Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyateƒea Ta Ʋlilawo

Nyateƒea Ta Ʋlilawo

Gilead Suku Ƒe Klass 132 Lia Nu Wuwu

Nyateƒea Ta Ʋlilawo

MARCH 10, 2012 nye ŋkeke tɔxɛ aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe hehenaƒe si le Patterson le New York. Ame akpe geɖe siwo dzra ɖo nyuie, siwo dome ame siwo tso duta hã le la, va ƒo ƒu hena Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 132 lia ƒe sukunuwuwu ƒe wɔna la. Vavalawo dometɔ geɖe nɔ takpexɔ si le Patterson la me, eye ame bubuwo hã ƒo ƒu ɖe teƒe bubuwo hekpɔ wɔnaa teƒe to television dzi kadodowo dzi. Vavalawo katã ƒe xexlẽme le 9,042.

Ame sia ame nɔ mɔkpɔkpɔ me vevie. Nu si to vovo le dutanyanyuigblɔlawo ƒe klass sia ŋue nye be, sukuviawo katã nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ƒe akpa aɖe wɔm xoxo—wo dometɔ aɖewo nye Betel dɔwɔlawo, mɔɖela veviwo, dzikpɔlamɔzɔlawo, alo dutanyanyuigblɔlawo. Gake wo dometɔ aɖeke mede Gilead sukua kpɔ o. Nya kae woagblɔ na sukuvi kpɔnuteƒe siawo?

Eteƒe medidi hafi vavalawo kpɔ ŋuɖoɖo na nya sia o. Gerrit Lösch, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la me tɔ lae nɔ zi me na wɔnaa, eye eyae ƒo nuƒo gbãtɔ. Ebia nya aɖe si ana nyaselawo nayi ŋugble me, si nye “Avuwɔlae Nènyea?” Eɖe nu me be Kristotɔwo nye nyateƒea ta ʋlila siwo ʋlia Kristotɔwo ƒe nufiafia bliboa ta. Menye nyateƒea fiafia amewo koe etaʋiʋli bia o, ke ele be woakpe ɖe amewo ŋu woalɔ̃ nyateƒea hã.

Nɔviŋutsu Lösch bia be, “Aleke míewɔ nya be nyateƒea le mía si?” Egblɔ be menye ame siwo va le nyateƒea xɔm ƒe agbɔsɔsɔe ɖee fia o. Togbɔ be ame miliɔn geɖe le tadedeagu dzadzɛa me egbea hã la, le ƒe 33 Mía Ŋɔli ƒe Pentekoste dzi la, ame ʋɛ aɖewo koe wonye. Ehe susu yi nu siwo na míenya be nyateƒea le mía si la dometɔ atɔ̃ dzi ale: (1) Míeléa Yesu ƒe nufiafia la me ɖe asi, (2) míelɔ̃a mía nɔewo, (3) míenɔa agbe nyui, abe ale si Mawu di tso mía si ene (4) míedea akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe hadomenyaʋiʋliwo me o, eye (5) míawoe Mawu tia be míanye ame siwo ŋu yeƒe ŋkɔ nanɔ.

“Wɔ Ðe Mɔfiamewo Dzi Pɛpɛpɛ”

Vavalawo nɔ mɔ kpɔm na nu si akplɔe ɖo esi Geoffrey Jackson, si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ la lé mɔzɔkplo aɖe ɖe asi zɔ blewu va tsi tsitre ɖe kplɔ̃ta! Eƒe nuƒoa ƒe tanyae nye “Wɔ Ðe Mɔfiamewo Dzi Pɛpɛpɛ,” si wotu ɖe Yesaya 50:5 dzi. Kpukpui ma gblɔ tso Yesu Kristo ŋu le nyagblɔɖi me be: “Nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o.”

