Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nukunuwo Dzɔna Nyateƒea?—Tsitretsiɖeŋunya Etɔ̃ Aɖewo

Ðe Nukunuwo Dzɔna Nyateƒea?—Tsitretsiɖeŋunya Etɔ̃ Aɖewo

Ðe Nukunuwo Dzɔna Nyateƒea?​—Tsitretsiɖeŋunya Etɔ̃ Aɖewo

TSITRETSIÐEŊUNYA GBÃTƆ: Nukuwo ƒe dzɔdzɔ tsi tre ɖe dzɔdzɔmesewo ŋu, eya ta womate ŋu adzɔ o. Nu siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii to ŋkuléle ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu dzie wotu ale si míese dzɔdzɔmesewo gɔmee ɖo. Ke hã, ɖeko se mawo le abe gbeŋutisewo ene, wowɔa dɔ le go aɖewo me, gake menye le goawo katã me o. Le nyateƒe me la, míese dzɔdzɔmese mawo gɔme tsitotsito o. (Hiob 38:4) Dzɔdzɔmeŋutinunyala dovevienu aɖe ate ŋu azã eƒe agbemeŋkekewo ƒe akpa gãtɔ atsɔ asrɔ̃ nu tso dzɔdzɔmese aɖe ŋu. Gake ne sea mewɔ dɔ le go ɖeka aɖe me o la, ke ahiã be wòagbugbɔ ŋku alé ɖe ale si wòse dzɔdzɔmese ma gɔmee ŋu. Abe ale si lododo aɖe gblɔe ene la, “Aŋɔɣi yibɔe ɖeka koe ɖoa kpe edzi be aŋɔɣiwo katã mele ɣie o.”

Ŋutinya ɖikokoe aɖe ɖe ale si wòle bɔbɔe be ame natu eƒe nukpɔsusu ɖe nu si ŋu menya nu le tsitotsito o dzi la fia. John Locke (1632-1704) gblɔ ŋutinya sia ku ɖe Holland dukɔa teƒenɔla kple Siam ƒe fia la ŋu ale: Esi dukɔa teƒenɔlaa nɔ nu ƒom tso wo dedukɔ Holland ŋu na fiaa la, egblɔ be etea ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi be atiglinyi nazɔ tsi dzi. Fia la mexɔ edzi se o, eye wòbui be aʋatso kamee dukɔa teƒenɔla la nɔ. Ke hã, nane si teƒe fia la mekpɔ kpɔ o ko ŋue dukɔa teƒenɔla la nɔ nu ƒom tsoe. Fia la menya be ne tsi fa miamiamia hezu tsikpe la, atiglinyi ate ŋu azɔ edzi o. Fia la mexɔe se be nu sia ate ŋu adzɔ o, elabena nu si wònya tso nya sia ŋu la se ɖe afi aɖe ko.

Bu nu siwo wote ŋu wɔ egbea siwo ɖewohĩ wobu be womanya wɔ o ƒe aɖewoe nye esi va yi la ŋu kpɔ:

● Yameʋu ate ŋu atsɔ ame 800 kple edzivɔ aƒu du kilometa 900 le gaƒoƒo ɖeka me tso New York ayi Singapore, eye matɔ le mɔ dzi o.

● Video dzi kadodowo ate ŋu awɔe be ame siwo le anyigbagã vovovowo dzi naɖo dze kple wo nɔewo ŋkume kple ŋkume.

● Woate ŋu alé ha akpe nanewo ɖe mɔ̃ aɖe si le sue wu matsesigoe la dzi.

● Amekolawo tea ŋu ɖea amewo ƒe ŋutinuwo abe dzi ene atsɔ ame bubu tɔ ade eteƒe.

Aleke míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ? Eyae nye be: Ne amegbetɔwo te ŋu wɔ nu wɔnuku siwo wosusu be womanya wɔ o le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, ke míate ŋu agblɔ le nyateƒe me be Mawu si wɔ xexea kple nu siwo katã le eme la ate ŋu awɔ nu wɔnuku siwo gɔme míate ŋu ase bliboe fifia alo awɔ la o. a1 Mose 18:14; Mateo 19:26.

TSITRETSIÐEŊUNYA EVELIA: Nukunuwo ŋue Biblia ƒoa nu tsoe be amewo naxɔ emenyawo dzi ase. Biblia megblɔ na mí be míaxɔ nukunu ɖe sia ɖe dzi ase o. Nya si to vovo na ema boŋue wògblɔ. Biblia xlɔ̃ nu mí be míakpɔ nyuie le nukunu kple ŋusẽdɔ siwo dzi míaxɔ ase la ŋu, abe ale si wòdze le nuxlɔ̃ame sia si me kɔ la me ene be: “Sedzimawɔla la ƒe anyinɔnɔ la to Satana ƒe dɔwɔwɔ dzi, le ŋusẽdɔwɔwɔ kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo, kpakple madzɔmadzɔnyenye ƒe beble ɖe sia ɖe me.”—2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10.

Yesu Kristo hã gblɔe ɖi be ame geɖewo agblɔ be yewonye ye yomedzelawo, gake womanye ye yomedzela vavãwo o. Ame aɖewo agblɔ nɛ gɔ̃ hã be: “Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?” (Mateo 7:22, Agbenya La) Gake Yesu gblɔ be yemabu ame siawo be wonye ye yomedzelawo o. (Mateo 7:23) Eya ta eme kɔ be Yesu mefia nu be Mawu gbɔe nukunuwo katã tso o.

Mawu megblɔ na esubɔlawo be woatu woƒe xɔse ɖe nukunuwo ko dzi o. Ke boŋ ele be woatui ɖe nu siwo ŋu kpeɖodzi le dzi.—Hebritɔwo 11:1.

