Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzeɖoɖo Kple Aƒelika—Ame Nyuiwo Katãe Ayi Dziƒoa?

Dzeɖoɖo Kple Aƒelika—Ame Nyuiwo Katãe Ayi Dziƒoa?

Dzeɖoɖo Kple Aƒelika​—Ame Nyuiwo Katãe Ayi Dziƒoa?

YEHOWA ÐASEFOWO lɔ̃a Biblia me dzodzro kple woƒe aƒelikawo. Ðe Biblia me nya aɖe li, si ŋu nàdi be yeabia nya lea? Ðe nèdi be yeanya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo alo subɔsubɔ ŋu geɖe wua? Ne nenemae la, ekema ɣesiaɣi si nèkpɔ Yehowa Ðasefo aɖe la, àte ŋu abiae faa. Adzɔ dzi nɛ be yeadzro eme kpli wò.

Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Mawuli va ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kofitse gbɔ le eƒe me.

Nu Kae Ame Siwo Ayi Dziƒo La Ava Wɔ Le Afi Ma?

Mawuli: Ne èbu etsɔme ŋu la, ɖe wòwɔna na wò be nɔnɔmeawo ava ka ɖe eme loo alo avloe ɖe edzi? Alo alea koe nuwo anɔa?

Kofitse: Ewɔ nam be nɔnɔmeawo ava nyo wu. Mele mɔ kpɔm be mayi dziƒo aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ.

Mawuli: Mɔkpɔkpɔ nyui aɖee nye ema. Biblia gblɔ nya geɖe tso ale si dziƒo le kple mɔnukpɔkpɔ si asu amewo si be woayi afi ma la ŋu. Èbu nu si ame siwo ayi dziƒo la ava wɔ le afi ma ŋu nyuie kpɔa?

Kofitse: Míanɔ Mawu gbɔ anɔ ekafum tegbee.

Mawuli: Nya nyui aɖee nye ema. Gake nya lae nye be menye mɔnukpɔkpɔ siwo asu ame siwo ayi dziƒo si la ko ŋue Biblia ƒo nu tsoe o, ke eƒo nu tso woƒe agbanɔamedzi vevi aɖe hã ŋu.

Kofitse: Agbanɔamedzi kae?

Mawuli: Eyae nye esi ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 5:10. Afi ma gblɔ be: “[Yesu wɔ] wo wonye fiaɖuƒe kple nunɔlawo na mía Mawu la, eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.” Aƒetɔ Kofitse, ède dzesi dɔ si wode asi na ame siwo ayi dziƒoa?

Kofitse: Mawunyakpukpuia gblɔ be woaɖu fia ɖe anyigba dzi.

Mawuli: Ðe nya sia menya se ŋutɔ oa?

Ame Kawo Dzie Woaɖu?

Mawuli: Azɔ, ɖe màlɔ ɖe edzi be ne ame siwo ayi dziƒo la ava nye fiawo la, ke ele be wo teviwo hã nanɔ anyi oa? Elabena ne dziɖuɖuteviwo meli o la, ke viɖe kae anɔ dziɖuɖua ŋu?

Kofitse: Wò nyaa me le kɔkɔm.

Mawuli: Eya ta biabia lae nye be, Ame kawo dzie woaɖu?

Kofitse: Magblɔ be míaɖu fia ɖe ame siwo le anyigba dzi siwo meku heva dziƒo haɖe o la dzi.

Mawuli: Gɔmesese anɔ nya ma ŋu nenye be ame nyuiwo katãe ayi dziƒo. Gake nya bubu aɖe hã li si ŋu wòle be míabu. Ðe wòate ŋu anye be ame nyui aɖewo mayi dziƒo oa?

Kofitse: Nyemesee kpɔ be dzixɔse ma le Kristotɔwo ƒe ha aɖe si o.

Mawuli: Nya si dze le Psalmo 37:29 la tae mebia nya sia ɖo. Meɖe kuku àdi be yeaxlẽ afi ma na mía?

Kofitse: Ɛ̃. Exlẽ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”

Mawuli: Akpe. Ède dzesi afi si ame nyui geɖewo anɔa?