Nɔviŋutsu Jackson de dzi ƒo na sukuviawo be woatso ɖe mɔfiame siwo Yehowa naa mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, Biblia, kple eƒe habɔbɔa dzi la ŋu kaba. Le talentowo ŋuti kpɔɖeŋu si dze le Mateo 25:14-30 me la, míate ŋu agblɔ le gɔmesese aɖe nu be kluviawo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ga home ɖeka, elabena wo katã woxɔe ɖe woƒe ŋutete nu. Aƒetɔ la nɔ mɔ kpɔm be woawɔ woƒe ŋutete katã. Ekafu kluviawo dometɔ eve hetsɔ nyagbe kluvi “nyui kple nyateƒetɔ” tsɔ ɖɔ woe. Esia fia be menye nu si do tso ame ƒe agbagbadzedze me kokokoe ɖenɛ fiana be enye nuteƒewɔla o, ke boŋ toɖoɖo mɔfiamewo kple wo dzi wɔwɔe.

Aƒetɔa gblɔ be ame etɔ̃lia nye kluvi “vɔ̃ɖi, kuviatɔ,” si ŋu “viɖe aɖeke mele o.” Nu kae nye eƒe kuxia? Eɖi eƒe talentoa ɖe to me. Menye gaku ɖekae talento nye o, ke boŋ enye ga si ƒe home ade denario 6,000, eye eƒe kpekpeme anɔ kilogram 20. Hafi woaɖe mɔ na ame wòatsɔ eƒe mɔzɔkplo ɖe asi aɖo yameʋui la, mele be mɔzɔkploa nakpe wu kilogram 20 o. Abia agbagbadzedze be ame naɖi nu si ƒe lolome le abe mɔzɔkplo ene la ɖe to me. Eya ta kluvia wɔ dɔ aɖe, si nye be eɖi talentoa, gake menye dɔ mae woɖo nɛ hafi o. Nenema kee dutanyanyuigblɔla ate ŋu avu ɖe dɔ aɖewo wɔwɔ ŋu. Abe dɔ kawo ene? Ðewohĩ anɔ lɛta legbewo ŋlɔm aɖo ɖe ame nyanyɛwo, anɔ Internet dzi tsam, anɔ gome kpɔm le hadomewɔnawo me, alo anɔ ŋutilãmedɔwo wɔm. Dɔwɔna siawo ana ɖeɖi nate eŋu, gake menye dɔ siawoe woɖo nɛ be wòawɔ o. Nɔviŋutsu Jackson ƒo nya ta be: “Mizɔ ɖe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi!”

“Migake Ði Gbeɖe O”

Nya mae nye Anthony Morris, si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ la, ƒe nuƒoa ƒe tanya. Egblɔ be: “Naneke medze le Biblia me si ɖee fia be ɖekawɔwɔ le xɔse kple ɖikeke dome o. Xɔse ɖea ɖikeke ɖa.” Satana te ŋu ƒã ɖikeke ɖe nyɔnu deblibo, Xawa, ƒe susu me, eya ta ate ŋu aƒã ɖikeke ɖe míawo hã me. Nɔviŋutsu Morris gblɔ na wo be ne wotu woƒe xɔse ɖo la, esia awɔe be womake ɖi o. Ehe susu yi ŋutinya si me Petro ‘zɔ tsi dzi,’ gake esi “wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe” la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòde asi toyiyi me la dzi. Esi Yesu do asi ɖa lée la, ebiae be: “Nu ka tae nèke ɖi?” (Mateo 14:29-31) Nɔviŋutsu Morris gblɔ kpee be: “Dɔ geɖe si mi dutanyanyuigblɔlawo miawɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la awɔ dɔ ɖe amewo dzi, eye esia le ko abe ɖe miele tsi dzi zɔm ene, gake ne ahomwo tu la, migake ɖi o.”

Eyi edzi ɖe nu me be, togbɔ be tenɔnɔ ɖe xaxa siwo le abe ahom ene nu asesẽ hã la, wo nu ava yi mlɔeba. Ede dzi ƒo na sukuviawo be ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa la, woaɖo ŋku nu si Paulo kple Sila wɔ esi wode wo gaxɔ me le Filipi la dzi. Dɔwɔwɔwo 16:25 gblɔ be: “Le zã titina lɔƒo la, Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa henɔ ha dzim nɔ Mawu kafum; ɛ̃, gamenɔlawo nɔ wo ŋkɔ sem.” De dzesi ale si wowɔ nui: Menye gbe koe wodo ɖa o, ke wodzi ha hã. Wonɔ ha dzim sesĩe ale gbegbe be gamenɔla bubuawo se wo ŋkɔ. Nɔviŋutsu Morris gblɔ be togbɔ be hadzigbe mele mía dometɔ akpa gãtɔ si o hã la, mele be hadzidzi nakpe ŋu na mí o, vevietɔ le xaxaɣiwo me. Nɔviŋutsu Morris xlẽ Hadzidzi 135 lia, si ƒe tanyae nye “Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu” me nyawo tso hadzigbalẽ si nye Sing to Jehovah la me.

Nuƒo Tuameɖo Bubuwo

“Ðe Nàlɔ̃ Ŋkeke Geɖewoa?” ye nye Robert Luccioni, si wɔa dɔ le Nuƒeƒle Dzikpɔƒea, ƒe nuƒoa ƒe tanya. Fia David ƒe nya siwo dze le Psalmo 34:13 la dzie wotu tanya sia ɖo. Nɔviŋutsu Luccioni ƒe nuƒoa ku ɖe ale si woanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu ahayi edzi anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa ŋu. Le go sia me la, nufiame geɖe le ŋutinya si le 1 Samuel ta 30 lia me. Esime David kple eŋumewo kpakple woƒe ƒomewo nɔ sisim le Fia Saul nu la, wova nɔ dzronyigba si nye Ziklag. Esi Amalekitɔwo va ɖe aboyo wo srɔ̃wo kple wo viwo la, ŋutsuawo da fɔbubua ɖe David dzi, eye wodi be yewoaƒu kpee. Aleke David wɔ nui? Dzi meɖe le eƒo o, ke boŋ etsɔ “eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.” (1 Samuel 30:6) Ebia gbe Yehowa Mawu hewɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi, eye wòyi ɖaɖe aboyomeawo tso wo dzi dzelawo si me. Nuƒolaa ka ɖe edzi na sukuviawo be ne woawo hã woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hezɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi la, eme anyo na wo eye woalɔ̃ ŋkeke geɖewo, si fia be woƒe dzi adze eme esime wole mɔnukpɔkpɔ xɔasi si su wo si la ŋu dɔ wɔm.

“Bu Ɣeyiɣi Nyui Siwo Ava Ðe Zãdzɔɣiwo Yome La Ŋu” ye nye Michael Burnett, si nye Gilead Sukua ƒe nufialawo dometɔ ɖeka la ƒe nuƒoa ƒe tanya. Le blema Israel la, zãdzɔɣi dzea egɔme tso ɣeɖoto hewua enu ne agu dze, eye womae ɖe zãdzɔɣi etɔ̃ me, ɖe sia ɖe xɔa gaƒoƒo ene. Zãdzɔɣi mlɔetɔ dzea egɔme tso fɔŋli ga 2 va se ɖe ŋdi ga 6. Ɣeyiɣi ma mee viviti dona eye vuvɔ wɔna wu, eye wòsesẽna wu be ame nanɔ ŋudzɔ. Hakpalaa dea ŋugble le Yehowa ƒe nyawo ŋu le zãdzɔɣi mlɔetɔ sia me, ale be alɔ̃ nagafii o. (Psalmo 119:148) Nɔviŋutsu Burnett gblɔ na sukuviawo be: “Ele be mianɔ mo xexi. Miado go nɔnɔme ɖedzileameƒowo kple xexe sia si me lɔlɔ̃ mele o la ƒe amemiamia siwo míate ŋu atsɔ asɔ kple viviti kple vuvɔ le zãdzɔɣiwo. Ele be miabu ale si miawɔ nui le nɔnɔme mawo me ŋu do ŋgɔ.” Eyome eɖo ŋku edzi na wo be ele be woanɔ Ŋɔŋlɔawo me nu goglowo me kum be wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ mo xexi. Nɔviŋutsu Burnett wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ale: “Miedoa gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe, elabena miedi be wòanye mia xɔlɔ̃. Esi Yehowa nye mia xɔlɔ̃ ta la, mina wòaƒo nu na mi gbe sia gbe to Biblia dzi. Zã do eteƒe didi, eya ta miwɔ ɖoɖo ɖe ale si miawɔ ŋkeke siwo le ŋgɔ la ŋu dɔe ŋu, eye miato esia dzi ana miaƒe ŋkuwo nanɔ ɣeyiɣi nyui siwo ava ɖe zãdzɔɣiwo yome la dzi.”

“Wona Hehe Mi Ðe Dɔ Si Dze Ŋgɔ Mi La Ŋu,” si wotu ɖe 1 Petro 5:10 dzi lae nye tanya si ŋu Mark Noumair, si hã nye Gilead sukunufialawo dometɔ ɖeka la, ƒe nuƒoa ƒe tanya. Ebia sukuviawo be: “Esi mienye gbeƒãɖela kpɔnuteƒewo xoxo ɖe, nu ka tae wogakpe mi va Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒea?” Eɖo eŋu be: “Elabena mienye gbeƒãɖela bibiwo. Dɔwɔla bibi geɖe gadia ɣeyiɣi dea suku ɖasrɔ̃a aɖaŋu siwo ana woagabi ɖe edzi. Le ɣleti atɔ̃ siwo va yi me la, miesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe Nya la me kpakple eƒe habɔbɔa ŋu, bene miate ŋu atsɔ agbanɔamedzi kpekpe siwo le mia ŋgɔ, eye wòto esia dzi na ‘mieli ke hesẽ ŋu.’ Atikpo si ŋu ŋusẽ le la meglɔ̃na alo ŋena ne woɖo agba kpekpe edzi o. Ne mieva le dɔ wɔm kple mia nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo la, adze ƒãa nenye be hehe si miexɔ la ɖe vi na mi. Ðe kplamatsedonuwo ana miaɖe asi le mawumegɔmeɖosewo ŋu loo alo mialé wo me ɖe asi sesĩe le ɖekawɔwɔ me kple nu siwo miesrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya la me? Nu si ŋu ŋusẽ le la tea ŋu tsɔa agba kpekpe. Atimeka suesuesue siwo lé ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli lae nana ŋusẽ nɔa ati ŋu. Nenema kee miaƒe amenyenye ememetɔ ye ana ŋusẽ nanɔ mia ŋu. Yehowa kplɔ mi va afi sia be yeado ŋusẽ mi ahana mianye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, bene miatsɔ dɔ si dze ŋgɔ mi la. Yehowa wɔ eƒe akpa dzi, eya ta míele gbe dom ɖa be miawo hã miawɔ mia tɔ si nua ahaɖe mɔ na miaƒe ‘Nufialagã’ la be wòawu miaƒe hehexɔxɔa nu.”

Nuteƒekpɔkpɔwo Kple Gbebiamewo

Le Gilead sukunuwuwu wɔnawo me la, edzɔa dzi na vavalawo be yewoase sukuviawo ŋutɔwo hã ƒe numenyawo, eye aleae wònɔ le klass sia hã gome. Le wɔnaa me la, sukuviawo wɔ ale si woɖe gbeƒãe nyitsɔ laa la ƒe wɔwɔfia aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, esi atsu kple asi aɖe siwo nye Fransegbe dolawo gbɔna Gilead Sukua la, eva hiã be woalala gaƒoƒo ade le yameʋudzeƒea. Le yameʋudzeƒea ƒe nuɖuɖudzraƒea la, woɖo dze kple ŋutsu eve siwo hã nɔ yameʋu lalam. Esi wo dometɔ ɖeka gblɔ be Malawi ye yetso la, woɖo dze kplii le Chichewagbe me. Ewɔ nuku na ŋutsua, eye wòbia wo be, aleke wowɔ se yewo degbea hã. Woɖe eme be yewonye dutanyanyuigblɔlawo le Malawi. Esi ŋutsu kemɛa gblɔ be Cameroon ye yetso la, wodo Fransegbe nɛ, eye wòwɔ nuku nɛ. Esia na ŋutsu eveawo de bubu tɔxɛ Yehowa Ðasefowo ŋu, eye dutanyanyuigblɔlawo ɖe gbeƒã na wo.

