Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Le Mawu Gbɔ Be Mazã Atama?

Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Le Mawu Gbɔ Be Mazã Atama?

▪ Ame aɖe ate ŋu atsɔ susu nyui abia nya sia, le esi se aɖeke mele Biblia me si ƒo nu tso atamazazã ŋu tẽe o ta. Ke ɖe esia fia be asesẽ be míanya Mawu ƒe susu le nya sia ŋua? Kura o.

Biblia gblɔ be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Gɔmeɖosewo kple nya siwo ku ɖe ale si Mawu di be míakpɔ míaƒe lãmesẽ tae, siwo me kɔ la, le Ŋɔŋlɔawo me. Gbã la, na míadzro nu siwo ŋu numekulawo ke ɖo ku ɖe nu si atamazazã gblẽna le ame ƒe lãmesẽ ŋu la me. Eyome míadzro ale si Biblia me gɔmeɖosewo ku ɖe nu siwo ŋu woke ɖo ŋu la me.

Atama gblẽa nu le ezãla ƒe lãmesẽ ŋu, eye wònye nu siwo wua ame wu la dometɔ ɖeka, togbɔ be woate ŋu aƒo asa nɛ hafi. Le United States la, ame 1 le 5 ɖe sia ɖe me ƒe ku tso atamazazã gbɔ. Habɔbɔ aɖe (National Institute on Drug Abuse) ka nya ta be, ne wotsɔ ame siwo katã kuna ƒe sia ƒe le “ahanono, atike vɔ̃ɖi zazã, amewuwu, ameɖokuiwuwu, ʋufɔkuwo, kple ɖikanakudɔ” ta ƒo ƒui la, ame siwo kuna le atamazazã ta la sɔ gbɔ wu.

Atamanolawo gblẽa nu le ame bubuwo ŋu. Sigaret-dzudzɔ gblẽa nu le ame ŋu, metsɔ le eme agbɔsɔsɔme si amea gbɔ o. Enɔa bɔbɔe ŋutɔ be dzitodzito me kansa kple dzidɔ nagblẽ nu le ame siwo menoa sigaret o, gake wogbɔa eƒe dzudzɔ la ŋu. Nyitsɔ laa la, ɖɔktawo gade dzesi mɔ bubu si nu wògblẽa nu le ame ŋu le, si wotsɔ ŋkɔ na be “third-hand smoke.” Wotsɔa nyagbe sia ɖɔa aɖitike siwo le dzudzɔa me siwo tsia awuwo, anyigbakuntruwo, kple nu bubuwo me ne dzudzɔa megale ya me o gɔ̃ hã. Ðeviwo koŋ ƒe lãmesẽ ŋue aɖitike siawo gblẽa nu le, eye etea ŋu gblẽa nu le woƒe nusɔsrɔ̃ŋutete hã ŋu.

Atamazazã zua numame na enolawo. Atamazãlaa va zua kluvi na numame si gblẽa nu le eŋu la. Numekulawo xɔe se be nicotine, si nye atikemenu vevi aɖe si nɔa atama me la, nye nu siwo zua numame na ame wu la dometɔ ɖeka.

Aleke Biblia me gɔmeɖosewo de nu nya siwo me míedzro la me? De dzesi nya siawo:

Mawu di be míade bubu agbe ŋu. Le Se si Mawu tsɔ na Israel dukɔa me la, eɖee fia be ele be ame siwo di be yewoadze ye ŋu la nade bubu amewo ƒe agbe ŋu. (5 Mose 5:17) Wobia tso Israel viwo si be woatɔ kpɔ ɖe woƒe xɔwo ta. Nu ka tae? Woƒe xɔwo ƒe tame nɔ gbadzaa, si wɔnɛ be wotea ŋu nɔa afi ma hã. Kpɔtɔtɔ la kpɔa ƒomea me tɔwo kple ame bubuwo ta be woagage le xɔa dzi ahayi abi xɔ ge alo aku o. (5 Mose 22:8) Gakpe ɖe eŋu la, mele be Israel viwo naɖe mɔ woƒe lãwo nawɔ nu vevi amewo o. (2 Mose 21:28, 29) Ne ame aɖe noa atama la, ke ele dadam le gɔmeɖose siwo dzi wotu se mawo ɖo la dzi, elabena enya hafi le nu gblẽm le ye ŋutɔ ƒe lãmesẽ ŋu. Gawu la, eƒe atamazazã la gblẽa nu le ame siwo dome wòle la ƒe lãmesẽ ŋu.

Mawu di be míalɔ̃ ye kpakple mía haviwo hã. Yesu Kristo gblɔ be ele be ye yomedzelawo nawɔ ɖe sedede eve siwo lolo wu la dzi. Ele be woalɔ̃ Mawu kple woƒe dzi, luʋɔ̃, tamesusu kple ŋusẽ blibo ahalɔ̃ wo haviwo abe wo ɖokuiwo ene. (Marko 12:28-31) Esi agbe nye nunana si tso Mawu gbɔ ta la, ame si zãa atama la le eɖem fia be yemedea bubu nunana ma ŋu o, si afia hã be melɔ̃ Mawu o. (Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Eƒe atamanonoa ate ŋu agblẽ nu le ame bubuwo ŋu vevie, eya ta anye alakpanuwɔwɔ be wòagblɔ be yelɔ̃ ye havi.

Mawu di tso mía si be míaƒo asa na nuwɔna makɔmakɔwo. Biblia gblɔ na Kristotɔwo be woakɔ wo ɖokuiwo ŋu tso “ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Ðikeke mele eme o be, atamazazã ƒoa ɖi ame. Kuxi sesẽe wònye dze ŋgɔ ame siwo di be yewoadzudzɔ atamanono bene yewoƒe nu nadze Mawu ŋu. Gake le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, woate ŋu aɖu numame sia si ƒoa ɖi ame la dzi.