Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Wòle Be Míatsɔ Ðe Le Nukunuwo Me?

Nu Ka Tae Wòle Be Míatsɔ Ðe Le Nukunuwo Me?

Nu Ka Tae Wòle Be Míatsɔ Ðe Le Nukunuwo Me?

“Le dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe gɔmeɖosewo nu la, nukunuwo mate ŋu adzɔ o.”​—RICHARD DAWKINS, AME HAHOWO ƑE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA SƆSRƆ̃ ŊUTI NUFIALAGÃ TSÃTƆ.

“Susu le eme ŋutɔ be woaxɔ nukunuwo dzi ase. Wometsi tsitre ɖe mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo ŋu kura o, ke boŋ woɖenɛ fiana be Mawu lɔ̃ eƒe nuwɔwɔwo, eye wògakpɔtɔ tsɔ ɖe le eme na wo.”​—ROBERT A. LARMER, XEXEMENUNYA ŊUTI NUFIALAGÃ.

“ÈXƆ nukunuwo dzi sea?” Abe ale si nya siwo le etame ɖee fia ene la, nukpɔsusu vovovowoe le amewo si le nya sia ŋu. Ke aleke nàɖo nya ma ŋui?

Ðewohĩ ànɔ hehem ɖe megbe be yeaɖo eŋu be “Ɛ̃, mexɔ wo dzi se,” le esi nèsusu be esia wɔwɔ aɖee afia be èxɔ aʋatsodzixɔsewo dzi se alo be mènya agbalẽ o ta. Ame geɖewo sena le wo ɖokui me nenema.

Gake ɖewohĩ wò ya èka ɖe edzi be nukunuwo dzɔna vavã. Anɔ eme be èxɔ nukunu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, abe esi ku ɖe ale si Mose ma Ƒu Dzĩa me ene la, dzi se. Ðewohĩ èxɔe se hã be nukunuwo dzɔna egbea hã. Woka nya ta nyitsɔ laa bena, “Ɣetoɖoƒedukɔwo me tɔ geɖe gakpɔtɔ xɔ nukunuwo dzi se. Le kpɔɖeŋu me, United States tɔ etɔ̃ le ene me kple Britaintɔ 38 le alafa me xɔ nukunuwo dzi se.” (The Cambridge Companion to Miracles, si me Graham H. Twelftree to hafi wota) Gawu la, menye Kristotɔwo koe xɔ nukunuwo dzi se o. Le numekugbalẽ aɖe (Britannica Encyclopedia of World Religions) ƒe nya nu la, “subɔsubɔhawo katã kloe xɔ” nukunuwo dzi se.

Alo ɖewohĩ wò ya èle hatsotso etɔ̃lia me, ame siwo gblɔna be: “Nyemenya o, eye mekam hã o! Nukunuwo medzɔna le nye agbe me o!” Gake nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le nukunuwo me ya?

Bu nya sia ŋu kpɔ: Tsɔe be dɔmavɔleameŋu aɖe le ŋuwò. Azɔ, ne èxlẽe le atikewɔgbalẽ aɖe si ŋu amewo dea bubui la me be wokpɔ atike yeye aɖe si ate ŋu ada dɔa na wò la, ɖe manyo be nàdi ɣeyiɣi vi aɖe ya teti atsɔ aku nya sia me akpɔ oa? Nenema kee Biblia do ŋugbe be eteƒe madidi o, nukunu ɖedzesi aɖewo adzɔ. Woalɔ ame siwo katã le anyigba dzi la ɖe eme. Ðe manyo ŋutɔ be nàdi ɣeyiɣi atsɔ aku nu me akpɔ ɖa be kakaɖedzi le ŋugbedodo ma ŋu hã oa?

Gake hafi míadzro nukunu siwo ƒe ŋugbe wodo me la, na míakpɔ ŋuɖoɖo na tsitretsiɖeŋunya etɔ̃ siwo amewo lɔ̃a gbɔgblɔ tso nukunuwo ŋu.

[Aɖaka si le axa 3]

NU KAE NYE NUKUNU?

Enye nudzɔdzɔ aɖe si gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete alo dzɔdzɔmeŋusẽ nyanyɛ ɖe sia ɖe ŋu, eye zi geɖe la, wogblɔna be ŋusẽ aɖe si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu gbɔe wòtsona.