Nicholas Ahladis, si wɔa dɔ le Gbegɔmeɖeɖedɔa Dɔdzikpɔƒe la, bia gbe atsu kple asi eve siwo hã le sukuviawo dome. Atsu kple asi siwo nye Australiatɔwo la ʋu tso wo de yi East Timor si aʋawɔwɔ gblẽ nu le vevie la. Atsu kple asi kemɛa hã ʋu tso Korea yi Hong Kong. Wo katã wodi vevie be yewoatrɔ ayi dukɔ siwo me wonɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le, bene yewoawɔ nu siwo yewosrɔ̃ le sukua me la ŋu dɔ.

Esi woma ɖaseɖigbalẽwo na sukua nuwulawo vɔ la, wo dometɔ ɖeka nɔ sukuviawo teƒe xlẽ lɛta aɖe tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe hehe si woxɔ la ta. Eyome Nɔviŋutsu Lösch va gblɔ kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ lédziname siawo le eƒe nyataƒonyaa me be, nyateƒe nya sena abe ale si anyieʋɔ nya kpɔnae ene, ele abe tsita le dzogbe ene, eye wòle abe seke le ahomtuɣi ene. Egblɔ be: “Yayra gã ka gbegbee nye esi wònye be ame nanya nyateƒea! Miʋli nyateƒea ta, eye miakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woanye etaʋlilawo.”

[Nyaɖoɖo/​Anyigbatata si le axa 31]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

12 dukɔ siwo me wotso

36 woƒe ƒe le mama dedie nu

20 ƒe ale si nu va yi tso esime woxɔ nyɔnyrɔ

15 ƒe si wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le mama dedie nu

[Anyigbatata]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Woɖo sukuviawo ɖe dukɔ siwo dze le afi sia me:

DUKƆ SIWO ME WOÐO WO ÐO

BELIZE

BENIN

CAMBODIA

CAMEROON

CAPE VERDE

CÔTE D’IVOIRE

DOMINICAN REPUBLIC

EAST TIMOR

ECUADOR

GABON

GEORGIA

GUINEA

HONG KONG

LIBERIA

MADAGASCAR

MALAWI

PERU

SAMOA

SÃO TOMÉ AND PRÍNCIPE

UNITED STATES OF AMERICA

ZIMBABWE

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 132 Lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbe, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Iap, R.; Iap, J.; Ng, T.; Ng, P.; Laurino, F.; Laurino, B.; Won, S.; Won, S.

(2) Morales, N.; Morales, M.; Zanutto, J.; Zanutto, M.; Rumph, I.; Rumph, J.; Germain, D.; Germain, N.

(3) Atchadé, Y.; Atchadé, Y.; Thomas, C.; Thomas, E.; Estigène, C.; Estigène, P.

(4) Ehrman, D.; Ehrman, A.; Bray, J.; Bray, A.; Amorim, M.; Amorim, D.; Seo, Y.; Seo, Y.

(5) Simon, J.; Simon, C.; Seale, C.; Seale, D.; Erickson, J.; Erickson, R.

(6) McCluskey, D.; McCluskey, T.; Brown, A.; Brown, V.; Mariano, D.; Mariano, C.; Loyola, Y.; Loyola, C.

(7) Rutgers, P.; Rutgers, N.; Foucault, P.; Foucault, C.; Wunjah, J.; Wunjah, E.