Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Mawu Ƒe Nya La Kpɔ Ŋusẽ Ðe Hindu Ƒome Aɖe Dzi

Ale Si Mawu Ƒe Nya La Kpɔ Ŋusẽ Ðe Hindu Ƒome Aɖe Dzi

NYEMAŊLƆ August 22, 2005 ƒe Dzoɖa ŋdi si mía kple nye ƒometɔ kplikplikpliwo míeva ƒo ƒu hena ŋdinuɖuɖu la be akpɔ o. Menɔ ku kple agbe dome, elabena nu tè ahɔhɔ̃ me nam. Esi nye aƒetɔ Krishna do gbe ɖa vɔ la, meƒo nu na ƒomea.

Megblɔ na wo be: “Woyina dɔ wɔ ge nam le kɔdzi, eye nye agbe ate ŋu atsi eme, eya ta minɔ dzadzraɖoɖi, elabena nu sia nu ate ŋu adzɔ. Mewɔ ɖoɖo ɖe ale si woaɖim ŋu ne eva dzɔ be nyemegava li o. Meɖe kuku na mia dometɔ siwo nye Yehowa subɔlawo la be miagana ta o. Ke mele kuku ɖem na mi ame susɔeawo be mialɔ̃ woasrɔ̃ Biblia kpli mi, eye miade Kristotɔwo ƒe kpekpeawo hã. Ekema dzixɔse si le asinye be mava nɔ agbe le xexe yeye si me Mawu subɔla vavãwo anɔ agbe tegbee le le lãmesẽ me le anyigba dzi paradiso me la asu miawo hã si.”

Hafi maƒo nu tso nu si do tso dɔ si wowɔ nam me ŋu la, na maƒo nu tso ɖokuinye kple ale si mewɔ va dze si Mawu vavã la ŋu gbã.

Wodzim Ðe Hindu Ƒome Me

Dada kɔm ɖe asi

Aƒe gã aɖe si wotsɔ ati kple gakpo tu, si le togbɛ aɖe dzi le South Africa ƒe ƒutadu Durban me lae míaƒe ƒomea nɔ. Hafi míaɖo aƒea ƒe agbo nu la, ele be míaflɔ atrakpui 125 sɔŋ tso togbɛa ƒe aga me ɖaa le mɔa to. Gbememɔ kpui aɖe le atrakpuia ƒe nuwuƒe tsɔ yi ɖe gagbo si le aƒea nu la gbɔ. Mamanye ƒe trɔ̃xɔ si me yɔ fũu kple nɔnɔmetatawo kple Hindu mawuwo la le agboa ƒe go ɖeka dzi. Mamanye gblɔ nam be “trɔ̃ƒe vi” ye menye (mandir kī baccā, le Hindigbe me), eye be mawu siwo míesubɔna lae ɖi na mí be wodzim. Atrakpui siwo wotsɔ kpe zɔzrɔ̃e dzĩwo wɔ la le gbedoxɔa kasa, si míeflɔna hafi ɖoa xɔmɔnu. Aƒea lolo, eye xɔdomemɔ legbee aɖe le eme, hekpe ɖe dzodoƒe gã aɖe si me gamlekpui le, kple xɔdɔme adre kpakple xɔnugoe ɖeka si ɖe ɖe aga ŋu. Mí ame 27, siwo dome tɔgbuinye kple mamanye, fofonye, tɔnyeɖia etɔ̃, tasinye, kpakple woƒe ƒomewo le, ye nɔ aƒe sia me.

Aƒe si me ƒome bliboa nɔ

Ƒome gã sia dzi kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe kura o. Gake aƒe ɖeka me nɔnɔ kple ƒometɔ bubuwo alea na nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖe su mía si. Lɔ̃xoyɔvi eneawo, siwo dome danye, si ŋkɔe nye Gargee Devi hã nɔ la, maa aƒemedɔwo wɔna. Eya ta nuɖaɖa kple aƒea me dzadzraɖo ɖoa wo dzi ɖekaɖeka. Tɔgbuinyee nye ƒomea ƒe ta, eye eyae ƒlea nuɖuɖu si aƒea me tɔwo katã ɖuna. Kuɖa sia Kuɖa la, tɔgbuinye kple mamanye yia asi me ɖaƒlea adelã, atikutsetsewo kple amagbe siwo míazã le kwasiɖa bliboa me. Míenɔa anyi ɖe ati aɖe te le togbɛa kɔgo, afi si balia me nɔa dzedzem le henɔa wo lalam be míayi aɖakpe wo ne wotrɔ tso asia me gbɔna. Ne míenya kpɔ be wodo go le bɔs me kple woƒe kusi gãwo ko la, míeƒua du ɖia atrakpui 125 mawo yina ɖaxɔa agbaawo kpea wo.