Kofitse: Mawunyakpukpuia gblɔ be woanyi anyigba la dome.

Mawuli: Tututu, eye menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe o. De dzesii be Biblia gblɔ be: “Woanɔ edzi tegbee.”

Kofitse: Ðewohĩ nu si esia fia koe nye be, ame nyui aɖewo anɔ anyigba dzi ɣeawokatãɣi. Ne míeku heyi dziƒo la, ame nyui bubu siwo woadzi le mía megbe la ava xɔ ɖe mía teƒe.

Mawuli: Ðewohĩ nenemae ame geɖewo ase mawunyakpukpui ma gɔmee. Gake ɖe wòate ŋu anye be gɔmesese bubu kurae le nya mawo ŋua? Ðe nya mawo ate ŋu afia be ame nyuiawo ŋutɔwoe anɔ anyigba dzi tegbeea?

Kofitse: Nyemeŋɔ ɖe wò nyaa me haɖe o.

Anyigba Azu Paradiso Le Etsɔme

Mawuli: Enyo, de dzesi nya si Biblia ƒe akpa bubu gblɔ tso ale si agbea anɔ le anyigba dzi le etsɔme ŋu. Na míaxlẽ Nyaɖeɖefia 21:4. Biblia gblɔ tso ame siwo ava nɔ agbe ɣemaɣi la ŋu be: “[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” Ðe menye nya nyui aɖee nye ema oa?

Kofitse: Ɛ̃. Gake ewɔ nam be ale si agbea anɔ le dziƒo ŋue nya sia ku ɖo.

Mawuli: Ele eme be ame siwo ayi dziƒo la akpɔ yayra siawo tɔgbi ya. Gake galé ŋku ɖe mawunyakpukpuia ŋu kpɔ. Nu kae wogblɔ be adzɔ ɖe ku dzii?

Kofitse: Wogblɔ be “ku maganɔ anyi o.”

Mawuli: Nenema tututue. Meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be hafi woate ŋu agblɔ be nane maganɔ anyi o la, ke efia be enɔ anyi kpɔ.

Kofitse: Nyateƒee.

Mawuli: Gake ku menɔ dziƒo kpɔ o ɖe, alo? Anyigba dzi afi sia koe amewo kuna le.

Kofitse: Hmm. Ahiã be mabu nya sia ŋu.

Mawuli: Aƒetɔ Kofitse, nya lae nye be Biblia ɖee fia be ame nyui aɖewo ayi dziƒo, gake ame nyui bubu geɖewo hã anɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Meka ɖe edzi be èse nya nyanyɛ sia kpɔ: “Woayra ame siwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.”—Mateo 5:5, Eʋegbe Biblia.

Kofitse: Woxlẽ mawunyakpukpui ma zi geɖe le sɔleme mese.

Mawuli: Ne ame fafawo anyi anyigba dome la, ke ɖe esia mafia be amewo anɔ anyigba la dzi oa? Ame siwo anɔ anyigba dzi la akpɔ yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Ɣemaɣi la, woakpɔe be anyigba trɔ keŋkeŋ, elabena Mawu aɖe nu manyomanyowo katã ɖa, eye ku gɔ̃ hã maganɔ anyi o.

Kofitse: Wò nyaa me le kɔkɔm, gake nyemeka ɖe edzi be mawunyakpukpui eve siawo ɖeɖe ko ate ŋu aɖo kpe wò nyaa dzi o.

Mawuli: Ao, menye woawo koe o. Le nyateƒe me la, ŋɔŋlɔ geɖe ƒo nu tso ale si agbea anɔ le anyigba dzi le etsɔme ŋu. Ne vovoɣi vi aɖe le ŋuwò la, madi be míaxlẽ esia ŋuti mawunyakpukpui siwo doa dzidzɔ nam wu la dometɔ ɖeka.

Kofitse: Ɛ̃, miniti ʋɛ aɖewo le asinye.

“Ame Vɔ̃ɖi La Maganɔ Anyi O”

Mawuli: Míexlẽ Psalmo 37 kpukpui 29 va yi. Azɔ, na míagatrɔ ɖe psalmo ma ŋu. Gake fifia ya míaxlẽ kpukpui 10 kple 11 lia. Meɖe kuku àte ŋu axlẽe na mía?

