Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Mawu Ŋu

Yehowa Lé Fu Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ

Yehowa Lé Fu Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ

“AMEGBETƆ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Nya mawo siwo woŋlɔ ɖi ƒe 3,000 aɖewoe nye esia la ɖɔ ale si tututu nuwo le le xexea me egbea. Enɔa bɔbɔe be amegbetɔwo nawɔ ŋusẽ ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu, metsɔ le eme ame si wonye alo afi si wotso o. Enuenu la, wotafaa wɔnamanɔŋutɔwo kple ame siwo dzi nu mede o. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ku ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siawo ŋu? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Xezekiel 22:6, 7, 31.—Xlẽe.

Le Se si wòtsɔ na Israel viwo me la, Yehowa na eme kɔ ƒãa be mele be ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la nazã woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o. Ne dukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo bua ame tsɛwo kple ame dahewo ŋu hewɔa nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe ko hafi Mawu ayra dukɔa. (5 Mose 27:19; 28:15, 45) Ke hã, le Xezekiel ƒe ŋkekea me la, Yerusalem kple Yuda ƒe amegãwo wɔ woƒe ŋusẽ ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu wògbɔ eme. Nu kae nɔ edzi yim?

Amegãwo tsɔ woƒe ‘alɔ nɔ ʋu kɔm ɖi.’ (Kpukpui 6) Nya si wozã le afi sia be “alɔ” la fia ŋusẽ alo ŋusẽnɔƒe. Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be: “Israel ƒe amegãwo . . . zã woƒe ŋusẽa tsɔ kɔ ʋu ɖi.” Esi ŋgɔnɔla siwo wòle be woawɔ sea dzi ahade dzi ƒo na ame bubuwo be woawɔ edzi la ŋutɔ gɔ̃ hã tafaa ame hekɔa ʋu maɖifɔ ɖi ɖe, ke aleke wòanya wɔ be nu dzɔdzɔe wɔwɔ nanɔ anyi?

Le esia yome la, edze abe menye ŋgɔnɔlawo koe Xezekiel bu fɔe o, ke ebu fɔ ame siwo dze wo yome nɔ Yehowa ƒe Sea dzi dam la hã. Xezekiel gblɔ be: “Wodoa vlo fofo kple dada.” (Kpukpui 7) Esi wogbe bubu si dzilawo dze na la tsɔtsɔ na wo ta la, woto esia dzi ɖe ke le ƒomewo te, evɔ wònye ƒomewoe ƒo ƒu zu dukɔ la hafi.—2 Mose 20:12.

Ame gblẽkuwo tafaa wɔnamanɔŋutɔ siwo le wo dome. Woƒe sedzidada ɖe sia ɖe nye bubumademade Se si Mawu tsɔ na Israel viwo, si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ na Israel viwo le Sea me be woave ame siwo menye Israel viwo o, siwo le wo dome la nu etɔxɛe. (2 Mose 22:20; 23:9; 3 Mose 19:33, 34) Gake dukɔa ‘te amedzrowo ɖe anyi.’—Kpukpui 7.

Dukɔa me tɔwo sẽa ŋuta le ame siwo si xɔnametɔ aɖeke mele o, abe ‘tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo’ ene hã ŋu. (Kpukpui 7) Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame si dzila alo srɔ̃ ku la etɔxɛe. Mawu do ŋugbe be ye ŋutɔ yeadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo tea tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi.—2 Mose 22:21-23.

Israel vi siwo nɔ anyi le Xezekiel ŋɔli la to nuwɔna siawo kple bubuwo dzi da le Mawu ƒe Sea dzi hedo vlo Sea me nudidi siwo wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi la hã. Nu kae Yehowa awɔ? Egblɔ be: ‘Matrɔ nye dɔmedzoe aƒo ɖe wo dzi.’ (Kpukpui 31) Eva eme nenema pɛpɛpɛ esi Mawu ɖe mɔ Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem hekplɔ emenɔlawo yi aboyo mee le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me.

Xezekiel ƒe nyawo fia nu eve mí tso Yehowa kpakple ale si wòbua madzɔmadzɔnyenye ŋu: Gbã, elé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ; evelia, esea veve ɖe ame maɖifɔ siwo wote ɖe anyi la nu. Mawu metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Edo ŋugbe be yeava ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ame siwo donɛ ɖe ŋgɔ la siaa ɖa. (Lododowo 2:21, 22) Ðe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu si “lɔ̃a nya dzɔdzɔe” la kpakple ale si nàwɔ ate ɖe eŋu la ŋu oa?—Psalmo 37:28.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le August me:

Xezekiel 21-38

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Yehowa na eme kɔ ƒãa be mele be ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la nazã woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o