Le kpɔɖeŋu me, na míade ŋugble le nukunu aɖe si ŋu amewo nya nu tsoe nyuie le Biblia me, si nye Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi la ŋu kpɔ. Ƒe aɖewo le nudzɔdzɔ ma megbe la, Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Korinto va nɔ ɖi kem nenye be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Aleke apostolo Paulo kpe ɖe Kristotɔ mawo ŋui? Ðe wògblɔ be, “Xɔse geɖe nenɔ mia si” ko evɔa? Ao. De dzesi ale si wòɖo ŋku kpeɖodzi si le nudzɔdzɔ ma ŋu dzi na wo. Egblɔ be “[woɖi Yesu], ɛ̃, . . . wofɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe le Ŋɔŋlɔawo nu; eye be eɖe eɖokui fia Kefas, emegbe la, ame wuieveawo. Le ema megbe la, eɖe eɖokui fia nɔvi siwo wu alafa atɔ̃ zi ɖeka, ame siwo dometɔ akpa gãtɔ kpɔtɔ li va se ɖe fifia.”—1 Korintotɔwo 15:4-8.

Ðe wònɔ vevie be Kristotɔ mawo naxɔ nukunu ma dzi asea? Paulo gblɔ kpee be: “Ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema míaƒe gbeƒãɖeɖe la nye dzodzro nyateƒe, eye míaƒe xɔse hã nye dzodzro.” (1 Korintotɔwo 15:14) Paulo mebu nya ma nya tsɛe o. Nya eve koe li—Yesu ƒe tsitretsitsia nye nyateƒe loo alo enye aʋatso! Paulo nya be enye nyateƒe, elabena eteƒekpɔla alafa geɖe gakpɔtɔ nɔ agbe ɣemaɣi. Le nyateƒe me la, nuteƒekpɔla mawo lɔ̃ faa be yewoaku le esi teƒe be yewoagblɔ be womefɔ Yesu ɖe tsitre o.—1 Korintotɔwo 15:17-19.

TSITRETSIÐEŊUNYA ETƆ̃LIA: Dzɔdzɔmenu siwo gɔme ame manyagbalẽwo sena bubui la koe nukunuwo nye. Agbalẽnyala aɖewo ɖea nu me be nukunu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la nye nu siwo dzɔna le dzɔdzɔ me ko, eye menye Mawu gbɔe wotso o. Wosusui be esia ana kakaɖedzi nanɔ Biblia me nuŋlɔɖiawo ŋu. Ele eme be nu siwo teƒe míekpɔna le dzɔdzɔme nu, abe anyigbaʋuʋuwo, dɔvɔ̃wo, kple agaɖeviwo ene tea ŋu wɔa akpa aɖe le nukunu aɖewo me ya, gake kpɔtsɔtsɔ aɖe le woƒe numeɖeɖe mawo ŋu. Woŋea aɖaba ƒua ɣeyiɣi si me nukunua dzɔ, abe ale si Ŋɔŋlɔawo gblɔe ene, la dzi.

Le kpɔɖeŋu me, Nil Tɔsisia trɔ zu ʋu le fukpekpe gbãtɔ si wohe va Egiptetɔwo dzi la me. Ke hã, ame aɖewo gblɔna be ba dzĩ si Nil la lɔ ɖe enu va yina, kpakple nugbagbevi dzĩ siwo woyɔna be flagellates lae na tsia trɔ. Gake Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be tɔsisi la trɔ zu ʋu, ke menye ba dzĩ o. Ne míexlẽ 2 Mose 7:14-21 nyuie la, míakpɔe be nukunu sia dzɔ le ɣeyiɣi si me Aron tsɔ eƒe atikplɔa ƒo Nil Tɔsisia dzi le Mose ƒe nya nu. Ne dzɔdzɔmenu aɖee na tɔsisia trɔ hã la, ale si wònye be Aron tsɔ atikplɔa ƒo tsia dzi ko hafi wòtrɔ zu ʋu la nye nukunu!

Be nàkpɔ akpa vevi si ɣeyiɣi wɔna le nukunuwo ƒe dzɔdzɔ me ƒe kpɔɖeŋu bubu la, bu nu si dzɔ esime wòsusɔ vie ko Israel dukɔa nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la ŋu kpɔ. Yordan Tɔsisia ɖɔ, si wɔe be womekpɔ mɔ si woato o. Biblia gblɔ nu si dzɔ ɖe eyome la na mí ale: “Esi aɖakatsɔlawo va Yordan nu, eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, . . . tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam.” (Yosua 3:15, 16) Ðe esia nye anyigbaʋuʋu alo agaɖevi aɖe ƒe nuwɔna? Biblia megblɔe ya o. Gake ɣeyiɣi si me nu sia dzɔ la na wònye nukunu. Edzɔ le ɣeyiɣi si tututu Yehowa gblɔ be adzɔ la dzi.—Yosua 3:7, 8, 13.

Eya ta ɖe nukunuwo dzɔna nyateƒea? Biblia gblɔ be wodzɔna. Le nu si Biblia gblɔ na mí nu la, menye dzɔdzɔmenu aɖewo koe nukunuwo nye o. Ekema ɖe wòasɔ be míagblɔ be womate ŋu adzɔ o, le esi womedzɔna gbe sia gbe o ko ta?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne mèka ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi o la, ke míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ agbalẽ gbadza siwo nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? kple Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) alo nàbia numekɔkɔ tso ame si tsɔ magazine sia na wò la gbɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Anɔ eme be le ƒe blanane siwo va yi me la, ame geɖe susui be manya wɔ be yameʋu natsɔ amewo aƒu du kilometa alafa nanewo le gaƒoƒo ɖeka me o