Kofitse: Faa. Exlẽ be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”

Mawuli: Akpe. Le kpukpui 11 lia ƒe nya nu la, afi kae “ame ɖihiãwo,” alo ame nyuiawo, anɔ?

Kofitse: Egblɔ be woanyi “anyigba la dome.” Gake ewɔ nam be nya sia le eme vam fifia, elabena ame nyuiwo le anyigba dzi egbea.

Mawuli: Nyateƒee. Gake de dzesii be mawunyakpukpuia gblɔ hã be dzi adzɔ ame nyuiawo “ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Míele ŋutifafa gobi aɖeke teƒe kpɔm le anyigba dzi egbea o ɖe, alo?

Kofitse: Nenemae.

Mawuli: Ekema aleke ŋugbedodo ma ava emee? Ðewohĩ míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ètu xɔ gã aɖe hehaya na amewo. Xɔhayalawo dometɔ aɖewo ɖɔ ʋu, woléa be na aƒea hewɔa nu ɖe xɔhayala bubuwo ŋu nyuie. Edzɔ dzi na wò be èhaya xɔa na wo. Gake aƒea me nɔla bubuawo meɖɔ ʋu o; wogblẽa nu le aƒea ŋu heɖea fu na aƒea me tɔ bubuawo vevie. Ne xɔhayala maɖɔʋuawo gbe tɔtrɔ la, nu kae nàwɔ na wo?

Kofitse: Manyã wo le aƒea me.

Mawuli: Nu ma tututue Mawu awɔ na ame vɔ̃ɖi siwo li egbea. Gàde dzesi nu si kpukpui 10 lia gblɔ. Egblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o.” Ne míagblɔe bubui la, Mawu ‘anyã’ ame vɔ̃ɖi siwo le fu ɖem na amewo la ɖa. Ekema ame nyuiwo anɔ agbe le ŋutifafa me le anyigba dzi. Edze abe nu si Biblia gblɔ tso ame nyuiwo ƒe anyigba dzi nɔnɔ tegbee ŋu la to vovo vie na nu si wofia wò le sɔleme ene.

Kofitse: Ɛ̃, nyemese nufiafia sia le míaƒe sɔleme kpɔ o.

Mawuli: Abe ale si nègblɔe va yi ene la, mawunyakpukpui ɖeka alo eve aɖewo ko xexlẽ tso nya sia ŋu masu o. Le nyateƒe me la, ele be míadzro nu si Biblia ƒe akpa bubuwo hã gblɔ tso nya sia ŋu la me. Gake le ŋɔŋlɔ siwo me míedzro egbea nu la, èsusu be anya wɔ be ame nyui aɖewo nayi dziƒo le esime ame nyui bubu geɖewo ya anɔ agbe tegbee le anyigba dzia?

Kofitse: Nyemeka ɖe edzi tututu ya o. Gake magblɔ be edze abe ŋɔŋlɔ siwo nèxlẽ fifia la le kpe ɖom nya ma dzi ene. Ahiã be magabu eŋu vie.

Mawuli: Ðewohĩ biabia bubu aɖewo agava ta me na wò esime nèle nyaa ŋu bum. Le kpɔɖeŋu me, ke ame nyui siwo nɔ anyi do ŋgɔ na mí ɖe? Ðe wo katã woyi dziƒoa? Ne womeyi o ɖe, ke afi kae wole fifia?

Kofitse: Biabia nyui aɖewoe nye emawo.

Mawuli: Ðewohĩ mate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ eve nu. Gbã, na maŋlɔ mawunyakpukpui ʋɛ aɖewo siwo ku ɖe nya sia ŋu la ɖi na wò. a Evelia, madi be ne èkpɔ asinu xlẽ wo hede ŋugble le wo ŋu vɔ la, mava ne míadzro wo me. Aleke nèkpɔe?

Kofitse: Ɛ̃, adzɔ dzi nam. Akpe na wò.

[Etenuŋɔŋlɔ]