Atrakpui 125 la gbɔ

Deti kɔkɔ aɖe si me xevi aɖewo siwo woyɔna be mynah la wɔa woƒe atɔwo ɖo la nɔ míaƒe abɔ me. Wonɔa dzodzom nɔa yiyim nɔa gbɔgbɔm henɔa xɔxlɔ̃m. Mamanye nɔa anyi ɖe kpui nu henɔa ŋutinyawo gblɔm na mí, si wɔnɛ be wòdzena abe ɖe wòle nu si xeviawo ƒe xɔxlɔ̃ fia la gɔme ɖem na mí ene. Meɖoa ŋku ale si agbea nɔ le aƒe ma me la dzi kple dzidzɔ! Míenɔ anyi ɖekae abe ƒome gã ɖeka ene—míekoa nu, faa avi, fena, koa alɔgbɔnu henaa nu mía nɔewo. Gawu la, afi siae míedze nusɔsrɔ̃ tso mía Wɔla, Yehowa, kple Via Yesu Kristo ŋu gɔme le.

Hafi míava te nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu la, míekpɔa gome le Hindu subɔsubɔ ƒe kɔnyinyi vovovowo me gbe sia gbe. Míeɖua azã kpeɖiwo edziedzi hekpea amewo wova kpɔa gome le míaƒe mawuwo kple mawunɔwo subɔsubɔ me. Le wɔna siawo dometɔ aɖewo me la, trɔ̃ dzea mamanye dzi wòƒoa nu kple gbɔgbɔwo, eye le zãtitina tututu la, wowua lãwo tsɔ saa vɔe na gbɔgbɔawo. Wonya tɔgbuinye hã nyuie le nutoa me ɖe ale si wòdzɔa nu hena alɔdodo sukuwo kple Hindu gbedoxɔwo tutu kpakple wo ŋu dɔwo wɔwɔ ta.

Ale Si Míewɔ Va Nya Yehowa

Le ƒe 1972 me la, tɔgbuinye dze dɔ heku. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Yehowa Ðasefo eve aɖewo tsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo na tɔnyeɖia srɔ̃, Indervathey, si wogayɔna be Jane. Ete ɖe edzi be yemena mɔnukpɔkpɔ wo be woava aƒea me ava dzro Biblia me kpli ye o. Míenyãa Ðasefowo ɣesiaɣi si wova míaƒe aƒea me. Gake esi wogatrɔ va ɣebubuɣi la, exɔ wo, eye wòƒo nu tso tɔnyeɖia ƒe aha tsu nono si na be kuxi ɖo woƒe srɔ̃ɖeɖea me ŋu la na wo. Aƒelikawo kple ƒometɔwo ɖo aɖaŋu nɛ be wòagbe atsu. Ðasefoawo ƒo nu tso ale si Mawu bua srɔ̃ɖeɖee ŋu nɛ. (Mateo 19:6) Aɖaŋu si Biblia ɖo kpakple ŋugbe si wòdo ku ɖe ale si míava se vivi na agbea le anyigba dzi ŋu la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. a Eɖoe be yemagagbe atsu o, eye wòlɔ̃ be Ðasefoawo nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye edziedzi. Ne wole nua srɔ̃m le akpataa me la, lɔ̃xoyɔvi susɔeawo nɔa woƒe xɔwo me nɔa dzeɖoɖoa sem.

Mlɔeba la, lɔ̃xoyɔvi eneawo katã va nɔ gome kpɔm le Biblia sɔsrɔ̃a me. Tɔnyeɖia srɔ̃ Jane ƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m wònɔ la ŋu na amewo, eye wògblɔa ŋutinya siwo le agbalẽ si nye Toɖoɖo Nufiala Gã La b me na mí zi geɖe. Esi tɔnyeɖiawo va nya be yewo srɔ̃wo le Biblia srɔ̃m la, wova nɔ tsitre tsim ɖe mía ŋu. Tɔnyeɖiawo dometɔ ɖeka lɔ míaƒe agbalẽwo katã hetɔ dzo wo kpe ɖe Biblia ɖeka ŋu. Wodzua mí heƒoa mí ɖe Ðasefowo ƒe kpekpewo dede ta. Fofonye koe mewɔ nu mawo tɔgbi ɖe mía ŋu o; metsi tsitre ɖe mía ŋu ɖe nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu ta kpɔ o. Lɔ̃xoyɔvi eneawo katã nɔ kpekpeawo dede dzi, eye woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu me nɔ sesẽm ɖe edzi.

Le ƒe 1974 me la, tɔnyeɖia srɔ̃ Jane xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo, eye danye kple lɔ̃xoyɔvi susɔeawo hã xɔ nyɔnyrɔ le ema megbe kpuie. Mamanye hã va ɖe asi le eƒe Hindu subɔsubɔa ŋu. Anɔ abe ƒe geɖewoe nye ema la, ɖeko mekplɔa wo ɖo míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã. Ke gbe ɖeka le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã aɖe me la, Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Shameela Rampersad biam be, “Ɣekaɣie nèle nyɔnyrɔ xɔ ge?” Meɖo eŋu nɛ be, “Nyemate ŋu axɔ nyɔnyrɔ o, elabena ame aɖeke mesrɔ̃ Biblia kplim kpɔ o.” Eya ta egblɔ be yeasrɔ̃e kplim. Mexɔ nyɔnyrɔ le takpekpe si kplɔe ɖo me le December 16, 1977 dzi. Mlɔeba la, mía dome ame 18 ye va xɔ nyɔnyrɔ le mí ame 27 siwo nɔ aƒea me la dome. Gake esime wòɖo edzi be woawɔ dɔa nam gɔ̃ hã la, fofonye, Sonny Deva, gakpɔtɔ nɔ Hindu subɔsubɔa me.

“Migatsi Dzimaɖi Le Naneke Ŋuti O”

Filipitɔwo 4:6, 7 me nyawo do ŋusẽm ŋutɔ, vevietɔ esime kɔdzidodokpɔwo ɖee fia be nutete gã aɖe le ahɔhɔ̃ me nam. Afi ma gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” Enye nu sesẽ be màtsi “dzimaɖi le naneke ŋuti o,” vevietɔ ne wona nènya be èle ku kple agbe dome. Gbã la, ɖeko menɔ avi fam, gake meva do gbe ɖa na Yehowa. Ema yome ko la, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la” na nye dzi dze eme.

Ðeko wònɔ abe ɖe Yehowa Mawu lé nye nuɖusi ene, eye mese le ɖokuinye me be enɔ kplim le xaxaɣi sia katã me. (Yesaya 41:13) Ekpe ɖe ŋunye be dzi nɔ ƒonye meƒo nu tso ale si meɖoe kplikpaa be mawɔ ɖe Biblia ƒe sedede si nye be woatsri ʋu dzi la ŋu na kɔdzidɔwɔlawo. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Esia wɔe be amekolaa kple eƒe kpeɖeŋutɔ si dea ame alɔ̃ me la lɔ̃ be yewoawɔ dɔ nam ʋu mazamazãe. Esi wowɔ dɔa nam vɔ la, amekolaa gblɔ nam be nu sia nu zɔ nyuie, eye be yewoɖe nutete bliboa ɖa. Egblɔ hã be yemekpɔ dɔnɔ aɖeke si wowɔ dɔ gã sia ƒomevi na, eye wòhaya kaba alea kpɔ o.

Le kwasiɖa etɔ̃ megbe la, menɔ nye dɔba dzi srɔ̃ Biblia kple ame aɖe, le kwasiɖa adre megbe la, megadze ʋukuku gɔme heƒo ɖokuinye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa kple Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede me ake. Mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si haxɔsetɔ siwo le Kristo hamea me la de ha kplim le gbeƒãɖeɖedɔa me la ŋu ŋutɔ. Wo dometɔ aɖe zɔna kplim godoo, eye wokpɔa egbɔ be meɖo aƒe me dedie. Meka ɖe edzi be toɖoɖo Biblia xexlẽ si wolé ɖe mɔ̃ dzi kple fɔléle ɖe nye mawusubɔsubɔ ŋu hã kpe ɖe ŋunye mehaya kaba.

Dzi dzɔm ŋutɔ hã esi mese be fofonye va lɔ̃ be Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye esi wowɔ dɔ nam vɔ megbe. Exɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe 73, eye ele Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe fifia. Nye ƒometɔ siwo wu 40 va le Yehowa subɔm kpli mí egbea. Togbɔ be nye miameŋku megatea ŋu kpɔa nu o, eye wotsɔ ga lé nye tago kpe hã la, mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yehowa ava wɔ ‘nuwo katã yeyee’ le anyigba dzi Paradiso si gbɔna la me.—Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Mía kple srɔ̃nye (miame), vinyenyɔnua kple dzinyelawo

Edzɔ dzi nam be srɔ̃ŋutsu lɔ̃ame, si nye Kristotɔ hamemetsitsi le asinye, hekpe ɖe vinyɔnu dzetugbe si ŋkɔe nye Clerista, si kpena ɖe ŋunye le gbe sia gbe gbeƒãɖeɖedɔ si megakpɔtɔ le wɔwɔm la me. Yehowa yra ɖe nye gbeƒãɖeɖedɔa dzi ale gbegbe. Va se ɖe fifia la, mete ŋu kpe ɖe nye Biblia nusrɔ̃viwo dometɔ geɖe ŋu be wona Mawu ƒe Nya la va le ŋusẽ kpɔm ɖe woƒe agbe dzi. Wo dometɔ siwo wu 30 tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ.

Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me Yehowa Mawu aɖe mí tso xexe sia si me vevesese bɔ ɖo la ayi ɖe anyigba dzi paradiso la me.

a Ne èdi numekɔkɔ bubuwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ŋu la, xlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

b Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.