Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Ɣekaɣie Yesu Zu Fia?

Ɣekaɣie Yesu Zu Fia?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Fiaɖuƒe ka ŋugbee wodo na Yesu?

Mawu do ŋugbe be Fia David ƒe dzidzimevi aɖe ava nɔ Mawu ƒe fiazikpuia dzi ɖaa. Dzidzimevi si ƒe nya wogblɔ ɖi lae nye Yesu, eye enye Fia le Mawu Fiaɖuƒea me le dziƒo fifia.—Xlẽ Psalmo 89:4; Luka 1:32, 33.

Esime David nye ɖevi dzaa ko la, Mawu tiae be wòanye fia ɖe Israel viwo, siwo nye Yehowa ƒe amewo la nu. Esi David ku la, Salomo, ame si Yehowa tia la, bɔbɔ nɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” dzi. (1 Kronika 28:4, 5; 29:23) Le Salomo ƒe ku megbe la, fia geɖewo ɖu Yerusalem dzi, gake wo dometɔ akpa gãtɔ mewɔ nuteƒe o. Mlɔeba la, Yehowa ɖe mɔ Babilontɔwo ƒe asrafowo va tsrɔ̃ Yerusalem heɖe fia si nɔ dzi ɖum la le zi dzi. Esia dzɔ le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli (D.M.Ŋ.). Tso ekema dzi la, fia aɖeke megado tso David ƒe ƒomea me ɖu dzi le Yerusalem kpɔ o.—Xlẽ Xezekiel 21:27.

2. Ɣeyiɣi didi kae Mawu Fiaɖuƒea teƒenɔla aɖeke meganɔ anyigba dzi o?

Esi wotsrɔ̃ Yerusalem vɔ megbe kpuie la, Yehowa gblɔ na eƒe nyagblɔɖila Daniel be Mawu atia fia si aɖu dzi tso dziƒo. Ɣekaɣie eƒe fiaɖuɖua adze egɔme?—Xlẽ Daniel 7:13, 14.

Le drɔ̃e aɖe si gɔme Daniel ɖe me la, Mawu de se be woalã ati gã aɖe aƒu anyi, abe ale si ko wòde se be woamu fiaɖuƒe si nɔ Yerusalem la hã aƒu anyi ahatsrɔ̃e la ene. Gake ele be woagblẽ takpoea ɖe to me va se ɖe esime “azã [alo ɣeyiɣi] adre” nu va yi hafi wòagadze. Biblia gblɔ be “ɣeyiɣi” etɔ̃ kple afã le ŋkeke 1,260, si fia be “azã [alo ɣeyiɣi] adre” la le ŋkeke 2,520. (Nyaɖeɖefia 12:6, 14) Le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me la, ŋkekewo tsia tre ɖi na ƒewo zi geɖe. (4 Mose 14:34) Eya ta, Mawu Fiaɖuƒea magaɖu dzi o va se ɖe esime ƒe 2,520 nu va yi.—Xlẽ Daniel 4:7-14.

3. Ɣekaɣie woɖo Yesu Fiae?

Mawu ɖo Yesu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me, si nye ƒe 2,520 pɛpɛpɛ tso esime wotsrɔ̃ Yerusalem. Nu gbãtɔ si Yesu wɔ esi woɖoe Fia ye nye be, enya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 12:7-10) Togbɔ be amegbetɔwo mekpɔ nudzɔdzɔ ma teƒe o hã la, wokpɔ fukpekpe si esia he va ameƒomea dzii ya teƒe. (Nyaɖeɖefia 12:12) Nu siwo le dzɔdzɔm tso ƒe 1914 me la ɖo kpe edzi be Yesu zu Fia le ƒe ma me vavã.—Xlẽ Mateo 24:14; Luka 21:10, 11, 31.

4. Aleke Yesu ƒe fiaɖuɖua aɖe vi na wòe?

Ale si nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe fiaɖuɖu ŋu va emee la fia be àte ŋu aka ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Eteƒe madidi o, Yesu awɔ ŋusẽ si le esi abe fia ene la ŋu dɔ atsɔ ahe gbɔdzɔe vɛ na ameƒomea katã.—Xlẽ Psalmo 72:8, 12, 13; Daniel 2:44.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ sia si Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia? ƒe axa 215-218 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nyaɖoɖo si le axa 16, 17]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

October

607 D.M.Ŋ. ← Ƒe 2,520 → 1914 M.Ŋ.

1000 D.M.Ŋ. | 1 D.M.Ŋ. | 1 M.Ŋ. | 1000 M.Ŋ. | 2000 M.Ŋ.

← Ƒe 606 ɣleti 3 →← Ƒe 1,913 ɣleti 9 →

Wotsrɔ̃ fiaɖuƒe si nɔ Yerusalem

Zã wò akɔntabumɔ̃: Ƒe 606 ɣleti 3 + Ƒe 1,913 ɣleti 9 = 2,520

Mawu ɖo Yesu Fia hena ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi