Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Ðeviwo

Kpɔ Nyuie Le Nɔƒe Gã Didi Ŋu!

Kpɔ Nyuie Le Nɔƒe Gã Didi Ŋu!

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: David, Absalom, Yoab

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Absalom te kpɔ be yeaɖe ye fofo le zia dzi madzemadzee.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆAWO ŊU.—XLẼ 2 SAMUEL 14:25-33; 15:1-17; 18:9-17, 30-33.

Le wò susu nu la, aleke Absalom ƒe dzedzeme anya nɔ? (Gaxlẽ 2 Samuel 14:25, 26.)

Aleke nèsusu be Absalom ƒo nui esime wònɔ agbagba dzem be yeana ame siwo yina fia la gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnu na yewo la ƒe dzi natrɔ ɖe ye ŋu, eye aleke eƒe gbe nɔ? (Gaxlẽ 2 Samuel 15:2-6.)

Nɔnɔme kae nède dzesii le Absalom ŋu le nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Samuel 14:28-30?

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Afɔ kae Absalom ɖe kple susu be yeate ŋu ava xɔ zia? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ 2 Samuel 13:28, 29. Amnon nye David viŋutsu tsitsitɔ, eya ta eyae dze be wòaɖu fia ɖe eyome.)

Togbɔ be Absalom di nɔƒe gã kple bubu na eɖokui hã la, nu kae ale si woɖii la ɖe fia ku ɖe ale si amewo bunɛ ŋu? (Gaxlẽ 2 Samuel 18:17.)

Èsusu be nu ka hã gbɔe wòtso be Absalom di nɔƒe gã? (Xlẽ Diotrefo ŋuti nya si dze le 3 Yohanes 9, 10, eye nàtsɔe asɔ kplii.)

Aleke David se le eɖokui me ku ɖe Absalom ƒe nuwɔnawo ŋu? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ Psalmo 3 lia si David ŋlɔ le Absalom ƒe aglãdzeɣia.)

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Nu si nɔƒe gã didi tea ŋu gblẽna.

Ale si ame ƒe nuwɔnawo ate ŋu ana edzilawo kple ame bubuwo nase veve.

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Aleke wòate ŋu adzɔe be nàva nye nɔƒe gã dila?

Aleke nàwɔ aƒo asa na dada si mesɔ o?

NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

Te esia kpɔ: De ŋugble le mɔ bubu si nu ŋutinya sia ate ŋu awu nui hafi la ŋu kpɔ. Aleke nuwo anɔ ne ɖe Absalom bɔbɔ eɖokui eye medi nɔƒe gã o?—Lododowo 18:12.