŋu kpɔa?

Nyateƒee wònye be aleae Mawu wɔ amegbetɔwoe tso gɔmedzedzea be woanye ame madeblibo siwo anɔ fu kpema? Asesẽ be míade bubu mawu si awɔ amegbetɔwo be woava kpe fu la ŋu. Gake bu nya sia ŋu kpɔ: Ne èle ŋku lém ɖe ʋu yeye aɖe ŋu vividoɖenuŋutɔe ko kaka nàkpɔ la, ʋua megbe gblẽ vevie la, ɖe nàgblɔ be ʋua wɔlae wɔe nenema? Gbeɖe! Àƒo nya ta boŋ be ʋua wɔla wɔe wòle “blibo” hafi ame aɖe alo nane gblẽe.

Nenema kee ne míetsɔ ale si ɖoɖo wɔnuku si nu wotrɔ asi le dzɔdzɔmenuwo ŋu le, si wɔnɛ be wo nya kpɔna la sɔ kple zitɔtɔ kple nu baɖa wɔwɔ si le kpe ɖem na ameƒomea la, aleke wòle be míaƒo nya tae? Biblia na míenya be Mawu wɔ atsu kple asi gbãtɔ wonye ame deblibowo, gake emegbe wova ɖe afɔ aɖe si gblẽ nu le wo ŋu vevie. (5 Mose 32:4, 5) Dzidzɔtɔe la, Mawu do ŋugbe be yeava ɖɔ nu si gblẽ la ɖo, si fia be yeana amegbetɔ toɖolawo nagava de blibo. Gake nu ka tae wòlala eteƒe didi alea?

Nu Ka Tae Eteƒe Didi Alea?

Nya aɖe si fɔ ɖe te ku ɖe ame si dze aɖu ameƒomea dzi ŋu la tae. Yehowa meɖoe gbeɖe be amegbetɔwo naɖu wo ɖokuiwo dzi o. Eɖoe be ye ŋutɔ yeanye woƒe Dziɖula. Eya ta Biblia gblɔ be: “Amegbetɔ . . . ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremiya 10:23) Nublanuitɔe la, atsu kple asi gbãtɔ tiae be yewoadze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu. Wova zu nu vɔ̃ mewo, le woƒe sedzimawɔmawɔa ta. (1 Yohanes 3:4) Esia na wova zu ame madeblibo, si wɔe be nu gblẽ le woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo ŋu.

Yehowa ɖe mɔ amegbetɔwo ɖu wo havi amegbetɔwo dzi ƒe akpe geɖe, eye ŋutinya ɖee fia be ŋutete mele amegbetɔwo ŋu be woaɖu wo ɖokuiwo dzi o. Eɖee fia hã be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã nana amewo kpea fu. Wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, alo dɔléle ɖa kpɔ o.

Aleke Mawu Aɖɔ Nu Si Gblẽ La Ðoe?

Biblia do ŋugbe be Mawu ahe dzɔdzɔnyenye ƒe xexe yeye avae kpuie. (2 Petro 3:13) Ame siwo lɔ̃ faa tso dzi me be yewoalɔ̃ yewo haviwo kpakple Mawu la koe woaɖe mɔ na be woanɔ agbe le xexe yeye ma me.—5 Mose 30:15, 16, 19, 20.

Biblia gblɔ hã be le ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ŋkeke’ si le aƒe tum kabakaba la dzi la, Mawu aɖe fukpekpe kpakple ame siwo henɛ vanɛ la ɖa keŋkeŋ. (2 Petro 3:7) Le ema yome la, Yesu Kristo, si nye Dziɖula si Mawu tia la, aɖu amegbetɔ toɖolawo dzi. (Daniel 7:13, 14) Nu kae anye Yesu ƒe dziɖuɖua me tsonu? Biblia gblɔ be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”​—Psalmo 37:11.

Fia Yesu, aɖu fia tso dziƒo, eye wòaɖe dɔléle, amegãkuku, ku, kpakple nu bubu siwo katã gblẽ le amegbetɔwo ŋu tso esime wodze aglã ɖe Yehowa, “agbedzɔƒe” la ŋu la ɖo. (Psalmo 36:10) Ne Yesu va le dzi ɖum lɔlɔ̃tɔe la, ada gbe le ame siwo katã abɔbɔ ɖe ete la ŋu. Le eƒe dziɖuɖu te la, Biblia me ŋugbedodo siawo ava eme:

◼ “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o; wotsɔ vodada ke ame siwo le eme.”—Yesaya 33:24.

◼ “[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”​—Nyaɖeɖefia 21:4.

Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi enye esi be Mawu ana ŋugbe si wòdo be yeaɖe fukpekpe katã ɖa la nava eme kpuie! Ke hafi ɣemaɣi naɖo la, mele be eƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe nu nana míasusui be mesea míaƒe gbedodoɖawo o.

Mawu li. Esea wò nyawo kple nu siwo nègblɔna le vevesese kple nuxaxa ta la gɔ̃ hã. Eye edi vevie be nànɔ agbe akpɔ ɣeyiɣi si me wò ɖikekewo kple vevesesewo katã nu ava yi la teƒe.